< 列王紀上 16 >

1 那時,有上主的話傳於哈納尼的兒子耶胡,斥責巴厄沙說:「
Le ɣeyiɣi sia me la, Yehowa ƒe gbe va na Fia Baasa to Nyagblɔɖila Yehu dzi be,
2 我由塵埃中提拔了你,立你做我民以色列的領袖,你卻走了雅洛貝罕的路,使我民以色列犯罪,激怒我;
“Meɖe wò tso ke me be, nàɖu fia ɖe nye dukɔ Israel dzi. Ke èto Yeroboam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe mɔwo dzi. Èna nye dukɔ, Israel wɔ nu vɔ̃ eye wodo dziku nam kple woƒe nu vɔ̃wo,
3 我現在,我要掃除巴厄沙和他的家族,使他的家如同乃巴特的兒子雅洛貝罕的一家一樣:
eya ta azɔ la, matsrɔ̃ wò kple wò ƒometɔwo abe ale si metsrɔ̃ Yeroboam ƒe dzidzimeviwo ene.
4 凡屬巴厄沙家的人,死在城中的,必為狗吞食,死在田野間的,必為空中的飛鳥啄食。」
Wò ƒometɔ siwo aku le dua me la, avuwo aɖu wo eye esiwo aku ɖe gbedzi la, akagawo aɖu wo.”
5 巴厄沙其餘的事蹟,他所行的事和他的功績,都記載在以色列列王實錄上。
Woŋlɔ nu bubu ɖe sia ɖe si Baasa wɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
6 巴厄沙與列祖同眠,葬在提爾匝;他的兒子厄拉繼位為王。
Baasa ku woɖii ɖe Tirza eye via Ela ɖu fia ɖe eteƒe.
7 上主藉哈納尼的兒子,先知耶胡傳話斥責巴厄沙和他的家族,是因為他行了許多上主眼中視為惡的事,以自己的作為激怒了上主,如同雅洛貝罕的家一樣;又因為他殺了雅洛貝罕全家。厄拉為以色列王
Nyagblɔɖila Yehu gblɔ nya si tso Yehowa gbɔ, tso Baasa kple eƒe ƒometɔwo ŋu le nu vɔ̃ siwo Baasa wɔ ɖe Yehowa ŋu ta. Edo dɔmedzoe na Yehowa, menye le eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ɖeɖe ko ta, abe ale si Yeroboam wɔ le eŋgɔ ene o, ke boŋ le ale si wòwu Yeroboam ƒe ƒometɔwo katã hã ta.
8 猷大王阿撒二十六年,巴厄沙的兒子厄拉在提爾匝登極作以色列王,在位凡二年。
Ela, Baasa ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adelia me. Eɖu fia ƒe eve ko.
9 他的臣僕,即率領他半數戰車的隊長,齊默黎結黨背叛了他。當他在提爾匝,他的家在阿爾匝家喝醉時,
Aʋafia Zimri, ame si kpɔa fia la ƒe tasiaɖamwo ƒe afã dzi la ɖo nugbe ɖe Fia Ela ŋu. Gbe ɖeka la, esi Fia Ela mu aha afã kple afã le Arza, ame si nye fiasãdzikpɔla ƒe aƒe me le Tirza, si nye fiadu la me la,
10 齊默黎衝入,擊殺了他,篡奪了他的王位,時在猶大王阿撒二十七年。
Zimri zɔ tẽe ɖatɔ nue ƒu anyi eye wòku. Nya sia dzɔ le Yuda fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me. Zimri tsɔ eɖokui ɖo Israel fiae ɖe eteƒe.
11 齊默黎一登極,立刻屠殺了巴厄沙全家,沒有給他留下一個男子,連他的親屬朋友都殺了。
Ewu Fia Baasa ƒe ƒometɔwo katã enumake eye megblẽ ŋutsu ɖeka pɛ gɔ̃ hã ɖi o. Ewu eƒe ƒometɔ siwo mete ɖe eŋu tututu o kple exɔlɔ̃wo gɔ̃ hã.
12 齊默黎這樣毀滅了巴厄沙全家,應驗了上主藉先知耶胡斥責巴厄沙所說的話。
Baasa ƒe ƒometɔ siawo wuwu na nya si Yehowa gblɔ da ɖi to Nyagblɔɖila Yehu dzi la va eme.
13 這是因為巴厄沙和他的兒子厄拉所犯的一切罪,即引以色列陷於罪惡,因他們製造了虛無偶像,激怒了上主,以色列的天主。
Dzɔgbevɔ̃enya sia dzɔ le Baasa kple via Ela ƒe nu vɔ̃wo ta elabena wokplɔ Israel de legbawo subɔsubɔ me eye Yehowa do dɔmedzoe ŋutɔŋutɔ.
14 厄拉其餘的事蹟,他的一切作為,都記載在以色列列王實錄上。齊默黎為以色列王
Woŋlɔ nu mamlɛawo tso Ela ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
15 猶大王阿撒二十七年,齊默黎王提爾匝作王僅七天。當時人民正在圍攻培肋舍特人的基貝通,
Le Asa, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me la, Zimri ɖu fia le Tirza ŋkeke adre. Aʋakɔ la ƒu asaɖa anyi ɖe Gibeton si nye Filistitɔwo ƒe du aɖe la xa.
16 消息傳到營中說:齊默黎已經叛變,擊殺了君王,全以色列人當天即在營中,選立了軍長敖默黎作以色列王。
Esime Israelviwo se le asaɖa la me be Zimri ɖo nugbe ɖe fia la ŋu eye wòwui la, wotsɔ Omri, woƒe aʋafia la ɖo fiae gbe ma gbe ke le asaɖa la me.
17 敖默黎和與他在一起的全以色列人,從基貝通上去圍攻提爾匝。
Ale Omri kplɔ aʋakɔ si nɔ Gibeton la eye wòɖe to ɖe Tirza si nye Israel ƒe fiadu.
18 齊默黎一見城已失陷,即走進王宮的城堡,縱火焚燒王宮,自焚而死。
Esi Zimri kpɔ be futɔwo xɔ Tirza la, eyi fiasã la me hetɔ dzoe ɖe eɖokui dzi eye wòku ɖe dzo la me.
19 這是因為他所犯的罪惡,行了上主視為惡的事,走了雅洛貝罕的路,並以自己所犯的罪,使以色列陷於罪惡。
Esia va eme elabena eya hã wɔ nu vɔ̃ abe Yeroboam ene. Esubɔ legbawo eye wòkplɔ Israel de nu vɔ̃ me.
20 齊默黎其餘的事蹟,暗殺叛變的事,都記載在以色列列王實錄。
Woŋlɔ Zimri ƒe ŋutinya mamlɛa kple eƒe nugbeɖoɖo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
21 那時,以色列人民分裂為二:一半跟隨基納特的兒子提貝尼,要立他為王;一半跟隨敖默黎。
Azɔ la, Israel fiaɖuƒe la ma ɖe akpa eve me; akpa ɖeka nɔ Aʋafia Omri dzi eye akpa evelia nɔ Tibni, Ginat ƒe vi dzi.
22 跟隨敖默黎的人勝過了跟隨基納特的兒子提貝尼的人;提貝尼死後,敖默黎便作了王。敖默黎為以色列王
Ke Aʋafia Omri ɖu Tibni dzi. Wowu Tibni ale be ame aɖeke megaʋli fiaɖuƒe la kple Omri o.
23 猶大王阿撒三十一年,敖默黎登極作以色列王,在位凡十二年,其中六年在提爾匝。
Yuda fia, Asa ɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ̃-ɖekɛ esime Omri de asi fiaɖuɖu me le Israel. Omri ɖu fia ƒe ade le Tirza.
24 敖默黎用兩「塔冷通」銀子,由舍默爾手中買下了芍默龍山。他修建了這座山,依照山的原主舍默爾的名字,給他所建築的城起名叫「撒瑪黎雅。」
Eƒle Samaria togbɛ la le Semer si hena klosalo kilogram blaadre eye wòtso du ɖe edzi. Etsɔ Semer, ame si si wòƒle togbɛ la le la ƒe ŋkɔ na du la be Samaria.
25 敖默黎行了上主視為惡的事,甚至比他以前的人更為邪惡。
Ke Omri nye nu vɔ̃ wɔla wu fia siwo katã do ŋgɔ nɛ.
26 事事仿效乃巴特的兒子雅洛貝罕所走的路,犯了更使以色列陷於罪惡的罪,又敬拜邪神偶像,激怒上主,以色列的天主。
Esubɔ legbawo abe ale si Yeroboam wɔ ene eye wòkplɔ Israel de legbasubɔsubɔ me.
27 敖默黎其餘的事蹟,他的作為和功蹟,都記載在以色列列王實錄上。
Woŋlɔ Omri ƒe ŋutinya ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
28 敖默黎與列祖同眠,葬在撒瑪黎雅;他的兒子阿哈布繼位為王。阿哈布為以色列王
Esi Omri ku la, woɖii ɖe Samaria eye Via ŋutsu Ahab zu fia ɖe eteƒe.
29 猶大王阿撒三十八年,敖默黎的兒子阿哈布登極作以色列王。敖默黎的兒子阿哈布在撒瑪黎雅作以色列王,凡二十二年。
Yuda fia, Asa ɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi esime Ahab zu fia ɖe Israel dzi. Ahab ɖu fia ƒe blaene-vɔ-eve.
30 敖默黎的兒子阿哈布行了上主視為惡的事,甚於他以前的人。
Ahab wɔ nu vɔ̃ wu fofoa Omri gɔ̃ hã; ewɔ nu vɔ̃ wu Israel fia ɖe sia ɖe!
31 他走了乃巴特的兒子雅洛貝罕犯罪的路,尚以為是小事,又娶了漆冬王厄特巴耳的女兒依則貝耳為妻,親自去服事敬拜巴耳,
Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe Yezebel, Sidon fia Etbaal ƒe vinyɔnu eye wòde asi Baal subɔsubɔ me.
32 在撒瑪黎雅為巴耳建築了一座廟宇,廟內為巴耳設立了一座祭壇。
Gbã la, etu gbedoxɔ kple vɔsamlekpui na Baal ɖe Samaria.
33 阿哈布又立了阿舍辣;阿哈布行事激怒上主,以色列的天主,尤甚於他以前的以色列王。
Emegbe la, Ahab li aƒeli bubuwo eye wòwɔ nu vɔ̃ bubu geɖe siwo gado dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la wu Israel fia bubu siwo katã do ŋgɔ nɛ.
34 他在位的時候,貝特耳人希耳重建了耶里哥;奠基的時候,死了長子阿彼蘭;安門的時候,死了幼子色古布:這正應驗了上主藉農的兒子若蘇厄所說的話。
Le esime Ahab nɔ fia ɖum la, ŋutsu aɖe tso Betel, ame si ŋkɔe nye Hiel la gbugbɔ Yeriko tu. Esi wòɖo gɔmeɖokpea la, Via ŋutsu tsitsitɔ, Abiram, ku eye esi wòwu enu hede agbowo dua ƒe gliwo nu la, Via ŋutsu suetɔ, Segub, hã ku. Esia va eme le fiƒode si Yehowa da ɖe du la dzi abe ale si Yosua, Nun ƒe vi la gblɔ ene la nu.

< 列王紀上 16 >