< 撒母耳記上 8 >

1 撒慕爾年老的時候,立了他的兩個兒子作以色列的民長。
Esi Samuel tsi la, eɖo via ŋutsuwo ʋɔnudrɔ̃lawoe na Israel
2 長子名叫約厄耳,次子名叫阿彼雅,同在貝爾舍巴作民長。
Via ŋutsu gbãtɔ ŋkɔe nye Yoel eye evelia ŋkɔe nye Abiya ame siwo drɔ̃ ʋɔnu le Beerseba.
3 但是他這兩個兒子不走他所走的路,卻貪圖厚利,接受賄賂,歪曲正理。
Via ŋutsuwo meto wo fofo ƒe afɔtoƒe o. Woɖe asi le mɔ dzɔdzɔe ŋu, heti viɖe ƒoɖi yome, woxɔa zãnu eye wotsoa afia ŋkunɔ.
4 以色列眾長老便聯合起來,往辣瑪去見撒慕爾,
Ale Israel ƒe kplɔlawo katã kpe ta heva Samuel gbɔ le Rama
5 對他說:「看,你已經老了,你的兒子們不走你所走的路。如今請你給我們立一位君王治理我們,如同各國一樣。」
Wogblɔ nɛ be, “Azɔ la ètsi eye viwò ŋutsuwo meto wò afɔtoƒe o, eya ta tia fia na mí be wòakplɔ mí abe ale si wòle le dukɔ bubuwo dome ene.”
6 撒慕爾聽到他們要求說:「請給我們立一位君王治理我們,」大為不悅,便去祈求上主。
Ke esi wogblɔ be, “Tia fia na mí be wòakplɔ mí” la, esia medze Samuel ŋu o; eya ta wòdo gbe ɖa na Yehowa.
7 上主對撒慕爾說:「凡民眾向你所說的話,你都要聽從,因為他們不是拋棄你,而是拋棄我作他們的君王。
Yehowa gblɔ na Samuel be, “Wɔ nu si wobia tso asiwò la na wo elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe abe woƒe fia ene.
8 自從我領他們出離埃及直到今日,凡他們做的,無非是拋棄我而事奉別的神;他們現在也這樣來對待你。
Tso esime mekplɔ wo dzoe le Egipte la, wogbea nu le gbɔnye enuenu eye wodzea mawu bubuwo yome. Azɔ la, wole nu ma ke wɔm ɖe ŋuwò.
9 好罷! 你就聽從他們的要求,但必須清楚警告他們,要他們明瞭那統治他們的君王所享有的權利。」
Azɔ la, ɖo to wo, gake xlɔ̃ nu wo vevie eye nàna woanya nu si fia si ava ɖu wo dzi la awɔ.”
10 撒慕爾把上主的一切話,轉告給那向他要求君王的人民,
Ale Samuel gblɔ nya siwo katã Yehowa gblɔ la na ame siwo le ebiam be wòana fia yewo.
11 說:「那要統治你們的君王所享有的權利是:他要徵用你們的兒子,去充當車夫馬夫,在他的車前奔走:
Egblɔ na wo be, “Esia nye nu si fia si aɖu mia dzi la awɔ; atsɔ mia viŋutsuwo be woanye yeƒe tasiaɖamkulawo kple sɔdolawo eye wòana woasi du le eƒe tasiaɖamwo ŋgɔ.
12 委派他們做千夫長、百夫長、五十夫長;令他們耕種他的田地,收割他的莊稼,替他製造作戰的武器和戰車的用具;
Atsɔ wo dometɔ aɖewo aɖo ame akpewo nu eye wo dometɔ aɖewo anɔ ame blaatɔ̃ aɖewo nu. Ɖewo aŋlɔ eƒe agblewo, axa nukuwo nɛ, nenema ke ɖewo hã anye eƒe aʋawɔnuwo wɔlawo kple tasiaɖamŋutinuwo wɔlawo.
13 要徵用你們的女兒為他配製香料,烹調食物;
Axɔ mía vinyɔnuwo be woanye yeƒe amiʋeʋẽwɔlawo, nuɖalawo kple aboloƒolawo.
14 要拿你們最好的莊田、葡萄園和橄欖林,賜給他的臣僕;
Axɔ miaƒe agbledenyigba nyuitɔwo, waingblewo kple amitive nyuitɔwo le mia si atsɔ na eƒe dɔlawo.
15 徵收你們莊田和葡萄園出產的十分之一,賜給他的宦官和臣僕;
Axɔ miaƒe agblemenukuwo kple miaƒe wain tsetsewo ƒe ewolia eye wòatsɔ wo ana eƒe dɔnunɔlawo kple eƒe subɔlawo.
16 使用你們的僕婢和你們最好的牛驢,替他作工;
Axɔ miaƒe dɔlaŋutsuwo, dɔlanyɔnuwo kple nyi damiwo le miaƒe nyiha me kple miaƒe tedziwo na eya ŋutɔ ɖokui.
17 徵收你們的羊群十分之一;至於你們自己,還應作他的奴隸。
Axɔ miaƒe lãhawo ƒe ewolia eye miawo ŋutɔ miazu eƒe kluviwo.
18 到那一天,你們必要因你們所選的君王發出哀號;但那一天,上主也不理你們了。」
Ne ŋkeke ma va ɖo la, miafa avi be woana gbɔdzɔe mi tso fia si mietia la si me eye Yehowa matɔ na mi le ŋkeke ma dzi o.”
19 但是,人民不願聽從撒慕爾的話卻對他說:「不! 我們非要一位君王管理我們不可。
Ke ameawo gbe toɖoɖo Samuel. Wogblɔ nɛ be, “Ao! Míedi fia be wòaɖu mía dzi.
20 我們也要像一般異民一樣,有我們的君王來治理我們,率領我們出征作戰。」
Ekema míanɔ abe dukɔ bubuawo katã ene eye fia anɔ mía si, ame si akplɔ mí eye wòado anɔ ŋgɔ na mí, awɔ aʋawo na mí.”
21 撒慕爾聽見百姓所說的這一切話,就轉告給上主聽。
Esi Samuel se nya siawo katã si ameawo gblɔ la, egbugbɔ wo gblɔ na Yehowa.
22 上主對撒慕爾說:「你聽從他們的話,給他們一位君王罷! 」撒慕爾就吩咐以色列人說:「你們各自暫回本城去。」
Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɖo to wo eye nàna fia wo.” Tete Samuel gblɔ na Israel ŋutsuawo be, “Ame sia ame netrɔ yi eƒe du me.” Samuel lɔ̃ eye wòɖo ame sia ame ɖe eƒe du me.

< 撒母耳記上 8 >