< 撒母耳記上 15 >

1 有一天,撒慕爾對撒烏耳說:「上主曾打發我給你傅油,作他人民以色列的君王,如今你應聽上主的話!
Gbe ɖeka la, Samuel gblɔ na Saul be, “Meɖo wò fiae ɖe Israel dzi elabena Yehowa gblɔ nam be maɖo wò Israel Fiae. Azɔ la, ele be nàɖo toe.
2 萬軍的上主這樣說:我要懲罰阿瑪肋克對以色列所行的事,因為當以色列從埃及上來時,攔截了去路。
Se si wòde na wò lae nye: ‘Meɖo ta me be mabia hlɔ̃ Amalekitɔwo le ale si womeɖe mɔ na nye dukɔ be wòato woƒe anyigba dzi esime Israelviwo tso Egipte o la ta.
3 如今你去攻打阿瑪肋克,毀滅他們和他們所有的一切,絲毫不可顧惜,要將男女、孩童、嬰兒、牛羊、駱駝和驢,一律殺掉。」
Eya ta yi nàtsrɔ̃ Amalek dukɔ blibo la, ŋutsuwo, nyɔnuwo, vidzĩwo, ɖeviwo, nyiwo, alẽwo, kposɔwo kple tedziwo!’”
4 撒烏耳調集了軍人,在特冷檢閱了他們,計步兵二十萬,猶大人一萬。
Ale Saul ƒo ƒu eƒe aʋakɔ nu ɖe Telaim. Aʋawɔlawo de ame akpe alafa eve kpe ɖe ame akpe ewo siwo tso Yuda la ŋu,
5 撒烏耳來到阿瑪肋克城時,在山谷裏設下了埋伏。
eye Saul kple eƒe amewo de xa ɖe balime ɖe Amalekitɔwo ŋu.
6 撒烏耳對刻尼人說:「你們起來快走,離開阿瑪肋克人,免得我把你們同他們一起消滅,因為以色列子民由埃及上來時,你們善待了他們。」刻尼人便離開阿瑪肋克人走了。
Saul ɖo du ɖe Kenitɔwo be woado le Amalekitɔwo dome, ne menye nenema o la, woaku kple Amalekitɔwo. Eɖe nya me na wo be, “Elabena mieve Israel nu esime wògbɔna tso Egiptenyigba dzi.” Ale Kenitɔwo dzo le Amalekitɔwo dome.
7 撒烏耳擊殺哈瑪肋克人,從哈威拉一直殺到埃及東面的叔爾,
Saul si Amalekitɔwo tso Havila yi keke Sur le Egipte ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.
8 活捉了阿瑪肋克王阿加格,用刀殺盡了其餘的人民。
Elé Agag, Amalekitɔwo ƒe fia eye wòwu ame mamlɛawo katã.
9 但撒烏耳和軍民卻憐惜阿加格和最好的牛羊,肥美的家畜和羔羊;凡是美好的,他們都不願毀滅,只把一切不值錢,不要的牲畜毀滅了。
Saul kple eƒe amewo ɖe Agag ƒe agbe eye wotsɔ alẽ kple nyi gãtɔwo, alẽvi damitɔwo kple nu sia nu si nyo na wo la na wo ɖokui. Nu siwo ŋu asixɔxɔ boo mele o la, koe wotsrɔ̃.
10 那時有上主的話傳於撒慕爾說:「
Nu sia na Yehowa gblɔ na Samuel be,
11 我後悔立了撒烏耳為王,因為他背離了我,沒有遵從我的命令。」撒慕爾感到不安,整夜哀求上主。
“Evem ŋutɔ be meɖo Saul fiae elabena egagbe toɖoɖom.” Nya siawo wɔ dɔ ɖe Samuel dzi ŋutɔ eya ta wòfa avi na Yehowa to zã blibo la me.
12 撒慕爾清晨起來去見撒烏耳;有人告訴他說:「撒烏耳去了加爾默耳,在那裏立了紀念碑,然後回來經過這裏,又去了基耳加耳。」
Le ŋdi kanya la, eyi ɖadi Saul; ame aɖe gblɔ nɛ be, “Saul yi Karmel to dzi afi si wòtu ŋkuɖodzikpe aɖe ɖo na eɖokui eye wòtso eme yi Gilgal.”
13 撒慕爾來到撒烏耳那裏,撒烏耳就對他說:「願天主祝福你! 我履行了上主的命令。」
Esi Samuel va kpɔ Saul la, Saul do gbe nɛ dzidzɔtɔe hegblɔ nɛ ne, “Mewɔ nu siwo katã Yehowa ɖo nam!”
14 撒慕爾就問說:「怎麼我耳中聽見有羊叫,有牛嗎﹖」
Ke Samuel biae be, “Ekema nu kae nye alẽ kple nyi siwo ƒe xɔxlɔ̃ sem mele?”
15 撒烏耳回答說:「那是從阿瑪肋克帶回來的,因為人民愛惜那些最好的牛羊,好獻給上主你的天主;至於其餘的,我們都毀滅了。」
Saul ʋu eme be, “Nyateƒe, nye aʋawɔlawo mewu alẽ kple nyi damiawo o, ke wotsɔ wo gbɔe be yewoasa vɔe na Yehowa, wò Mawu la ke míetsrɔ̃ nu bubu ɖe sia ɖe.”
16 撒慕爾對撒烏耳說:「住口! 讓我告訴你,上主昨夜對我說過的話。」撒烏耳答說:「請說罷! 」
Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖo to nàse nu si Yehowa gblɔ nam zã si va yi la me!” Saul bia be, “Nya kae wògblɔ?”
17 撒慕爾說:「雖然你自以為是最微小的,你豈不是已成了以色列眾支派的首領﹖上主不是曾給你傅油,立你作以色列的君王嗎﹖
Samuel gblɔ nɛ be, “Togbɔ be mèbu ɖokuiwò amegãe o hã la, Mawu ɖo wò fiae ɖe Israel dzi.
18 上主派你去打仗,曾吩咐你說:去剿滅那些犯罪的阿瑪肋克人,攻打他們,直至將他們完全消滅。
Ede dɔ aɖe asi na wò eye wògblɔ na wò be, ‘Yi, nàtsrɔ̃ Amalekitɔwo, nu vɔ̃ wɔlawo, keŋkeŋ.’
19 為什麼你沒有順聽上主的命令,只顧急忙搶掠財物,行了上主不喜歡的事﹖」
Ekema nu ka ta mèwɔ Yehowa ƒe ɖoɖo dzi o? Nu ka ta nèha nuwo eye nèwɔ nu si tututu Yehowa de se na wò be mègawɔ o?”
20 撒烏耳回答撒慕爾說:「我的確聽從了上主的命令,走了上主指給我的路,擒獲了阿瑪肋克王阿加格,毀滅了阿瑪肋克人。
Saul gasẽ nu be, “Mewɔ Yehowa ƒe gbe dzi, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ, melé Fia Agag vɛ, gake mewu ame mamlɛawo katã.
21 但是軍民由當毀滅的勝利品中,選出了最好的牛羊,要在基耳加耳祭獻上主,你的天主。」
Nye aʋawɔlawo bia mɔm eye meɖe mɔ na wo be woatsɔ alẽwo, nyiwo kple nu siwo dze wo ŋu la hena vɔsasa na Yehowa wò Mawu la le Gilgal.”
22 撒慕爾回答說:「上主豈能喜歡全燔祭和犧牲,勝過聽從上主的命令﹖聽命勝於祭獻,服從勝過綿羊的肥油脂。
Samuel ɖo eŋu be, “Ɖe wò numevɔsawo kple vɔsawo dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Toɖoɖo nyo wu vɔsa eye nusese nyo wu agbowo ƒe ami.
23 背命等於行卜,頑抗與敬拜偶像無異。因為你拒絕了上主的命令,上主也拒絕了你作王。」
Elabena aglãdzedze le abe afakaka ƒe nu vɔ̃ ene eye ɖokuiŋudzedze sɔ kple trɔ̃subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ɖi nyenye. Esi nègbe Yehowa ƒe nya ta la, eya hã gbe wò; mèganye fia o.”
24 撒烏耳對撒慕爾說:「我犯了罪,違背了上主的命令和你的話,因我害怕人民,纔聽從了他們的呼聲。
Saul lɔ̃ mlɔeba be, “Mewɔ nu vɔ̃, ɛ̃, megbe toɖoɖo wò eye nyemewɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi o elabena mevɔ̃ ameawo eye mewɔ nu si wobia.
25 現在,請你寬赦我的罪過,同我一起回去;讓我朝拜上主。」
Oo, meɖe kuku, tsɔ nye nu vɔ̃ kem azɔ eye nàkplɔm yi, maɖasubɔ Yehowa.”
26 撒慕爾卻對撒烏耳說:「我不同你回去;既然你拒絕了上主的命令,上主也拒絕你,不要你作以色列王。」
Ke Samuel ɖo eŋu be, “Viɖe aɖeke mele eme o, esi nègbe Yehowa ƒe ɖoɖowo ta la, eya hã gbe wò; màganye Israel Fia o!”
27 撒慕爾轉身就走,撒烏耳用力抓住他外氅的衣邊,撕下了一塊。
Esi Samuel trɔ be yeadzo la, Saul lé Samuel ƒe awu ʋlaya toga eye awu la vuvu piã!
28 撒慕爾於是對他說:「上主今日從你身上撕下了你的王位,給了一個比你更好的人。
Samuel gblɔ na Saul be, “Èkpɔea? Yehowa vuvu Israel fiaɖuƒe la le asiwò me egbe eye wòtsɔe na hawòvi aɖe si ɖɔ ʋu wu wò.
29 並且以色列的光榮絕不發虛言,也不會懊悔,因為他不像人,可以懊悔。」
Ame si nye Israel ƒe ŋutikɔkɔe la, mele alakpa dam o, eye matrɔ ta me o, elabena menye amegbetɔe wònye o!”
30 撒烏耳遂說:「我固然犯了罪,但如今請你在我民族的長老和以色列前,仍尊重我,同我一起回去,好讓我朝拜上主,你的天主。」
Saul gaɖe kuku be, “Mewɔ nu vɔ̃ gake de bubu ŋunye le kplɔlawo kple Israel ŋkume ko eye nàkplɔm mayi aɖasubɔ Yehowa, wò Mawu la.”
31 撒慕爾便隨同撒烏耳一起回去,撒烏耳朝拜了上主。
Ale Samuel gbugbɔ yi kple Saul eye Saul subɔ Yehowa.
32 以後撒慕爾說:「將阿瑪肋克王阿加格給我解來! 」阿加格到了他那裏,很是高興,阿加格心想:「死亡的苦的確過去了。」
Samuel gblɔ be, “Kplɔ Amalekitɔwo ƒe fia Agag vɛ nam.” Agag va do kple alɔgbɔnukoko elabena egblɔ be, “Meka ɖe edzi be woana matsi agbe azɔ!”
33 撒慕爾對他說:「你的劍怎樣使眾多婦女喪子,你的母親在婦女中也要怎樣喪子。」撒慕爾就在基耳加耳上主面前殺了阿加格。
Ke Samuel gblɔ nɛ be, “Abe ale si wò yi wu ame geɖewo eye wo dadawo zu konɔwo ene la nenema kee dawò hã azu konɔ le nyɔnuwo dome.” Ale Samuel fli Agag kakɛkakɛe le Yehowa ŋkume le Gilgal.
34 以後撒慕爾去了辣瑪,撒烏耳也回了撒烏耳的基貝亞本家。
Samuel trɔ yi aƒe le Rama eye Saul hã trɔ yi Gibea.
35 撒慕爾至死再沒有見撒烏耳。撒慕爾為了撒烏耳很是傷心,因為上主後悔立了撒烏耳作以色列的君王。
Samuel megakpɔ Saul kpɔ gbeɖe o, ke exaa nu ɖe eta ɣe sia ɣi, eye wòve Yehowa be yeɖo Saul fiae na Israel.

< 撒母耳記上 15 >