< 撒母耳記上 30 >

1 當達味和他的人第三天來到漆刻拉格時,阿瑪肋克人已侵入乃革布和漆刻拉格,將漆刻拉格洗劫,放火燒了,
Le ŋkeke etɔ̃ megbe esi David kple eƒe amewo ɖo wo nɔƒe le Ziklag du la me la, wokpɔ be Amalekitɔwo va ha du la, tɔ dzoe wòbi keŋkeŋkeŋ
2 將城中的婦女,以及所有的老幼,都擄了去;但沒有殺人,只將他們擄走,回返原路。
eye wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple wo viwo dzoe.
3 達味和他的人來到城旁,見城已被火燒毀,他們的妻子兒女盡被據去,
Esi David kple eƒe amewo kpɔ du la ƒe gbagbã kple nu si dzɔ ɖe wo srɔ̃wo kple wo viwo dzi la,
4 遂放聲大哭,直哭得聲嘶力竭。
wofa avi va se ɖe esime avifafa glo wo.
5 達味的兩個妻子:依次勒耳人阿希諾罕和曾作加爾默耳人納巴耳妻子的阿彼蓋耳也被據去了。
David srɔ̃ eveawo, Ahinoam tso Yezreel kple Abigail, Nabal ƒe ahosi, tso Karmel hã, nɔ ame siwo wokplɔ dzoe la dome.
6 達味陷入窘境,因為人民各為自己的兒女非常痛心,都說要用石頭打死他;但是達味更加堅固倚靠上主,他的天主。
Nyadzɔdzɔ sia te ɖe David dzi ŋutɔ, vevietɔ esi David ƒe amewo nɔ nu xam le wo viwo ta la, wode asi gbɔgblɔ me be yewoawui. Ke David tsɔ Yehowa eƒe Mawu do ŋusẽ eɖokui.
7 達味對阿希默肋客的兒子厄貝雅塔爾司祭說:「請你將「厄弗得」給我拿來! 」厄貝雅塔爾就將厄弗得」給達味拿了來。
David gblɔ na nunɔla Abiata, Ahimelek ƒe vi be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye Abiata wɔ ɖe edzi.
8 達味求問上主說:「我該追趕這些土匪嗎﹖我追得上嗎﹖」上主答說:「你去追趕,必能追上,能救回一切」。
David bia Yehowa be, “Mati wo yomea? Mate ŋu alé woa?” Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, dze wo yome; àxɔ miaƒe nu sia nu si wotsɔ dzoe la le wo si!”
9 達味和隨從他的六百人於是立即出發,到了貝索爾河。
David kple eƒe ame alafa adeawo va ɖo Besor tɔʋu la to, afi si ame aɖewo tsi
10 艮帶著四百人仍向追趕,其餘二百人因為過於疲倦,不能過貝索爾河,就住下了。
elabena ɖeɖi te ame alafa eve ŋu ale gbegbe be womate ŋu atso tɔʋu la o. Ke David kple ame alafa ene yi Amalekitɔwo yometiti dzi.
11 有人在田間遇見了一個埃及人,把他領到達味前,給他飯吃,給他水喝,
Wokpɔ Egipte ŋutsu aɖe le gbe me eye wokplɔe vɛ na David. Wona nui wòɖu eye wona tsii wòno.
12 又給他一個無花果餅,兩串乾葡萄;他吃了後,精神就恢復了,因為他已三天三夜沒有吃飯喝水了。
Wotsɔ gbotsetsebolo eve kple waintsetse ƒuƒu eve nɛ. Esi wòɖu nu siawo la, egbɔ agbe elabena meɖu naneke alo no tsi ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ o.
13 達味問他說:「你是誰的人,你是哪裏的﹖」他答說:「我是個埃及少年,為一個阿瑪肋克人做奴隸,因為我害病,我主人拋棄我已三天了。
David biae be. “Ame kae nènye eye afi ka nètso?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Egiptetɔe menye heganye Amalekitɔ aɖe ƒe subɔla. Nye aƒetɔ gblẽm ɖi egbee nye ŋkeke etɔ̃lia eye nye lãme gblẽ.
14 我們侵擊了革肋提人的南部,猶太的南部和加肋布的南部,放火燒了漆刻拉格」。
Míede ɖaha Keretitɔwo ƒe dziehe kple Yuda ƒe anyigba kple Kaleb nyigba ƒe dziehe, míetɔ dzo Ziklag du la eye míetrɔ va yina.”
15 達味問他說:「你能領我下到這群土匪那裏去嗎﹖」他答說:「你要指著天主給我起誓:不殺我,也不將我交在我主人手裏,那麼我就領你下到這群土那裏去」。艮對他起了誓,
David biae be, “Àte ŋu afia afi si woyi la mía?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Ne ètsɔ Mawu ƒe ŋkɔ ka atam nam be yemawum alo atsɔm ade asi na nye aƒetɔ o la, ekema makplɔ wò ayi wo gbɔe.”
16 他便領他下去了。看,土匪都散在各處,正在吃喝,慶祝他們從培肋舍特和猶大地方搶來的大批勝利品。
Ale ɖekakpui la kplɔ wo yi afi si Amalekitɔwo ƒu asaɖa anyi do. Wokaka ɖe gbedzi henɔ nu ɖum, nɔ nu nom eye wonɔ ɣe ɖum kple dzidzɔ le Filistitɔwo kple Yudatɔwo ƒe nu geɖe siwo wokpɔ ha la ta.
17 達味從天亮直到晚上,擊殺他們,消滅他們,除四百駱馲騎逃走的兵士外,一個也沒有逃脫。
David kple eƒe amewo dze wo dzi eye wowu wo katã le zã ma me kple ŋufɔke. Wowu ame sia ame negbe ɖekakpui alafa ene siwo do kposɔwo la koe te ŋu si.
18 凡阿瑪肋克人所據去的,達味都救了回來,也救回了他的兩個妻子。
David xɔ nu sia nu si Amalekitɔwo ha. Exɔ srɔ̃a eveawo hã.
19 凡被據去的,不論老幼,不論子女,不論什麼財物,一個也不缺,達味全都奪了回來。
Naneke mebu o; woxɔ ɖevi kple tsitsi, ŋutsuvi kple nyɔnuvi kple nu sia nu si woha. Ale David xɔ nu sia nu gbɔe.
20 他們奪回了所有牛羊,牽到達味前說:「這的達味的戰利品」。
David ƒe amewo kplɔ Amalekitɔwo ƒe lãhawo dzoe eye wogblɔ na David be, “Esiawo katã nye wò ŋutɔ tɔ abe wò fetu ene.”
21 達味回到那二百人那裏,他們因為走路疲乏,不能跟著去,達味就叫他們留在貝索爾河旁,──這些人就前來歡迎跟隨他的軍人也上去向廿請安。
Esi wova ɖo Besor tɔʋu la to la, wodo go woƒe ame alafa eve siwo ŋu ɖeɖi te ale gbegbe be womete ŋu tso tɔʋu la yi kpli wo o. David do gbe na wo dzidzɔtɔe.
22 達味前去的人中,有些不良份子無賴之徒高聲嚷說:「他們既然沒有與我們同去,我們所救回來的財物,什麼也不要分給他們,只他們各自帶自己的妻子和兒女4 回去。
Ke gbevu aɖewo nɔ ame siwo de ɖawɔ aʋa la dome gblɔ be, “Ame siawo mede aʋa la kpli mí o eya ta womaxɔ afunyinuwo dometɔ aɖeke o. Ɖe asi le wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu na wo eye nàna woadzo.”
23 達味就說:「兄弟們,上主既然這樣恩待我們,保護我們,把這群前來攻擊我們的土匪,父在我們手裏,你們決不能這樣做。
Ke David gblɔ be, “Ao, nɔvinyewo, manyo nenema o! Yehowa na míele dedie eye míeɖu míaƒe futɔwo dzi.
24 在這件事上,誰能依從你們呢﹖那下去打仗的得多少;大家應當平分! 」
Ame kae alɔ̃ ɖe nya si gblɔm miele la dzi? Míama nuawo eye míama wo sɔsɔe, na ame siwo wɔ aʋa la kple ame siwo dzɔ míaƒe nuwo ŋu.”
25 從那天起,達味給以色列立定了這項至今有效的規律和法律。
Tso gbe ma gbe dzi la, David wɔ numama alea wònye se kple kɔnu na Israelviwo katã va se ɖe egbe.
26 達味回到漆刻拉格,照猶大所有的城邑,從勝利品中拿了些給他們的長說:「請看! 這是由上主敵人的財物中,給你們分送的禮物」。
Esi wova ɖo Ziklag la, David ɖo afunyinu siwo woha la ƒe akpa aɖe ɖe Yuda ƒe ametsitsiwo. Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu be, “Esiawo nye nunana siwo mele ɖoɖom ɖe mi tso afunyinu siwo mekpɔ tso Yehowa ƒe futɔwo gbɔ la me.”
27 就是給了那些在貝突耳的,在辣瑪南方的,在雅提爾的,
Woɖo nunanawo ɖe ametsitsiwo tso du siawo me: Betel, Dziehe Ramot, Yatir,
28 在阿辣辣的,在息弗摩特的,在厄市特摩的,
Aroer, Sifmɔt, Estemoa,
29 在加爾默耳的,在耶辣默耳人城中的,在刻尼人城中的,
Rakal, Yerameeltɔwo ƒe duwo, Kenitɔwo ƒe duwo,
30 在曷爾瑪的,在波爾阿商的,在阿塔客的,
Horma, Bor Asan, Atak,
31 在赫貝龍的長老,也給了在達味和其他人民曾經漂流過的地方的人。
kple Hebron. Eɖo nunana ɖe teƒe siwo eya kple eƒe amewo de.

< 撒母耳記上 30 >