< 歷代志下 15 >

1 [阿匝黎雅的預言]那時,天主的神感動了敖德得的兒子阿匝黎雅,
Mawu ƒe Gbɔgbɔ va Azaria, Obed ƒe vi dzi
2 他便出來迎接阿撒,對他說:「阿撒,全猶大和本雅明人,請聽我的話:幾時你們與上主同在,上主也與你們同在;如果你們尋求他,他必讓你們尋到;但如果你們離棄他,他必離棄你們。
eye wòɖakpe Fia Asa esi wòtrɔ gbɔna tso aʋa. Azaria do ɣli be, “Asa, ɖo tom! Yuda kple Benyamin ƒe aʋakɔwo, miɖo to! Yehowa anɔ kpli mi ŋkeke ale si mianɔ eyome! Ɣe sia ɣi si miadii ko la, miakpɔe gake ne miegbugbɔ le eyome la, eya hã agbugbɔ le mia yome.
3 將有一段長時期,以色列沒有真天主,沒有教導的司祭,也沒有法律;
Hena ɣeyiɣi didi aɖe le Israel la, nyateƒe Mawu la subɔsubɔ meganɔ anyi o eye nunɔla aɖeke hã meganɔ anyi afia nu ameawo o. Nenema ke se la hã meganɔ anyi o
4 但他們在遭離期間,必回心歸向上主,以色列的天主,必尋求他,他必讓他們尋到。
gake ɣe sia ɣi si wogatrɔ va Yehowa, Israel ƒe Mawu la gbɔ le woƒe fukpeɣiwo me eye wodii la, egakpena ɖe wo ŋu.
5 在那時期內,出入的人,都必得不到平安,各地所有的居民,必要遭受很大的混亂:
Ŋutifafa aɖeke menɔ anyi esime wodze aglã ɖe Mawu ŋu o. Nuwo kpeke wo le go ɖe sia ɖe me eye nu vɔ̃ wɔwɔ nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi le afi sia afi.
6 這族攻擊那族,這城攻擊那城,因為天主必用種種災禍難為他們。
Aʋawɔwɔ nɔ edzi yim le woawo kple dukɔ bubuwo dome eye aʋawɔwɔ ganɔ Israel duwo ɖeɖe hã dome elabena Mawu nɔ fukpekpe ƒomevi vovovowo dam ɖe wo dzi.
7 至於你們,你們應當堅強,你們的手不要發軟,因為你們的作為必獲得賞報。」[阿撒的宗教改革]
Ke mi Yuda ƒe viwo la, milé dɔ nyui si wɔm miele la me ɖe asi eye migana dzi naɖe le mia ƒo o elabena fetu li na mi.”
8 阿撒一聽見這些話和預言,便壯了膽,將在猶大和本雅明全境,以及在厄弗辣因山地所佔領的各城內的可憎之物,一概除掉,重修上主門廊前的上主的祭壇,
Esi Fia Asa se nya sia tso Mawu gbɔ la, dzi ɖo eƒo eye wògbã legbawo katã le Yuda kple Benyamin kple du siwo wòxɔ le Efraim ƒe tonyigba dzi la me. Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la tu ɖe gbedoxɔ la ŋgɔ.
9 又召集了猶大和本雅明全民眾,以及在他們中間寄居的厄弗辣因人、默納協人和西默盎人,─因為有許多人由以色列來投奔阿撒,因為他們看見上主,他的天主是與他同在。
Tete wòƒo Yuda kple Benyamin katã nu ƒu, nenema kee nye ame siwo tso Efraim, Manase kple Simeon ƒe towo me, ame siwo nɔ wo dome. Ameha gã aɖe do va egbɔ tso Israel esime wokpɔ be Yehowa, eƒe Mawu la li kplii.
10 阿撒當國第十五年三月,他們聚集在耶路撒冷,
Wova ƒo ƒu ɖe Yerusalem le ɣleti etɔ̃lia me le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me.
11 當天由所擄獲的戰利品,取出了七百頭牛,七千隻羊,祭獻給上主,
Le ɣe ma ɣi me la, wotsɔ nyi alafa adre, gbɔ̃ kple alẽ akpe adre tso afunyinu siwo woha gbɔe la me, sa vɔe na Yehowa.
12 結盟立約,要全心全意尋求上主,他們祖先的天主;
Wobla nu be woadi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la kple woƒe dzi blibo kpakple woƒe luʋɔ blibo.
13 凡不尋求上主以色列天主的,不分老幼,不分男女,一律處死。
Woawu ame siwo katã medi Yehowa, Israel ƒe Mawu la o; eɖanye ɖevi alo ametsitsi o, ŋutsu alo nyɔnu o.
14 然後高聲歡呼,鳴號吹角,向上主起誓。
Woka atam na Yehowa kple ɣlidodo sesĩe kple kpẽwo kple lãdzowo kuku.
15 全猶大人發了這誓,都非常高興,因為他們是全心起誓,全意尋求上主;因此上主也為他們所尋見,並使他們四境安寧。
Yuda blibo la kpɔ dzidzɔ ɖe atam si woka la ta elabena woka atam la kple woƒe dzi blibo. Wodi Mawu vevie eye woke ɖe eŋu eya ta Yehowa hã na gbɔɖeme wo le goawo katã me.
16 阿撒王廢除了他祖母瑪阿加作太后的權位,因為她給阿舍辣立了可恥的柱像;阿撒將柱像砍倒,打得粉碎,在克德龍谷焚燬,
Fia Asa ɖe mamaa Maaka ɖa be maganye fianyɔnu o elabena etu aƒeli si nye ŋunyɔnu. Asa lã ati la ƒu anyi, flii, hetɔ dzoe le Kidron bali la me.
17 只有以色列的高丘沒有廢除;阿撒的心一生總是純全的。
Togbɔ be megbã nuxeƒewo ɖa le Israel o hã la, Asa ƒe dzi nɔ Yehowa ŋu blibo le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
18 他又將他父親和他自己所獻的金銀並器具,送入天主的殿內。
Egbugbɔ klosalo kple sika kple ŋudɔwɔnu siwo ŋu eya kple fofoa kɔ la va Mawu ƒe gbedoxɔ la me.
19 此後,直到阿撒當國三十五年,從沒有過戰事。
Ale aʋa aɖeke megadzɔ o va se ɖe Fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-atɔ̃lia me.

< 歷代志下 15 >