< 列王紀下 11 >

1 阿哈齊雅的母親阿塔里雅見自己的兒子已死,便起來消滅王室所有的後裔。
Esi Atalia, Ahazia dada kpɔ be ye viŋutsu ku la, eyi ɖawu fia la ƒe ƒometɔwo katã,
2 但約蘭王的女兒,阿哈齊雅的姊姊約舍巴,將阿哈齊雅的兒子約阿士,從被殺的王太子中偷了出來,把他和他的奶媽安置在寢室內,藏了起來,沒有讓阿塔里雅看見:這樣纔沒有被殺。
Ke Yehoseba, Fia Yoram ƒe vinyɔnu, ame si ganye Ahazia nɔvinyɔnu kplɔ Yoas, Ahazia ƒe viŋutsu eye wòfii dzoe tso fiaviŋutsu siwo wodi be woawu la dome. Etsɔ Yoas kple edzikpɔla ɣla ɖe xɔ aɖe me le gbedoxɔ me eye wòɣlae ɖe Atalia, ale womete ŋu wui o.
3 約阿士和他的奶媽,在上主的殿內隱藏了六年,當時由阿塔里雅主持國政。
Yoas kple eƒe dzikpɔla be ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me ƒe ade le esime Atalia nɔ anyigba la dzi ɖum.
4 第七年,約雅達派人將眾百夫長,加黎人隊長和衛隊長召來,領進上主的殿,與他們立約,在上主殿內起誓,然後引君王的兒子出來與他們相見,
Le Nyɔnufia Atalia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me la, nunɔla Yehoiada yɔ fiasãŋudzɔlawo kple fiaŋudzɔlawo ƒe amegãwo ƒo ƒu. Edo go wo le gbedoxɔ la me eye wòna woka atam nɛ be yewomagblɔe na ame aɖeke o. Ale wòtsɔ fiavi la fia wo
5 同時吩咐他們說:「你們應這樣行事,在安息日進宮值班的三分之一,要照例守衛王宮,
eye wòde se na wo gblɔ bena, “Nu si miawɔ lae nye esi: Mi ame siwo wɔa dɔ le Dzudzɔgbe la dzi la ƒe akpa etɔ̃lia ɖeka adzɔ fiasã la ŋu.
6 另三分之一守衛穌爾門,另三分之一把守守衛者的後門;仍照舊值班守衛聖殿。
Akpa etɔ̃awo dometɔ ɖeka nanɔ Sur gbo la ŋu dzɔm eye akpa mamlɛa nanɔ agbo si le gbedoxɔ ƒe agbo si le ame si dzɔa gbedoxɔ la ŋu la megbe.
7 在安息日從上主殿內下班的兩隊,仍應在上主的殿內戒備,
Mi ame siwo le akpa eve bubuawo me la, ame siwo mewɔa dɔ le Dzudzɔgbe la dzi o la, miawo midzɔ gbedoxɔ la ŋu na fia la.
8 各人要手裡拿著武器環繞君王。擅入防線的,即將他殺死;君王出入時,你們要緊隨不離。」
Miɖe to ɖe fia la, eye ame sia ame nalé aʋawɔnu ɖe asi. Woawu ame sia ame si adi be yeadze mi. Minɔ fia la ŋu kplikplikpli.”
9 百夫長就按照司祭約雅達所吩咐的一切去行,各自帶領在安息日值班,和在安息日下班的士兵,來見司祭約雅達。
Aʋafia si kpɔa asrafo alafa ɖeka dzi la wɔ nunɔla Yehoiada ƒe ɖoɖoawo dzi. Aʋafiawo kplɔ ame siwo manɔ dɔ me le Dzudzɔgbe la dzi o kple esiwo anɔ dɔ me gbe ma gbe la siaa yi na nunɔla Yehoiada.
10 司祭便將上主殿內屬達味王的刀槍和盾牌,交給了眾百夫長。
Etsɔ Fia David ƒe akplɔ kple akpoxɔnu siwo nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me de asi na aʋafiawo.
11 衛兵每人所持武器,自殿右至殿左,面對祭壇和聖殿,環立在君王四周;
Dzɔla ɖe sia ɖe lé eƒe aʋawɔnu ɖe asi eye wonɔ tsitre ƒo xlã fia la, ame si te ɖe vɔsamlekpui la ŋu le gbedoxɔ la me. Woɖe to ɖee tso gbedoxɔ la ƒe dziehe yi anyiehe.
12 然後引出太子來,給他加冕,將約書交給他,立他為王,給他傅油,在場民眾都鼓掌歡呼:「君王萬歲! 」
Yehoiada kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ; tsɔ Nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!”
13 阿塔里雅聽見民眾叫喊聲,就進上主的殿,到民眾前。
Esi Atalia se ame siwo le gbedoxɔa ŋu dzɔm kple ameawo ƒe ɣli la, eyi ɖe ame siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la gbɔ.
14 她一看,見君王照儀式站在高台上,官長和吹號角的,都站在君王兩旁,所有當地人民歡樂吹號;阿塔里雅就撕裂了自己的衣服,喊叫說:「反了,反了! 」
Etsa ŋku eye kpɔ ɖa, fia lae nye ekem, etsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le kɔnu la nu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la xa eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom henɔ kpẽawo kum. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!”
15 約雅達司祭即吩咐帶領軍隊的眾百夫長說:「將她從行列中趕出去,凡跟隨她的,都用刀殺死。」原來司祭曾吩咐說:不可在上主的殿內殺她。
Nunɔla Yehoiada de se na ame siwo nɔ asrafo alafa ɖekawo nu, ame siwo nɔ aʋawɔlawo dzi kpɔm la be, “Mikplɔe to ameawo dome vɛ eye miawu ame sia ame si adze eyome.” Elabena nunɔla la gblɔ do ŋgɔ be, “Migawui ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.”
16 於是眾人捉住她;當她由馬門進入王宮時,就地將她殺了。
Ale wolée le Sɔgbo la nu le fiasã la me eye wowui le afi ma.
17 此後,約雅達使君王和人民與上主立約,作上主的人民;又使君王與人民立約。
Yehoiada wɔ nubabla le Yehowa kple fia la kple dukɔa dome be woanye Yehowa tɔ. Egawɔ nubabla le fia la kple ameawo hã dome.
18 然後,所有當地人民都到巴耳廟去,將廟拆毀,將祭壇推翻,將神像完全打碎,在祭台前斬了巴耳的司祭瑪堂。司祭約雅達又調派士兵把守上主的殿,
Wo katã woyi Baal ƒe gbedoxɔ me eye wogbãe. Wogbã vɔsamlekpui la kple legbawo le afi ma eye wowu Matan, Baal ƒe nunɔla le vɔsamlekpui la ŋgɔ. Yehoyaɖa ɖo dzɔlawo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu.
19 以後,率領眾百夫長、加黎人、衛兵和所有當地人民,請君王從上主的殿下來,經衛兵門進入王宮,請他坐在王座上。
Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fiaŋusrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, to dzɔlawo ƒe aƒe ŋu heyi fiasã la me eye fia la nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi.
20 全國人民都歡樂喜慶,京城也很平靜。至於阿塔里雅,已在王宮用刀殺死。
Amewo katã kpɔ dzidzɔ le dukɔ la me eye ŋutifafa va dua me azɔ elabena wowu Atalia kple yi le afi ma.
21 約阿士即位時,纔七歲;
Yoas xɔ ƒe adre esi wòzu fia.

< 列王紀下 11 >