< 歷代志下 31 >

1 [清除偶像]這一切完成以後,所有在場的以色列人就都出去,到猶大各城,將石柱搗碎,將木偶砍倒,將猶大、本雅明、厄弗辣因和默納協各地的高丘和香壇完全拆除;以後,所有的以色列子民各回了本城,各歸己業。[重整神職班次]
Esi nu siawo katã wu enu la, Israelvi siwo katã nɔ afi ma la do go yi Yuda ƒe duwo me eye wogbã legbawo, heho aƒeliwo ƒu anyi, wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpui siwo katã nɔ Yuda, Benyamin, Efraim kple Manase. Esi wotsrɔ̃ nu siawo katã vɔ megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woawo ŋutɔ ƒe duwo me eye woyi ɖanɔ woƒe aƒewo me.
2 希則克雅又整編了司祭和肋未人的班次,使司祭和肋未人各照自己的班次,各照自己的任務,獻權燔祭與和平祭,或服務於上主的螢幕門口,稱謝讚頌上主。
Azɔ la, Hezekia ma nunɔlawo kple Levitɔwo ɖe hatsotsowo me hena nu vɔ̃ vɔsa kple akpedavɔ sasa eye be woasubɔ Yehowa, atsɔ akpedada kple kafukafu nɛ.
3 君王又由自己的產業中劃出一份,作為早晚的全燔祭,安息日、新月和節期的全燔祭,如上主法律上所規定的;
Ena vɔsalãwo tso eya ŋutɔ ƒe lãhawo me hena gbe sia gbe ŋdi kple fiẽ ƒe numevɔsawo kple Dzudzɔgbe kple Ɣleti Yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui bubuwo ƒe numevɔsawo, abe ale si Mawu ƒe se la bia tso wo si ene.
4 又吩咐住在耶路撒冷的百姓,交出司祭和肋未人所應得的一分,令他們堅守上主的法律。
Hekpe ɖe esiawo ŋu la, Fia Hezekia na be Yerusalemtɔwo natsɔ woƒe nuwo ƒe ewolia vɛ na nunɔlawo kple Levitɔwo ale be magahiã be woawɔ dɔ bubuwo o, ke boŋ woalé fɔ ɖe dɔ siwo Mawu ƒe se la ɖo na wo la ko ŋu vevie.
5 這道諭旨一出,以色列子民便獻了許多初熟的五穀、新酒、蜜,以及田地的出產;同時將所有物的十分之一,也大批的送了來,
Esi sedede sia ɖo ameawo ƒe tome ko la, Israelviwo kɔ dɔme na woƒe kutsetse gbãtɔwo, wain yeye, ami kple anyitsi kple agblemenuku ɖe sia ɖe ƒomevi. Wotsɔ nu sɔgbɔwo vɛ siwo nye nu sia nu ƒe ewolia ƒe ɖeka.
6 連住在猶大各城的以色列和猶大子民,也將牛羊的十分之一,並應獻於上主,他們天主的聖物的十分之一,都送了來,堆積成堆;
Israelvi kple Yudatɔ siwo nɔ Yuda duwo me la hã tsɔ woƒe lãwo ƒe ewolia ƒe ɖeka kple nu kɔkɔe si wodzra ɖo na Yehowa, woƒe Mawu la ƒe ewolia ƒe ɖeka vɛ eye woli kɔ wo.
7 由三月開始堆積,至七月纔完畢。
Wodze nu sia wɔwɔ gɔme le ɣleti etɔ̃lia me eye wowu enu le ɣleti adrelia me.
8 希則克雅和首領們前來,看見這些堆積之物,便稱讚了上主和他的百姓以色列。
Esi Hezekia kple eƒe dziɖulawo kpɔ nu siwo woƒo ƒu ɖi la, wokafu Yehowa eye woyra eƒe amewo, Israelviwo.
9 希則克雅向司祭和肋未人問及這些堆積之物,
Hezekia bia nunɔlawo kple Levitɔwo be, “Afi ka nu gbogbo siawo katã tso?”
10 匝多克家的司祭之長阿匝黎雅答說:「自從人民將供物獻入上主的殿內以來,我們不但可以飽食,而且還有許多剩餘,因為上主祝福了他的百姓;這一大堆全是剩餘的。」[儲藏與分配供物]
nunɔlagã Azaria, tso Zadok ƒe hlɔ̃ me, ɖo eŋu be, “Esiawoe nye nuwo ƒe ewolia ƒe ɖeka! Míele nu ɖum tso nu siawo me kɔsiɖa geɖewo nye esi gake nu gbogbo siawo gasusɔ elabena Yehowa yra eƒe amewo.”
11 希則克雅吩咐在上主殿內預備倉房;人便預備了,
Hezekia ɖe gbe be woatu nudzraɖoƒexɔwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, ale wowɔe nenema.
12 細心將供物和什一之物,以及奉獻的聖物,都搬入倉內。肋未人苛納尼雅為總管,他的兄弟史米為副。
Tete wowɔ nuteƒe hetsɔ woƒe nudzɔdzɔwo, nu ewoliawo kple nunana si woɖe ɖe aga la vɛ. Konania, Levitɔ, nɔ nu siawo nu eye nɔvia ŋutsu. Simei, nye ame si nye eƒe kpeɖeŋutɔ.
13 耶希耳、阿匝齊雅、納哈特、阿撒耳、耶黎摩特、約匝巴得,厄里耳、依斯瑪基雅、瑪哈特和貝納雅,自苛納尼和他兄弟史米之下作督察,全是由君王希則克雅和上主殿宇的主席阿匝黎雅所委任的。
Yehiel, Azazia, Nahat, Asahel, Yerimɔt, Yozabad, Eliel, Ismakia, Mahat kple Benaya nye dɔdzikpɔlawo nɔ Konania kple nɔvia ŋutsu Simei te le Fia Hezekia kple Azaria, Mawu ƒe gbedoxɔ dzikpɔla la ƒe ɖoɖo nu.
14 守東門的肋未人,依默納的兒子科勒,掌管自願捐獻於天主的禮品,發放獻於上主的供物和至聖之物;
Kore, Levitɔ, Imna ƒe viŋutsu, Ɣedzeƒegbo la nudzɔla nɔ lɔlɔ̃nununana siwo wotsɔ vɛ na Mawu la dzi kpɔm. Enɔ nu siwo wodzɔ na Yehowa la kple nunana siwo ŋu wokɔ la mam.
15 他以下有厄登、本雅明、耶叔亞、舍瑪雅、阿瑪黎雅和舍加尼雅,在各司祭城內,按照班次,不分老幼,將物品細心分發給他們的弟兄。
Eden, Miniamin, Yesua, Semaya, Amaria kple Sekania kpe ɖe eŋu le nuteƒewɔwɔ me le nunɔlawo ƒe duwo me le numama na wo nɔvi nunɔlawo me ɖe woƒe hatsotsowo nu na tsitsiawo kple ɖeviawo siaa.
16 此外,又登記了每日進上主殿,依照班次盡職,三十歲以上的男子:
Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, woma nu na viŋutsu siwo xɔ ƒe etɔ̃ alo wu nenema, ame siwo ƒe ŋkɔwo menɔ dzidzimegbalẽ la me o, ame siwo dze be woayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me be woawɔ woƒe gbe sia gbe dɔdeasiwo le dɔ vovovo siwo woɖo na wo ɖe woƒe hatsotsowo me nu.
17 司祭依照家族登記;二十歲以上的肋未人,依照職分班次登記。
Eye woma nuwo na nunɔlawo, ame siwo ŋkɔ woƒe ƒomewo ŋlɔ ɖe dzidzimegbalẽawo me. Nenema kee wowɔ na Levitɔ siwo xɔ ƒe blaeve alo wu, le woƒe dɔdeasiwo kple woƒe hatsotsowo nu.
18 登記時,他們全家妻子兒女,都應包括在內,因為他們都應自潔成聖。
Ame siwo hã ƒe ŋkɔwo nɔ dzidzimegbalẽawo me la woe nye: ɖevi suewo, srɔ̃nyɔnuwo kple dukɔ blibo la ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo elabena wowɔ nuteƒe le wo ɖokuiwo ŋu kɔkɔ me.
19 至於那住在各城郊外作司祭的亞郎子孫,在各城內有指定的人,給司祭中的男子及登記的肋未人,發放應得的一份。
Wotia nunɔla ɖeka le du ɖe sia ɖe si me nunɔlawo, Aron ƒe viwo, nɔ la me be wòama nuɖuɖu kple nu bubuwo na nunɔla siwo le nuto me ma kple Levitɔ siwo katã ŋkɔ wode agbalẽ me.
20 希則克雅在全猶大行事都是如此:行了上主他的天主視為善,視為正義的事。
Ale Fia Hezekia wɔ ɖoɖo ɖe numama ŋu le Yudanyigba blibo la dzi; ewɔ nu si nyo eye wòdze la, le Yehowa, eƒe Mawu la ŋkume.
21 凡他著手所行的,不論是關於上主殿內的敬禮,或關於法律和誡命,都是為了尋求他的天主;凡他誠心所行的,無不順利。
Edze agbagba vevie be yeana ameawo nabu gbedoxɔ la kple se la eye woanɔ agbe si adze Mawu ŋu. Nu siawo katã dze edzi nɛ nyuie.

< 歷代志下 31 >