< 列王紀上 3 >

1 [撒羅滿與外族結親]撒羅滿與埃及王法郎結親,娶了法郎的公主,接她住在達味城,直等到他建完了自己的宮殿、上主的殿及耶路撒冷四周圍的城垣。
Solomo wɔ ɖeka kple Farao, Egipte fia eye wòɖe via nyɔnu aɖe. Ekplɔe va David ƒe du la me va se ɖe esime wòawu eƒe fiasã la kple Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu kple gliɖoɖo ƒo xlã Yerusalem nu.
2 百姓仍然在高丘上獻祭,因為直到那時,還沒有為上主的名建造殿宇。
Le ɣe ma ɣi la, Israel saa vɔ le vɔsamlekpuiwo dzi le toawo dzi elabena wometu Yehowa ƒe gbedoxɔ haɖe o.
3 撒羅滿愛慕上主,遵行他父親達味的律例,只是仍在高丘上獻祭焚香。上主顯現給撒羅滿
Fia Solomo lɔ̃ Yehowa eye wòzɔ ɖe fofoa, Fia David ƒe ɖoɖowo katã nu negbe ale si wòyi vɔwo sasa kple dzudzɔdodo dzi le toawo dzi ko.
4 撒羅滿王去了基貝紅,為在那裏獻祭,因為那是一個最廣大的高丘。撒羅滿在那裏的祭壇上奉獻了一千全燔祭。
Vɔsamlekpui siwo nɔ toawo dzi la dometɔ xɔŋkɔtɔe nye esi nɔ Gibeon; Fia la yi afi ma eye wòsa numevɔ akpe ɖeka!
5 撒羅滿在基貝紅時,夜間上主藉著夢顯現給他;天主對他說﹕「你不拘求什麼,我必給你。」
Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me eye wògblɔ nɛ be, “Bia nu sia nu si dze ŋuwò la eye matsɔe ana wò!”
6 撒羅滿說﹕「你的僕人,我的父親達味曾以虔誠、公義及正直的心與你同行,你曾向他表示了偉大的恩德,又為給他保持這偉大的恩德,賜給了他一個兒子,坐在他的寶座上,如同今天一樣。
Solomo ɖo eŋu be, “Èwɔ dɔmenyo gã na wò dɔla, fofonye, David elabena eɖi anukware na wò. Ewɔ nu dzɔdzɔe eye eƒe dzi to mɔ ɖeka. Èyi edzi, ɖe amenuveve gã sia fiae eye nèna viŋutsue be wòanɔ eƒe fiazikpui dzi egbea.
7 上主,我的天主,現在你使你的僕人替代我父親達味為王,但我還太年輕,不知道如何處理國事。
“Azɔ la, Oo Yehowa, nye Mawu, èɖo wò dɔla fiae ɖe fofonye, David teƒe, ke nye la, ɖevi sue ko menye, nyemenya ale si mawɔ nye dɔdeasiwoe o.
8 你的僕人是住在你所選的民族中間,這是一個多得不可統計,不可勝數的大民族。
Azɔ la, wò dɔla le afii, le wò ame tiatiawo dome, dukɔ si lolo eye ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu axlẽ wo o.
9 為此,求你賜給你的僕人一顆慧心,可統治你的百姓,判斷善惡;否則,誰能統治你這樣眾多的人民呢﹖」
Na dzi nyanu wò dɔla ale be wòate ŋu aɖu wò dukɔ dzi eye wòade vovototo nyui kple vɔ̃ dome elabena ame kae ate ŋu aɖu wò dukɔ gã sia dzi?”
10 因為撒羅滿求了這件事,獲得了上主的歡心。
Edzɔ dzi na Aƒetɔ la be Solomo bia nu sia
11 天主於是對他說﹕「因為你求了這件事,而沒有為你自己求長壽,也沒有為你自己求富貴,也沒有要求你敵人的性命,單單為你自己求了智慧,為能辨明正義。
eya ta Mawu gblɔ nɛ be, “Esi nèbia esia eye menye agbe didi loo alo kesinɔnuwo na ɖokuiwò o loo alo wò futɔwo ƒe ku o ke boŋ dzi nyanu be yeatsɔ atso afia nyui ta la,
12 我必照你的話作,賞賜你一顆聰明智慧的心,在你以前沒有像你的人,在你以後,也不會興起一個像你的人。
mawɔ nu si nèbia la na wò. Mana dzi nyanu kple dzi si sea nu gɔme la wò ale be tɔwò tɔgbi aɖeke manɔ anyi fifia loo alo akpɔ gbeɖe o.
13 你沒有要求的榮華富貴,我也賞賜你,使你在列王中,一生沒有可與你相比的。
Gawu la, matsɔ nu si mèbia o la hã akpee na wò, kesinɔnuwo kple bubu siaa, ale be le wò agbemeŋkekewo katã me la, fia aɖeke masɔ kpli wò o
14 如果你履行我的道路,恪守我的法律和我的命令,一如你父親達味所行的,我必要延長你的壽命。」
eye ne èzɔ le nye mɔwo dzi, nèwɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖowo dzi abe ale si fofowò, David wɔ ene la, mana agbe didi wò.”
15 撒羅滿醒來,纔知道原是一夢;以後他回了耶路撒冷,立在上主的約櫃前,奉獻了全燔祭與和平祭,設宴款待了自己所有的臣僕。撒羅滿斷獄如神
Solomo nyɔ eye wòdze sii be drɔ̃e yeku. Etrɔ va Yerusalem eye wòva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, sa numevɔ kple akpedavɔ eye wòɖo kplɔ̃ gã aɖe na eŋumewo katã.
16 有一天,有兩個妓女來見君王,立在君王面前。
Gbe ɖeka la, ɖetugbi eve siwo nye gbolowo la tsɔ nya aɖe va fia la gbɔ be wòatso eme na yewo.
17 一個女人說﹕「我主,我和這個女人同住一房,在這房裏,我靠著她生了一個孩子。
Ɖeka gblɔ be, “Nye aƒetɔ, nye kple nyɔnu sia míele aƒe ɖeka me. Medzi vi esime wònɔ afi ma kplim.
18 我生產後第三天,這個女子也生了一個孩子。我們住在一起,在這房裏,除我們二人外,再沒有別人住在這房裏。
Esi medzi vi ŋkeke etɔ̃ megbe la, nyɔnu sia hã dzi vi. Mí ame evea koe nɔ aƒea me.
19 有一夜,這個女子的兒子死了,是因為她睡覺壓死的。
“Ke le zã me la, emlɔ anyi, mli ɖamlɔ via dzi eye ɖevia ku.
20 她半夜起來,趁你婢女熟睡時,從我身邊抱去我的兒子,放在她懷裡,把她死了的兒子,放在我懷裡。
Efɔ zã ma me dzaa va tsɔ vinye le gbɔnye esi menɔ alɔ̃ dɔm. Etsɔ via kukua de nye abɔwo dome eye wòtsɔ tɔnye yi ɖamlɔ eɖokui gbɔ.
21 當我清早起來,給孩子餵奶時,發覺孩子死了;及至天亮,我仔細一看,發覺他不是我親生的兒子。」
Esi ŋu be yeake eye mebe mana no vidzĩa la, mekpɔ be eku! Melé ŋku ɖe eŋu nyuie eye medze sii be menye vinyee o.”
22 另一個女人說﹕「不是的,活的是我的兒子,死的是你的兒子。」這個女人說﹕「不是的,死的是你的兒子,活的是我的兒子。」她們倆就這樣在君王面前爭論不休。
Nyɔnu evelia hã gblɔ be, “Etɔ tututue nye vidzĩ kuku la eye tɔnyee nye esi le agbe.” Nyɔnu gbãtɔ be, “Ao, vidzĩ kuku lae nye tɔwò eye agbagbeae nye tɔnye.” Ale wohe nya sia le fia la ŋkume.
23 君王說﹕「這一個說﹕活的是我的兒子,死的是你的兒子;那一個說﹕不是的,死的是你的兒子,活的是我的兒子。」
Fia la gblɔ be, “Ame si gblɔ be, ‘Vinyee nye agbagbea, eye viwòe nye kukua,’ eye ame keme be, ‘Ao! Viwòe nye kukua eye vinyee nye agbagbea.’”
24 君王吩咐說﹕「給我拿把刀來! 」人就給君王拿來了一把刀。
Azɔ fia la gblɔ be, “Enyo, mitsɔ yi vɛ nam” Ale wotsɔ yi vɛ na fia la.
25 君王遂下令說﹕「把那活孩子劈成兩半﹕一半給這一個,一半給那一個。」
Fia la na gbe hegblɔ be, “Mima ɖevi gbagbe la ɖe akpa eve me eye miatsɔ afã eveawo na nyɔnu eve siawo ɖekaɖekae!”
26 那活孩子的母親因為愛子心切,就對君王說﹕「我主,請把活孩子給那女人罷! 千萬不要殺他! 」那個女人說﹕「劈開罷! 這孩子不歸我,也不歸你! 」
Nyɔnu si tɔe nye ɖevi gbagbe la eye wòlɔ̃ via ŋutɔŋutɔ la do ɣli be, “Ao! Kpao! Aƒetɔ! Tsɔ ɖevi gbagbe la na nyɔnu evelia faa! Mègawui o!” Ke nyɔnu evelia ya gblɔ be, “Enyo, ekema ɖevia maganye tɔwò loo alo tɔnye o; mimae na mí!”
27 君王於是宣判說﹕「將活孩子給這個女人,不要殺他。這個女人實在是他的母親! 」
Fia la gblɔ be, “Tsɔ ɖevi gbagbea na nyɔnu si di be ɖevia nanɔ agbe, elabena eyae nye ɖevi la dada!”
28 全以色列人聽了君王所斷的案件,便都尊敬君王,因為他們見他斷案時,具有天主的智慧。
Fia Solomo ƒe nyametsotso sia kaka ɖe dukɔ blibo la me enumake eye ameawo katã ƒe nu ku esi wodze si nunya gã si Mawu nae.

< 列王紀上 3 >