< 撒母耳記上 27 >

1 達味心裏想:「終有一天我會落在撒烏耳手中,倒不如逃到培肋舍特 中去,使撒烏耳絕望,再不在全以色列境內找我,我方能擺脫他的毒手」。
Ale David nɔ bubum le eɖokui me be, “Gbe ɖeka la, Saul ƒe asi asu dzinye. Mate Filistitɔwo domenɔnɔ kpɔ va se ɖe esime Saul nadzudzɔ yonyemetiti. Ekema maganɔ dedie.”
2 達味遂帶了他那六百人,動身往加特王瑪敖客的兒子阿基士那裏去。
Ale David kple ame alafa ade siwo le eŋu la dzo heyi Akis, Mayok vi, Gat fia, gbɔ.
3 達味和他的兩個妻子:依次勒耳人阿希諾罕與曾作加爾默耳人納巴耳妻子的阿彼蓋耳,他的部隊,以及他們的眷屬,同阿基士一起住在加特。
David kple eƒe amewo nɔ Gat le fia Akis gbɔ. Ame sia ame kplɔ eƒe aƒemetɔwo ɖe asi eye David hã kplɔ srɔ̃a eveawo: Ahinoam tso Yezreel kple Abigail tso Karmel, ame si nye Nabal ƒe ahosi la ɖe asi.
4 有人告訴撒烏耳,達味逃到加特去了,撒烏耳就再不去搜他。
Esi Saul se be David si yi Gat la, edzudzɔ eyometiti.
5 達味向阿基士說:「假使我在你眼中獲得寵幸,請在鄉間城鎮裏給 戈一塊地方,叫我住在;為什麼你的僕人要同你一起住在京城內呢﹖」
Gbe ɖeka David gblɔ na Akis be, “Nye aƒetɔ, ne anyo na wò la, ekema nàna míanɔ du sue aɖe me ke menye fiadua me le afii o.”
6 那一天,阿基士就將漆刻拉格賜他;因此漆刻拉格直到今天還屬猶大王。
Ale Fia Akis tsɔ Ziklag na David eye wòzu Yuda fia ƒe du va se ɖe egbe.
7 達味住在培肋舍特人地方,共計一年零四個月。
David kple eƒe amewo nɔ Ziklag le Filistitɔwo dome, ƒe ɖeka kple ɣleti ene.
8 達味帶著他的人上去,襲擊了革叔爾人、基爾齊人和阿瑪肋克人。這些民族所住的地方,是從特郎經叔爾直到埃及地。
Wonɔa Gesuritɔwo, Girzitɔwo kple Amalekitɔwo, ame siwo nɔ Sur gbɔ le Egipte mɔ dzi tso gbe aɖe gbe ke la ham.
9 當達味攻擊那地方時,沒有讓那裏的男女生存,只把牛、羊、驢、駱馲和衣服搶來,帶回交給阿基士王。
Womenana ame aɖeke tsia agbe le du siwo dzi wodzena la me o. Wohaa woƒe alẽwo, nyiwo, tedziwo, kposɔwo kple nudodowo hafi trɔ va Akis.
10 每當阿基士間說:「今天你們襲擊了什麼地方﹖」時,達味總是答說:「襲擊了猶大的南方,刻尼人的南方」。
Akis biaa David be, “Afi ka tɔwo dzi miedze egbea?” David ɖoa eŋu be, “Míedze ame siwo le Yuda ƒe anyigbeme kple Yerameeltɔwo kple Kenitɔwo dzi.”
11 達味沒有讓那裏的男女活著帶回加特來,因為達味想:「怕他們對我們不利的宣傳說:達味這樣對待了我們」。這是他住在培肋舍特地方整個時期內的作風。
David mena ŋutsu alo nyɔnu aɖeke tsia agbe o, elabena ebu be, ne yekplɔ wo va Gat la, woava ƒo nu le yewo ŋu agblɔ be, “Ale kple ale David wɔ enye esi.” Nu sia dzɔna edziedzi esi wònɔ Filistitɔwo dome.
12 阿基士相信了達味,心中想:「他在自己民族以色列人中,已留下臭名,他要永久作我的奴隸了」。
Fia Akis xɔ David dzi se eye wòbu be Israelviwo alé fui azɔ. Fia la bu be, “Azɔ la, atsi afi sia eye wòasubɔm tegbetegbe.”

< 撒母耳記上 27 >