< 歷代志下 1 >

1 [撒羅滿求智慧]達味的兒子撒羅滿漸漸鞏固了自己的王位,上主,他的天主常與他同在,使他非常偉大。
Solomo, David ƒe vi li ke eɖokui sesĩe ɖe eƒe fiaɖuɖu la me elabena Yehowa, eƒe Mawu la li kplii eye wòna eƒe ŋkɔ de dzi ŋutɔ.
2 撒羅滿命令全以色列,即千夫長、百夫長、判官,以及全以色列的首領和族長集合,
Tete Solomo ƒo nu na Israel blibo la, na asrafo akpewo kple asrafo alafawo dzi kpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple kplɔlawo katã le Israel kple ƒometatɔwo
3 然後同全會眾往基貝紅高丘去,因為那裏有上主的僕人梅瑟,在曠野裏所做的天主的會幕。
eye Solomo kple ameha blibo la yi vɔsaƒe si le Gibeon. Mawu ƒe agbadɔ si Mose, Yehowa ƒe dɔla tu le gbedzi la nɔ afi ma.
4 但是,天主的約櫃,達味已由克黎雅特耶阿陵運到所預備的地方,因為他在耶路撒冷為約櫃搭了一個帳幕。
Fia David va tu agbadɔ aɖe emegbe ɖe Yerusalem na Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye wòtsɔe tso Kiriat Yearim va afi si wòdzra ɖo ɖi nɛ.
5 胡爾的孫子,烏黎的兒子貝匝肋耳所製的銅壇,也在那裏,即在上主的會幕前。撒羅滿與會眾便去求問上主。
Ke akɔblivɔsamlekpui si Bezalel, Uri ƒe viŋutsu, ame si nye Hur ƒe viŋutsu wɔ la nɔ Gibeon le Yehowa ƒe agbadɔ la ƒe ŋgɔgbe ale Solomo kple ameawo bia eta le afi ma.
6 撒羅滿上到會幕前的銅壇上,在上主面前,獻了一千犧牲,作為全燔祭。
Solomo yi akɔblivɔsamlekpui la gbɔ le Yehowa ŋkume le agbadɔ la me eye wòsa numevɔ akpe ɖeka ɖe edzi.
7 那天夜裏天主顯示給撒羅滿,對他說:「你不拘求什麼,我必要給你! 」
Le zã ma me la, Mawu ɖe eɖokui fia Solomo eye wògblɔ nɛ be, “Bia nu sia nu si dze ŋuwò la eye matsɔe ana wò!”
8 撒羅滿對天主說:「你曾對我父親達味大施仁慈,使我繼他為王。
Solomo ɖo eŋu be, “Oo Mawu, ève fofonye, David nu ŋutɔ eye azɔ la, ètsɔ fiaɖuƒe la nam.
9 上主,天主! 現在唯願你向我父達味應許的話得以實現,因為你已立了我為王,治理一個多如地上塵沙的民族。
Esia koe nye nu si mehiã elabena èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye, David la dzi eye nètsɔm ɖo Fiae ɖe dukɔ si me viwo sɔ gbɔ abe anyigbadzike ene la dzi!
10 現在,求你賜我智慧和聰明,好使我能在這民族面前出入,因為誰能統治你這樣大的一個民族﹖」
Azɔ la, na nunya kple sidzedzem be maɖu nye amewo dzi nyuie elabena ame ka ate ŋu aɖu dukɔ gã sia tɔgbi abe wò dukɔ la ene dzi le eɖokui si?”
11 天主對撒羅滿說:「你既有此心願,沒有求富貴、財寶、光榮,也沒有要求你敵人的性命,也沒有要求長壽,只為自己求智慧和聰明,好能治理我的民族,即我使你為王所管理的民族;
Mawu ɖo eŋu be, “Esi wò didi gãtɔe nye be yeakpe ɖe yeƒe amewo ŋu eye mèbia kesinɔnuwo kple bubu na ɖokuiwò o, mèbia be maƒo fi de yeƒe futɔwo o eye mèbia agbe didi na ɖokuiwò o, ke boŋ èbia nunya kple sidzedze be, yeakplɔ yeƒe amewo nyuie ta la,
12 為此,智慧和聰明已賜予了你,但我還願將富貴和光榮賜予你,是你以前的君王從沒有過,你以後也不會再有的。」
matsɔ nunya kple sidzedze si nèbia la na wò! Hekpe ɖe esiawo ŋu la, matsɔ kesinɔnuwo, ga kple bubu si tɔgbi nyemena fia aɖeke kpɔ haɖe o la, na wò! Gawu la, fia gã sia tɔgbi aɖeke maganɔ anyi akpɔ gbeɖe le xexe blibo la me o!”
13 以後撒羅滿由基貝紅高丘,由會幕前回了耶路撒冷,治理以色列。撒羅滿的財富
Azɔ la, Solomo dzo le agbadɔ la me, eɖi tso togbɛ la dzi le Gibeon heyi Yerusalem be yeaɖu Israel dzi.
14 撒羅滿調集了戰車和騎兵,計戰車一千四百輛,騎兵一萬二千名,使他們駐守屯車城,或在耶路撒冷君王左右。
Eƒo tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene kple sɔdola akpe wuieve nu ƒu be woadzɔ du siwo me tasiaɖamwo le la ŋu, togbɔ be woda ɖewo ɖe fia la gbɔ le Yerusalem hã.
15 君王在耶路撒冷積存的金銀多如石塊,香柏木多如平原的桑樹。
Le Fia Solomo ƒe fiaɖuɣi la, klosalo kple sika bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene.
16 撒羅滿所養的馬,都是來自慕茲黎和科厄,是君王的商人依照定價由科厄買來的。
Solomo dɔ sɔsitsalawo ɖe Egipte kple Kue be woaƒle sɔhawo vɛ. Fia la ƒe asitsalawo ƒlea wo tso Kue.
17 他們由慕茲黎運來的車,每輛值遺六百「協刻耳;」馬,每匹值銀一百五十「協刻耳。」同樣,赫特諸王和阿蘭諸無所有的車馬,也都是經這些商人的手運來的。[建殿的準備]
Wodɔ tasiaɖam tso Egipte esi ƒe asie nye klosaloga kilogram adre kple sɔ si ƒe asie nye, klosaloga kilogram ɖeka kple afã. Woawo hã dzraa wo na dutafiawo, ame siwo nye Hititɔwo kple Aramtɔwo ƒe fiawo.

< 歷代志下 1 >