< 列王紀上 11 >
1 [撒羅滿敬拜邪神]撒羅滿除了法郎的公主外,又愛上了許多外國女子:即摩阿布女子,阿孟女子,厄東女子,漆冬女子,赫特女子。
Ke hã la, Fia Solomo galɔ̃ dutanyɔnu geɖewo kpe ɖe Farao ƒe vinyɔnu la ŋuti. Nyɔnuawo nye srɔ̃awo kpe ɖe Egipte fiavinyɔnu la ŋu. Srɔ̃awo dometɔ geɖewo nye Moabtɔwo, Amonitɔwo, Edomtɔwo, Sidontɔwo kple Hititɔwo.
2 關於這些民族,上主曾吩咐以色列子民說:「你們不可到他們中間去,他們也不可到你們中間來,否則他們必會引誘你們的心,傾向他們的神。」但是,撒羅滿卻戀愛這些女子。
Togbɔ be Yehowa de se na eƒe amewo be womegaɖe srɔ̃ tso dukɔ bubuwo me o elabena dukɔ bubu mawo ƒe nyɔnuwo akplɔ wo ade mawu bubuwo subɔsubɔ me hã la, Solomo ya ɖe wo.
3 他有七百個各地公主為妻妾,另外還有三百妃子;這些妻妾終於敗壞了他的心。
Srɔ̃ alafa adre kple ahiãvi alafa etɔ̃ nɔ esi. Ame siawo trɔ Fia Solomo ƒe dzi ɖa tso Yehowa ŋu,
4 當撒羅滿年老的時候,這些妻妾迷惑了他的心,勾引他去崇拜別的神;他的心已不像他父親達味的心,全屬於上主他的天主。
vevietɔ le eƒe tsitsime. Wodo ŋusẽe be wòasubɔ woƒe mawuwo le esime wòasubɔ Yehowa, eƒe Mawu le nyateƒe me kple dzi blibo abe ale si fofoa, Fia David wɔ ene la teƒe.
5 這樣,他隨從了漆冬人的女神阿市托勒特和阿孟人的可憎之物米耳公。
Solomo subɔ Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu kple Milkom, Amonitɔwo ƒe ŋunyɔmawu la.
6 撒羅滿作了上主眼中視為惡的事,不像他父親達味那樣全心服從上主。
Ale Solomo wɔ nu vɔ̃ eye medze Yehowa yome abe fofoa, Fia David ene o.
7 那時,撒羅滿在耶路撒冷東面的山上,為摩阿布人的可憎之物革摩士,為阿孟子民的可憎之物摩肋客,修築了丘壇。
Etu nuxeƒe aɖe gɔ̃ hã ɖe Amito la dzi le balime la godo tso Yerusalem, na Kemos, Moabtɔwo ƒe ŋunyɔmawu la eye wògatu bubu na Molek, Amonitɔwo ƒe ŋunyɔmawu la hã.
8 他為所有的外國妻妾,都修築了丘壇,各給自己的神焚香獻祭。上主發怒警告
Solomo tu nuxeƒewo na srɔ̃a dzronyɔnuwo be woado dzudzɔ eye woasa vɔwo na woƒe mawuwo le teƒe mawo.
9 上主遂向撒羅滿發怒,因為他的心偏離了兩次顯現給他的上主以色列的天主。
Yehowa do dɔmedzoe ɖe Solomo ŋu elabena eƒe dzi ɖe ɖa le Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si ɖe eɖokui fiae zi eve la ŋu.
10 當時,上主對此事曾吩咐過他,不可去隨從別的神,但他卻沒有遵守上主的命令。
Togbɔ be ede se na Solomo be megadze mawu bubuwo yome o hã la, Solomo mewɔ Yehowa ƒe se la dzi o.
11 於是,上主對撒羅滿說:「你既然這樣行事,不遵守我的盟約,和我吩咐你的誡命,我必要奪去你的王國,賜給你的一個臣僕。
Ale Yehowa gblɔ na Solomo be, “Esi wònye esiae nye wò nɔnɔme eye mèzɔ ɖe nye nubabla kple nye se siwo mede na wò nu o ta la, maxɔ fiaɖuƒe la le asiwò kokoko eye matsɔe na tewòviwo dometɔ ɖeka.
12 雖然如此,但為了你父親達味的緣故,在你有生之日,我不作這事;我將要由你兒子手中奪去。
Ke le fofowò, Fia David ta la, nyemawɔ nu sia le wò agbenɔɣi o. Maxɔe le viwò si.
13 但是仍不完全奪去,為了我僕人達味和我所揀選的耶路撒冷,我仍給你的兒子留下一支派。」撒羅滿的外患
Ke nyemaxɔ fiaɖuƒe la katã le esi o; matsɔ to ɖeka nɛ le David, nye dɔla kple Yerusalem, du si metia la ta.”
14 那時,上主興起一個反抗撒羅滿的人,就是厄東王的後裔,厄東人哈達得。
Ale Yehowa na Hadad, Edomtɔ la de asi ŋusẽkpɔkpɔ me. Solomo de asi vɔvɔ̃ me elabena Hadad tso fiaƒome me le Edom.
15 當達味打敗厄東後,軍長約阿布前去埋葬陣亡的人時,殺了厄東所有的男子;
Ƒe geɖewo do ŋgɔ na nyadzɔdzɔ sia, esi David kplɔ Yoab yi Edom be yewoaɖi Israelvi aɖewo, ame siwo ku le aʋa me la, Israelviwo wu ŋutsuwo katã kloe le Edomnyigba blibo la dzi.
16 約阿布和全以色列在厄東逗留了六個月,直到將厄東所有的男子完全殺掉。
Nu sia wɔwɔ xɔ ɣleti ade. Mlɔeba la, wowu ŋutsuawo katã kloe le Edom negbe Hadad kple fiaŋume ʋɛ aɖewo koe susɔ.
17 哈達得卻同他父親的幾個臣僕厄東人逃往埃及,那時哈達得還很年輕。
Hadad nye ɖevi sue aɖe ɣe ma ɣi. Fiaŋumewo kple Hadad si to Midian, yi Paran, afi si Edomtɔwo va kpe wo le eye woyi Egipte.
18 他們從米德楊起身,到了帕蘭,從帕蘭又帶了些人到埃及,投奔埃及王法郎;法郎給了他一座房屋,供給他食用,又給了他一塊土地。
Fia Farao na dzeƒe kple nuɖuɖu wo.
19 哈達得在法郎眼前很是得寵,因此將自己的妻子塔培乃斯王后的妹妹,嫁給他為妻。
Hadad va zu Fia Farao xɔlɔ̃ vevitɔwo dometɔ ɖeka. Farao tsɔ Fianyɔnu Tapenes nɔvinyɔnu nɛ wòɖe.
20 塔培乃斯的妹妹給哈達得生了一個兒子叫革奴巴特。塔培乃斯在法郎宮中撫養他,因此革奴巴特便住在法郎宮中,同法郎的公子們一起。
Srɔ̃a dzi ŋutsuvi Gebubat nɛ eye wonyi Gebubat le Fia Farao ƒe fiasã me le fia la ŋutɔ ƒe viŋutsuwo dome.
21 哈達得在埃及聽說達味已與他的列祖同眠,軍長約阿布也已去世,便對法郎說:「請讓我走,回到我故鄉去! 」
Esi Hadad se le Egipte be David kple Yoab siaa ku la, ebia mɔ Fia Farao be yeagbugbɔ ayi Edom.
22 法郎對他說:「你在我這裏缺少什麼,竟想回到你的故鄉去﹖」他回答說:「什麼也不缺,只求你讓我回去! 」
Fia Farao biae be, “Nu ka ta? Nu kae hiã wò le afi sia? Ɖe míegbe nane si nèkpɔ mɔ na la wɔwɔ na wòa?” Hadad ɖo eŋu be, “Èkpɔ dzinye nyuie ŋutɔ gake hã la, medi be magbugbɔ yi mía de.”
23 天主又興起一個反抗撒羅滿的人,就是厄肋雅達的兒子勒宗。他由自己的主人祚巴王哈達德則爾前出走。
Solomo ƒe futɔ bubu si Mawu na wòkpɔ ŋusẽe nye Eliada ƒe vi Rezɔn, Zoba fia Hadadezer ŋume ɖeka si dzo le fia la gbɔ kple anyigba la dzi.
24 在達味擊殺阿蘭人時,聚集了一些人,作了土匪頭目,去了大馬士革,盤踞在那裏,做了大馬士革王。
Esi Fia David gbã Zoba dua la, Rezɔn si kple ame aɖewo yi Damasko, ame siawo va zu adzoha aɖe eye Rezɔn nye woƒe kplɔla. Emegbe la, Rezɔn va zu fia le Damasko.
25 撒羅滿有生之日,勒宗始終與以色列為敵。哈達得就回了國。哈達得的危害,即在於他作了厄東的君王,不斷騷擾以色列。撒羅滿的內憂
Rezon kple Hadad nye Israel ƒe futɔ le Solomo ƒe agbenɔɣi. Ale Rezon ɖu fia le Aram eye wòlé fu Israel kaɖikaɖi.
26 厄弗辣大地責勒達人,乃巴特的兒子雅洛貝罕,─他的母親名叫責魯阿,是個寡婦─原是撒羅滿的臣僕,他也起來反抗君王。
Aglãdzelawo ƒe kplɔla ɖeka hãe nye Yeroboam, Nebat ƒe vi, ame si tso Zereda du la me le Efraimnyigba dzi. Dadaa nye ahosi aɖe si ŋkɔe nye Zerua.
27 他反抗君王的原委是這樣:當時撒羅滿正在建築米羅,修葺他父親達味城的裂口;
Ale si wòtso ɖe Fia Solomo ŋue nye esi: Solomo tu Milo mɔ eye wònɔ fofoa, David ƒe du la ƒe gliwo dzram ɖo.
28 雅洛貝罕這個人原很有才能,撒羅滿見這少年人很能做事,便派他監督若瑟族的一切勞役。
Ke Yeroboam nye ame nuteƒewɔla aɖe eye esi Solomo kpɔ ale si wòwɔa eƒe dɔ nyuie la, etsɔe ɖo Yosef ƒe aƒe blibo la ƒe dɔlawo nu.
29 有一次,雅洛貝罕走出耶路撒冷,史羅的先知阿希雅在路上遇見了他;先知身上穿著一件新外衣,在田間只有他們二人。
Gbe ɖeka esi Yeroboam nɔ dzodzom le Yerusalem la, Nyagblɔɖila Ahiya tso Silo do goe. Ahiya do awu ʋlaya yeye aɖe na gbe ma gbe ƒe wɔnawo. Ahiya do go Yeroboam eye wòɖee ɖe aga be yeaƒo nu kplii. Esi wo ame eve la nɔ gbedzi la,
Ahiya dze eƒe awu ʋlaya yeye la ɖe akpa wuieve me.
31 然後對雅洛貝罕說:「你拿十塊,因為上主以色列的天主這樣說:看,我必將撒羅滿手中的王國撕裂,將十個支派交給你。
Egblɔ na Yeroboam be, “Xɔ awu dzedze ewo siawo elabena, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Madze fiaɖuƒe la me le Solomo si eye matsɔ toawo dometɔ ewo na wò!
32 為了我僕人達味,和我從以色列支派中選的耶路撒冷城的緣故,仍給他留下一支派,
Ke magble Yuda kple Benyamin ɖi nɛ le nye dɔla, David kple Yerusalem, si nye du si metia le Israel duwo katã dome la ta
33 因為他背棄了我,崇拜了漆冬人的女神阿市托勒特、摩阿布人的神革摩士和阿孟人的神米耳公。他沒有像他父親達味那樣履行我的道路,行我視為正義的事,恪守我的律例和誡命。
elabena Solomo gbe nu le gbɔnye eye wòsubɔ Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu kple Kemos, Moabtɔwo ƒe mawu kple Milkom, Amonitɔwo ƒe mawu. Mezɔ le nye mɔ dzi o, eye mewɔ nu si nyo le nye ŋkume o. Gawu la, mewɔ nye sewo kple ɖoɖowo dzi abe fofoa, David ene o.
34 但我不願從他手中奪去整個王國,我要使他有生之日作首領,是為了我所選的僕人達味的緣故,因為他遵守了我的誡命和律例。
“‘Nyemaxɔ fiaɖuƒe la le esi fifia o, ke le nye dɔla, David ame si metia, ame si wɔ nye seawo dzi ta la, mana Solomo naɖu fia le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me.
35 我卻意從他兒子的手中奪回王國,給你十個支派,
Ke maxɔ fiaɖuƒe la le via si eye matsɔ toawo dometɔ ewo na wò.
36 只留下一個支派給他的兒子,使我的僕人達味,在我所揀選立我名的耶路撒冷城中,在我面前常有一盞明燈。
Solomo ƒe vi axɔ eve mamlɛawo ale be, David ƒe dzidzimeviwo ayi fiaɖuɖu dzi le Yerusalem, du si metia be wòanye teƒe si ŋu nye ŋkɔ anɔ la ta.
37 我選取你,使你隨意統治一切,作以色列的君王。
Matsɔ wò aɖo Israel ƒe fiazikpui dzi eye mana nàkpɔ ŋusẽ blibo.
38 如果你聽從我吩咐你的一切,履行我的道路,行我視為正義的事,恪守我的律例和誡命,如同我的僕人達味一樣,我必與你同在,為你建立一鞏固的家室,像我為達味所建立的一樣。我將以色列交給你,
Ne èɖo to nya si megblɔ na wò, ne èzɔ le nye mɔ dzi, ne èwɔ nye seawo dzi abe David ene la, ekema mayra wò eye wò dzidzimeviwo aɖu Israel dzi tegbetegbe. Medo ŋugbe sia ke na David kpɔ.
Ke le Solomo ƒe nu vɔ̃ ta la, mahe to na David ƒe dzidzimeviwo, ke menye tegbetegbe o.’”
40 因此,撒羅滿想殺害雅洛貝罕,雅洛貝罕遂起身逃往埃及,投奔埃及王史沙克;他住埃及,直到撒羅滿逝世。撒羅滿逝世
Solomo di be yeawu Yeroboam, ke Yeroboam si yi Fia Sisak gbɔ le Egipte eye wònɔ afi ma va se ɖe esime Fia Solomo ku.
41 撒羅滿其餘的事蹟,他的一切作為和智慧,都記載在撒羅滿實錄上。
Woŋlɔ nu bubu siwo Fia Solomo wɔ la ɖe Agbalẽ si woyɔna be, Solomo ƒe Wɔnawo ƒe Agbalẽ la me.
42 撒羅滿在耶路撒冷作王,統治全以色列,凡四十年。
Ale Fia Solomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel dukɔ blibo la dzi ƒe blaene.
43 撒羅滿與他的列祖同眠,葬在他父親達味城內;他的兒子勒哈貝罕繼位為王。
Esi wòku la, woɖii ɖe fofoa, David ƒe du la me eye via Rehoboam ɖu fia ɖe eteƒe.