< 列王紀上 10 >
1 [舍巴女王來訪]舍巴女王聽說撒羅滿因上主之名獲得的聲望,即前來以難題考問撒羅滿。
Esi Seba fianyɔnu se ale si Solomo xɔ ŋkɔe kple kadodo si le eya kple Yehowa ƒe ŋkɔ dome la, eva be yeadoe kpɔ kple biabia sesẽ aɖewo.
2 她帶了許多隨員,駱駝裝載大批的香料、黃金和寶石,來到了耶路撒冷;當她進見撒羅滿時,就向他提出了心中的一切疑難,
Eva ɖo Yerusalem kple kposɔ geɖe siwo tsɔ atike ʋeʋĩwo, sika kple kpe xɔasiwo. Etsɔ nya geɖe siwo nɔ eƒe susu me la ɖo Solomo ƒe ŋkume.
3 撒羅滿對她所問的一切難題,一一給她解答了,沒有一樣可難住君王,而不能給她解答的。
Fia Solomo te ŋu ɖo eƒe biabiawo katã ŋu, naneke menɔ ɣaɣla ɖee o. Enya nu sia nu eye wòte ŋu ɖe nu sia nu me nɛ.
Esi fianyɔnu la kpɔ ale si gbegbe Solomo nya nu, ale si eƒe fiasã la nyoe,
5 筵席上的餚饌,群臣的坐次,僕從的侍候和服裝,供應的飲料,以及他在上主殿內奉獻的全燔祭,驚訝得出神,
nuɖuɖu nyui siwo woɖo kplɔ̃ dzi, subɔla geɖewo kple awu nyui siwo wodo, Fia la ƒe ahakulawo kple numevɔ geɖe siwo wòsana na Yehowa la, eƒe nu ku.
6 因而對君王說:「關於你的言行和智慧,我在我國內所聽到的傳說,的確是真的!
Seba fianyɔnu la gblɔ na fia la be, “Nutsotso siwo katã mese le nye ŋutɔ nye dukɔ me tso wò dzidzedzekpɔkpɔwo kple wò nunya ŋu la nye nyateƒe.
7 以前我原不相信這些傳聞,及至我來親眼見了,纔知道人告訴我的還不及一半;你的智慧和你的富貴遠超過我所聽聞的。
Nyemexɔe se o va se ɖe esime meva ɖo afi sia. Ke azɔ la, nye ŋutɔ mekpɔ wo katã na ɖokuinye! Kpɔ ɖa, womegblɔ ale si tututu nuwo le la ƒe afã gɔ̃ hã nam o! Wò nunya kple kesinɔtɔnyenye ƒo nu siwo katã mese kpɔ la ta!
8 你的妻妾,你的臣僕,能常常侍立在你面前,聆聽你的智慧,是多麼有福!
Wò amewo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, dzidzɔ ka gbegbe wò dɔnunɔla siwo tsia tsitre ɖe wò ŋkume ɣe sia ɣi eye wosea wò nunya la makpɔ o!
9 上主你的天主應受讚美!他喜愛你,使你坐了以色列的王位;上主因為永遠喜愛以色列,纔立你為王,秉公行義。」
Woakafu Yehowa, wò Mawu, ame si tia wò eye wòtsɔ wò da ɖe Israel ƒe fiazikpui dzi. Yehowa ƒe lɔlɔ̃ mavɔ na Israel wɔe be, wòtsɔ wò na wo abe woƒe fia ene be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye nàɖu wò amewo dzi le mɔ dzɔdzɔe nu!”
10 舍巴女王遂將一百二十「塔冷通」黃金,大批香料和寶石,贈送給君王;以後進入的香料,再沒有像舍巴女王送給撒羅滿的那樣多。
Eye Seba fianyɔnu la tsɔ sika tɔn ene, atikeʋeʋĩ gbogbo aɖewo kple kpe xɔasiwo na fia la. Ame aɖeke metsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ kpɔ nenema abe esiwo Seba fianyɔnu la tsɔ na Fia Solomo ene o.
11 從敖非爾運金子的希蘭船隻,也從敖非爾運來了大批檀香木和寶石。
Esi Fia Hiram ƒe tɔdziʋuwo tsɔ sika tso Ofir vɛ na Fia Solomo la, wotsɔ papawuti kple kpe xɔasi geɖewo hã vɛ nɛ.
12 君王用檀香木,為上主的殿和君王的宮殿製造了欄杆,又為歌詠者製造了琴和瑟;以後再沒有這樣的檀香木運進來,也沒有人再看見過,直到今天。
Solomo tsɔ papawutiawo wɔ sɔtiwo na gbedoxɔ la kple fiasã la kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo na eƒe hadzilawo. Wometsɔ ati nyui sia tɔgbi vɛ nɛ kpɔ do ŋgɔ loo alo kplɔ esia ɖo kpɔ o.
13 撒羅滿王除了照王的寬洪大量送給舍巴女王的禮品外,凡女王所要求的喜愛的物品,君王都送給了她。以後,她和自己的臣僕走了,回了本國。撒羅滿的財富
Le nunana siwo Seba fianyɔnu la tsɔ vɛ na Fia Solomo ta la, Fia Solomo hã na nu sia nu si fianyɔnu la biae hekpe ɖe nunana siwo eya ŋutɔ dzra ɖo be yeanae la ŋuti eye fianyɔnu la kple eƒe subɔlawo trɔ yi wo de.
14 撒羅滿每年收入的金子,重量有六百六十六「塔冷通;」
Sika si Solomo xɔna ƒe sia ƒe la dea tɔn blaeve vɔ atɔ̃
15 由商人、小販、各國君王和本國太守所進獻的,尚不計算在內。
hekpe ɖe adzɔ siwo wòxɔna tso adzɔdolawo kple asitsalawo kple Arabia fiawo katã kple mɔmefia siwo le anyigba la dzi ɖum la gbɔ ŋu.
16 撒羅滿王用黃金打造了二百個大盾牌,每個用金六百「協刻耳。」
Fia Solomo tsɔ sika wɔ akpoxɔnu gã alafa eve. Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe.
17 有用黃金打造了三百個小盾牌,每個用金三「米納。」君王把這些盾牌,都放在黎巴嫩林宮。
Egatsɔ sika wɔ akpoxɔnu ɖagbitɔ alafa etɔ̃. Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe. Fia la tsɔ nu siawo da ɖe Lebanon ƒe Avexɔ la me le eƒe fiasã la me.
Fia la kpa fiazikpui gã aɖe. Etsɔ nyiɖu fa ɖe eme eye wòtsɔ sika nyuitɔ fa ɖe eŋu.
19 寶座有六級台階,座背後有牛頭,座位兩邊有扶手,扶手兩旁立著兩隻獅子。
Atrakpui ade nɔ fiazikpui la ŋu eye wowɔ afi si wodea mee la nogoo. Abɔɖoƒe nɔ zikpuia ƒe axa eveawo dzi eye wowɔ dzata si le tsitre la da ɖe abɔɖoƒe aveawo ƒe axadzi.
20 六級台階上立著十二隻獅子,每邊六隻。任何國家都沒有像這樣的寶座。
Dzata wuieve le atrakpui adeawo ƒe axawo kple eve dzi. Fiazikpui aɖeke meganyo abe esia ene le fiaɖuƒe aɖeke me o.
21 撒羅滿王所有飲器都是金的,黎巴嫩林宮的一切器具,都是純金的,沒有一件是銀子的;銀子在撒羅滿時代並不值什麼。
Wotsɔ sika wɔ kplu siwo katã me Fia Solomo noa nu le eye nenema ke wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nuɖugba kple nuɖaze siwo katã nɔ Lebanon ƒe Avexɔ la me. Womewɔ naneke kple klosalo o elabena le Solomo ƒe ɣeyiɣiwo me la, womebua klosalo be enye nu xɔasi o.
22 因為君王有一隊塔爾史士船隻,與希蘭的船隻一同航海;去塔爾史士的船隻,每三年往返一次,運來金、銀、象牙、猿猴和孔雀。撒羅滿的智慧
Asitsatɔdziʋu geɖewo nɔ fia la si siwo yia asigbe le atsiaƒu dzi kple Hiram tɔwo. Wotrɔna gbɔna zi ɖeka le ƒe etɔ̃ me kple sika, klosalo, nyiɖu kple kese ƒomevi vovovowo kple xewo.
23 這樣,撒羅滿王在富貴和智慧上,超過了世上所有的君王。
Ale Fia Solomo de ŋgɔ wu anyigbadzifiawo katã le kesinɔnuwo kple nunya me.
24 全世界上的人都想見撒羅滿的面,聽聽天主賦於他心中的智慧。
Xexea me tɔwo katã vaa Solomo gbɔ hena aɖaŋuxɔxɔ eye be woaɖo to nunya si Mawu tsɔ de eƒe dzi me.
25 各人給他帶來自己的禮物:銀器、金器、衣服、兵器、香料、駿馬和騾子:年年都是如此。撒羅滿的馬車
Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa klosalo, sika, awuwo, aʋawɔnuwo, atike ʋeʋĩwo, sɔwo kple tedzisɔwo va nanɛ ƒe sia ƒe.
26 撒羅滿也積聚了戰車和騎兵;他擁有戰車一千四百輛,騎兵一萬二千,駐紮在屯車城和耶路撒冷君王左右。
Tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene kple sɔdola akpe wuieve nɔ Solomo si. Wonɔ tasiaɖamduwo me eye ɖewo nɔ fia la gbɔ le Yerusalem.
27 君王在耶路撒冷有的銀子多如石頭,香柏木多如平原的桑樹。
Fia la na klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene.
28 撒羅滿所有的馬,都是從慕茲黎和科厄運來的,是君王的商人付出定價,從科厄買來的。
Wodɔa Solomo ƒe sɔwo tsoa Egipte kple Kue. Fia la ƒe asitsalawo ƒlea wo tso Kue.
29 從慕茲黎運來一輛戰車,需銀六百「協刻耳;」一匹馬,需銀一百五十「協刻耳。」同樣,為赫特人和阿蘭人的君王輸送車馬,也是經過這些商人。
Wodɔ tasiaɖam tso Egipte esi ƒe asie nye klosaloga kilogram adre kple sɔ si ƒe asie nye klosaloga kilogram ɖeka kple afã. Woawo hã dzraa wo na dutafiawo, ame siwo nye Hititɔwo kple Aramtɔwo ƒe fiawo.