< 列王紀上 7 >

1 [建造宮室]此後,撒羅滿為自己建造宮室,十三年方纔完成。
Solomo tu fiasã na eɖokui; fiasã la tutu xɔ ƒe wuietɔ̃.
2 他建造的,有黎巴嫩林宮,長一百肘,寬五十肘,高三十肘;有三行香柏木柱子,柱子上端有香柏木托梁。
Woyɔa fiasã la ƒe xɔ ɖeka be, “Lebanon ƒe Avexɔ.” Elolo ŋutɔ, edidi mita blaene-vɔ-ade, keke mita blaeve-vɔ-etɔ̃ eye wòkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Sedati ƒe daɖedzi gãwo nɔ sedati ƒe sɔti siwo wotu ɖe agbaka ene me la dzi.
3 上面蓋上香柏木板;每行十五根柱子,共有四十五根。
Wogbae kple sedati ɖe daɖedziawo tame. Daɖedziawo nɔ sɔti blaene-vɔ-atɔ̃awo dzi. Sɔti wuiatɔ̃ nɔ agbaka etɔ̃ dometɔ ɖe sia ɖe me.
4 窗戶有三排,三排窗戶彼此相對。
Eɖe fesreawo ɖe kɔkɔƒe; fesre etɔ̃ nɔ axa ɖeka, etɔ̃ hã nɔ axa bubu eye wodze ŋgɔ wo nɔewo.
5 門和窗戶都是方形;三層窗戶都彼此相對。
Ʋɔtrutiawo ƒe kekeme kple didime siaa sɔ, nenema kee fesretiwo tɔ hã sɔe. Wonɔ agbaka etɔ̃ me eye wodze ŋgɔ wo nɔewo.
6 又造了有圓柱的大廳,長五十肘,寬三十肘;大廳前面另有一個廊子,廊子前面有柱子和頂蓋。
Woyɔ xɔ bubu be Sɔtiwo Ƒe Xɔ. Edidi mita blaadre-vɔ-etɔ̃ eye wòkeke mita wuietɔ̃ kple afã. Akpata aɖe nɔ ŋgɔ na xɔ sia. Wogba akpata sia ɖe sɔtiwo dzi.
7 他又造了一廳,中間設有審判的座位,在那裏審案;從地面到梁,都是用香柏木舖蓋的。
Fiazikpuixɔ alo Ʋɔnudrɔ̃xɔ hã nɔ anyi, afi si Fia Solomo drɔ̃a ʋɔnu le. Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu tso anyigba ɖatɔ daɖedziawo.
8 廳後的另一院內,有君王住的宮室,建築式樣,完全與審判廳相同;為君王所娶的法郎公主,也建造了與審判廳相同的宮室。
Fia Solomo tu eya ŋutɔ ƒe nɔƒe ɖe xɔ sia megbe. Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu eye wòtu akpata aɖe ƒo xlãe. Egatu xɔ sia tɔgbi tututu ɖe fiasã la me na Fia Farao ƒe vinyɔnu, ame si nye srɔ̃awo dometɔ ɖeka.
9 從外院直到大院的這一切建築,從地基到屋頂,都是用按尺寸鑿好,用鋸內外鋸平的寶貴石頭建造的。
Woɖo gli siawo katã tso gota va se ɖe xɔxɔnu gã la eye tso gɔmeɖokpe dzi va se ɖe kpe siwo wotsɔ ƒo xɔtae la dzi. Kpe siawo nye kpe xɔasi siwo wokpa kple laxalaxa eye wozrɔ̃ wo ŋkume kple wo godo siaa.
10 地基也都是用貴重巨大的石頭砌成的,有的十肘長,有的八肘長;
Woɖo xɔ la ƒe gɔmeɖokpewo kple kpe xɔasi gãwo eye ɖewo ƒe didime anɔ mita ene kple afã eye ɖewo hã etɔ̃ kple afã.
11 上面有按尺寸鑿好的貴重石頭和香柏木。
Woɖo gliawo ƒe dziƒogbɔ kple kpe xɔasi siwo wokpa ɖe dzidzeme nyuitɔ nu eye wotsɔ sedatiwo da ɖe wo dzi.
12 大院四周的牆有三層鑿好的石頭和一層香柏木板;上主的殿宇的內院和殿廊,都包圍在內。兩根銅柱
Wotsɔ kpe siwo woɖo atsyɔ̃ na la ɖo gli kpui aɖe ƒo xlã xɔxɔnu gãtɔ la eye le gli kpui la tame la, wotsɔ sedati si ŋuti woƒlɔ wòzrɔ̃ nyuie la ɖo ɖe etame abe ale si wowɔe le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu emetɔ kple eƒe akpata me la ene.
13 撒羅滿王派人由提洛將希蘭接來。
Azɔ Fia Solomo ɖo du ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Huram la tso Tiro be wòava.
14 希蘭是納斐塔里支派一個寡婦的兒子,他父親是提洛的一個銅匠;他多才多藝,會做一切銅工。他來到撒羅滿前,為他做一切工作,
Huram nye Yuda nyɔnu aɖe si tso Naftali ƒomea me eye wònye ahosi aɖe ƒe vi. Fofoa nye akɔblinutula tso Tiro, ale aɖaŋu, nugɔmesese kple nunya geɖe le tagbɔ nɛ eye wònya akɔbliɖaŋu vovovowo wɔwɔ. Eva Fia Solomo gbɔ eye wòwɔ dɔ siwo katã wode asi nɛ.
15 鑄了兩根銅柱:一根高十八肘,周徑十二肘,四指厚,中空;另一根也是這樣。
Hiram tsɔ akɔbli tu sɔti eve siwo me do le, ɖe sia ɖe kɔ mita enyi kple nu sue aɖe.
16 製了兩個銅鑄的智頭,安在柱子頂端:一個柱頭五肘,另一個柱頭也高五肘。
Ewɔ tameɖonu eve kple akɔbli be woatsɔ aɖo sɔtiawo dzi. Tameɖonu ɖe sia ɖe kɔ mita eve kple afã.
17 他又製了兩個銅網,為遮護柱子頂端的柱頭:這一個柱頭有一個銅網,另一個柱頭也有一個銅網。
Ewɔ gaɖɔwo kple kɔsɔkɔsɔ adreadre da ɖe sɔtiawo tame.
18 在網子周圍,又製了兩行石榴,遮住柱頭:兩個柱頭都是如此。
Ewɔ seƒoƒowo ɖe fli eve me, woƒo xlã gaɖɔ ɖe sia ɖe be woaɖo atsyɔ̃ na tameɖonuawo dometɔ ɖe sia ɖe.
19 柱子頂端上的柱頭,刻有百合花形像,四肘高。
Wowɔ tameɖonu na sɔti siwo le akpata la me la ɖe dzogbenya ƒe nɔnɔme me, ɖe sia ɖe kɔ mita eve.
20 兩根柱子頂端上的柱頭突起處,網子後面,各有石榴二百個,分行圍繞著。
Wota seƒoƒo alafa eve ɖe agbaka eve me ƒo xlã tameɖonu siwo le sɔtiawo tame la dzi.
21 他將兩根柱子豎立在殿廊的前面:給立在右邊的柱子,起名叫雅津;給立在左邊的柱子,起名叫波阿次:
Hiram da sɔti eve siawo ɖe gbedoxɔ la ƒe mɔnu. Esi le dziehe gome la ŋkɔe nye Yakin eye esi le anyiehe gome ŋkɔe nye Boaz.
22 這樣,柱子的工作就算完成了。銅海
Wotsɔ tameɖonu siwo wowɔ ɖe dzogbenya ƒe nɔnɔme me la da ɖe sɔtiawo tame, ale wowu sɔtiawo ŋuti dɔwo nu.
23 他又鑄造了一座銅海,圓形,直徑十肘,高五肘,周徑三十肘。
Emegbe la, Etsɔ gayibɔ wɔ gazɔ si le nogoo, eƒe ta ƒe kekeme anɔ mita eve kple afã kpe ɖo, gazɔ la ƒe kɔkɔme anɔ mita ɖeka kple afã. Ne wodzidze zɔ la ƒe kekeme blibo la, anɔ mita wuietɔ̃ kple afã.
24 銅海邊緣下面周圍有匏瓜,每肘十個,四面圍繞著銅海;匏瓜分成兩行,是鑄銅海時鑄上去的。
Le zɔ la te lɔƒo la, wowɔ go siwo dome nɔ sentimita ene alo eve eye wonɔ agbaka eve me. Wololõ akɔbli wɔ wo kpe ɖe gazɔ la ŋu.
25 銅海安放在十二隻銅牛上;三隻向北,三隻向西,三隻向南,三隻向東。銅海安放在牛背上,牛尾朝裏。
Wotsɔ zɔ la da ɖe nyitsu wuieve dzi. Etɔ̃ dze ŋgɔ anyiehe, etɔ̃ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe, etɔ̃ dze ŋgɔ dziehe eye etɔ̃ dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Wotsɔ zɔ la da ɖe wo tame eye zɔ la ƒe afɔwo le woƒe titina.
26 銅海厚一掌,邊像杯邊,形似百合花,可容兩千「巴特。」盆與盆座
Zɔ la tri sentimita enyi, eƒe to le abe tsinokplu tɔ ene eye wowɔe abe ale si dzogbenya ƒe seƒoƒo le ene. Exɔa tsi kilolita blaene-vɔ-ene.
27 又鑄造了十個銅盆座,每個長四肘,寬四肘,高三肘。
Etsɔ akɔbli wɔ nunɔdzi ewo, tasiaɖam ƒe afɔwo nɔ ɖe sia ɖe te. Nunɔdzi ɖe sia ɖe ƒe didime kple kekeme nye mita eve eye wòkɔ mita ɖeka kple afã.
28 盆座的造法是這樣:盆座有鑲板,鑲板裝入框架內,
Wowɔ wo kple akɔbli gbadza siwo woda ɖe akɔblitiwo dzi.
29 在框架中間的鑲板上刻有獅子、牛和革魯賓的形像,在框架上也有雕刻;獅子和牛的形像下,刻有花紋浮雕。
Wota dzatawo, nyitsuwo kple Kerubiwo ɖe akɔbli gbadzawo dzi. Wota seƒoƒotsihewo ɖe gatiawo dzi le dzataawo kple nyitsuawo tame kple wo te siaa.
30 每個盆座有四個銅輪和銅軸;盆底有四腳作支柱,支柱是鑄成的;每邊都刻有花紋。
Hiram tsɔ akɔbli wɔ tasiaɖamfɔ ene kple woƒe troƒewo ɖe nunɔdzi ɖe sia ɖe te. Zɔawo nɔ dzogoe eneawo dzi eye wodze ŋgɔ wo nɔewo.
31 盆座的口,從座底至口邊高一肘半;口成圓形,為安放銅盆之用;在口的邊緣上也有雕刻;盆座的鑲板是四方形的,而不是圓形的。
Wotsyɔ nu zɔawo nu. Nutsyɔnuawo do ɖe dzi sentimita blaene-vɔ-atɔ̃ eye wogabi do ɖe anyigba le eme.
32 四個輪子是在鑲板之下,輪軸與座底相接;輪子高一肘半。
Akɔblifɔawo kɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Wonɔ akɔbli gbadzawo te eye wotu troƒeawo kple tasiaɖamuawo ɖekae.
33 輪子的製法和車輪的製法一樣,輪軸、輪輞、輪輻和輪轂,都是鑄成的。
Woƒe afɔwo le abe tasiaɖam ƒe afɔwo ene. Wotsɔ akɔbli wɔ tasiaɖam la ƒe akpa ɖe sia ɖe.
34 每個盆座有四根支柱支持四角,支柱與盆座是一塊鑄成的。
Wotsɔ akɔbli wɔ sɔti suewo kple nunɔdziawo ɖekae ɖe woƒe dzogoewo me.
35 盆座頂上有一個圓架,高半肘;在座頂上有柄,鑲板與座是一塊鑄成的。
Womli nunɔdzi la ƒe nu wokɔ sentimita blaeve-vɔ-ade eye towo kple akɔgo le eŋu.
36 鑲板壁上刻有革魯賓、獅子和棕樹;四周空處另刻有花紋。
Wota Kerubiwo, dzatawo kple detiwo eye wofa seƒoƒowo ƒo xlã wo togawo afi sia afi si mɔ nɔ la ko.
37 十個盆座都是這樣做的:鑄法、尺寸和式樣完全相同。
Nunɔdzi ewoawo katã sɔ le lolome eye woɖi wo nɔewo elabena wololõ woƒe akɔbli kɔ ɖe nu ɖeka ma ke me le wo wɔɣi.
38 又製了十個銅盆,每個銅盆可容四十「巴特;」每個銅盆高四肘;十個銅盆座上,每個安放一個銅盆。
Hiram tsɔ gadzẽ wɔ ze ewo da ɖe nunɔdziawo dzi, ze ɖe sia ɖe keke eye wòdidi mita eve eye wòxɔa tsi lita alafa enyi blaenyi.
39 他把盆座,五個放在殿的右邊,五個放在殿的左邊;至於銅海,他放在殿右靠東南方。希蘭所製物品
Woɖi ze atɔ̃ ɖe gbedoxɔ la ƒe dziehe eye woɖi atɔ̃ bubu hã ɖe eƒe anyiehe. Zɔ la nɔ dzogoe si nɔ dziehe kple ɣedzeƒe dome la me le xɔa me le ɖusime.
40 希蘭又製造了鍋、鏟和盤:這樣,希蘭為撒羅滿作完了上主殿宇的一切工作:
Huram gawɔ zewo, sofiwo kple trewo. Ale wòwu dɔ si Fia Solomo ɖo nɛ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la nu. Nu siwo wòwɔ la woe nye esiawo:
41 計有柱子兩根,柱子頂端球形的柱頭兩個,遮護柱子頂端球形柱頭的網子兩個,
Sɔti eve; tameɖonu ɖeka ɖeka na sɔti eveawo; wotsi kɔsɔkɔsɔ eve ɖe tameɖonu nogoawo ŋu le sɔtiawo tame.
42 兩個網子上的石榴四百個,─每個網子上有兩行石榴,為遮護柱子頂端的兩個球形柱頭,
Yevuboɖa alafa ene le agbaka eve me le gaɖɔ ɖeka ŋu ne woxe ta mligo eve siwo le sɔtiawo tame la ŋu;
43 盆座十個,放在座上的盆子十個,
nunɔdzi ewo kple ze ewo siwo nɔ nunɔdziawo dzi;
44 銅海一個,銅海下的銅牛十二隻,
gazɔ ɖeka kple nyitsu wuieve siwo le gazɔ la te;
45 鍋鏟和盤:以上一切器皿,都是希蘭給撒羅滿用光滑的銅,為上主的殿製造的,
zewo, sofiwo kple trewo. Nu siawo katã Huram wɔ na Fia Solomo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple akɔbli si ŋu wozrɔ̃.
46 是他在約旦平原,穌苛特與匝爾堂之間,用膠泥模鑄成的。
Fia la na wololõ ga la kɔ ɖe nu si wowɔ ɖe nuawo ƒe nɔnɔme me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Sukɔt kple Zaretan dome.
47 撒羅滿沒有秤量這一切器皿,因為銅太多,重量無法計算。
Solomo mena woda nuawo kpɔ o, elabena akɔbliawo sɔ gbɔ ale gbegbe be, womate ŋu adae o.
48 以後撒羅滿又製造了上主殿內的一切用具:就是金祭壇,供餅的金桌,
Solomo na wotsɔ sika nyuitɔ wɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nuwo katã. Nu siawoe nye: vɔsamlekpui, kplɔ̃ si dzi wodaa Ŋkumeɖobolo ɖo;
49 內殿前的燈臺,五個在右邊,五個在左邊,都是純金的;還有花蕊、燈盞、燭剪,也是金的。
akaɖitiwo, atɔ̃ le ɖusime eye atɔ̃ hã le miame, le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ŋgɔ, seƒoƒowo, akaɖiwo kple ɖovulãnuwo.
50 又有盆、刀、碗、杯、火盤,都是純金的;還有內殿既至聖所,和正殿的門樞,都是金的。
Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ kpluwo, hɛwo, agbawo, gatsiwo kple nutɔgbawo kple Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe ʋɔtrugawo kple gbedoxɔ la ƒe mɔnuʋɔtru.
51 撒羅滿就這樣完成了為上主的殿所作的一切工作。撒羅滿將他父親達味所奉獻的銀子、金子和器皿運了來,存放在上主殿宇的府庫內。
Esi wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la nu mlɔeba la, Fia Solomo tsɔ klosalo kple sika kple nu siwo katã ŋu fofoa, Fia David, kɔ hena gbedoxɔ la, da ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe la me.

< 列王紀上 7 >