< 歷代志上 4 >

1 [猶大的後代]猶大的子孫: 培勒茲、赫茲龍、加爾米、胡爾和芍巴耳。
Yuda ƒe dzidzimevi bubuawoe nye: Perez, Hezron, Karmi, Hur kple Sobal.
2 芍巴耳的兒子勒阿雅生雅哈特,雅哈特生阿胡買和拉哈得:以上屬祚辣家族。
Sobal ƒe vie nye Reaia, ame si dzi Yahat, ame si dzi Ahumai kple Lahad. Ame siawo va zu Zoratitɔwo ƒe ƒomewo.
3 以下是厄坦的父親胡爾的子孫:依次勒耳、依市瑪和依德巴士;他們的姊妹名叫哈茲肋耳頗尼。
Etam ƒe dzidzimeviwoe nye: Yezreel, Isma, Idbas kple via nyɔnu Hazelelponi
4 還有革多爾的父親培奴耳,胡沙的父親厄則爾:以上是白冷的父親,厄弗辣大的長子,胡爾的子孫。
Penuel dzi Gedor eye Ezer dzi Husa Ezer. Ame siawoe nye Hur ƒe dzidzimeviwo, Hur nye Efrata ƒe ŋgɔgbevi kple Betlehem fofo.
5 特科亞的父親阿市胡爾有兩個妻子:赫拉和納阿辣。
Asur, Tekoa fofo, ɖe srɔ̃ eve: Hela kple Naara.
6 納阿辣給他生了阿胡倉、赫斐爾、特曼人和阿哈市塔黎人:以上是納阿辣的兒子。
Naara dzi Ahuzam, Hefer, Temeni kple Haahastari.
7 赫拉的兒子:責勒特、祚哈爾、厄特難和科茲;
Hela ƒe viŋutsuwoe nye: Zeret, Zohar, Etnan kple
8 科茲生阿奴布;祚貝巴、雅貝茲和哈戎的兒子阿哈勒爾的家族。
Koz, ame si dzi Anub kple Hazobeba hekpe ɖe Harum ƒe vi ƒe hlɔ̃ ŋu eye eya mee hlɔ̃ si wotsɔ kple Aharlel, Harum ƒe vi, ŋkɔ na la dzɔ tso.
9 雅貝茲在自己的兄弟中最受尊重;他母親給他起名叫雅貝茲說:「我在痛苦中生了他。」
Yabez xɔ ŋkɔ wu nɔvia bubuawo katã. Dadaa na ŋkɔe be, Yabez si gɔmee nye, “Vevesese” elabena dadaa se veve ŋutɔ le edzidzi me.
10 雅貝茲呼求了以色列的天主說:「若你真祝福我,求你擴展我的疆域,求你常伸手扶助我,脫免災難,不受痛苦。」天主就賞賜了他所求的。
Eyae do gbe ɖa na Israel ƒe Mawu be, “Oo, yram eye nàkpe ɖe ŋunye le nye dɔwɔwɔ me. Meɖe kuku, nɔ kplim le nu sia nu si mawɔ la me eye nàɖem tso nu vɔ̃ kple dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.” Mawu se eƒe gbedodoɖa.
11 叔哈的兄弟革路布生厄舍東的父親默希爾。
Kelub, Suha nɔviŋutsu, dzi Mehir, ame si dzi Eston.
12 厄舍東生貝特辣法、帕色亞和依爾納哈士的父親特興納,他是刻尼次人厄色隆的兄弟:以上是勒加布人。
Eston dzi Bet Rafa, Pasea kple Tehina, ame si dzi Ir Nahas. Ame siawoe nye Reka ƒe ŋutsuwo.
13 刻納次的兒子:敖特尼耳和色辣雅;敖特尼耳的兒子:哈塔特和毛諾泰。
Kenaz dzi Otniel kple Seraya. Otniel dzi Hatat Meonatai.
14 毛諾泰生敖弗辣;色辣雅生革哈辣史的父親約阿布;他們原是工匠。
Meonatai, ame si dzi Ofra. Seraya dzi Yoab, ame si me Ge Harasim, aɖaŋuwɔla siwo nɔ Aɖaŋuwɔlawo ƒe Balime la dzɔ tso.
15 耶孚乃的兒子加肋布的兒子:依爾、厄拉和納罕;厄拉的兒子刻納次。
Kaleb, Yefune ƒe vi, dzi Iru, Ela kple Naam. Kenaz nɔ Ela ƒe viwo dome.
16 雅肋肋耳的兒子:齊弗、齊法、提黎雅和阿撒勒耳。
Yehalelel ƒe viwoe nye Zif, Zifa, Tiria kple Asarel.
17 厄次辣的兒子:耶特爾、默勒得、厄斐爾和雅隆。彼提雅生米黎盎、沙買和厄市特摩的父親依市巴。
Ezra dzi Yeter, Mered, Efer kple Yalon. Mered ɖe Bitia, fiavinyɔnu aɖe tso Egipte eye wodzi Miriam, Samai kple Isba, ame si nye Estemoa fofo.
18 他的猶大妻子生革多爾的父親耶勒得、索哥的父親赫貝爾和匝諾亞的父親耶谷提耳:以上是默勒得所娶法郎的女兒彼提雅所生的兒子。
Estemoa srɔ̃ nye Yuda nyɔnu aɖe eye wòdzi Yered, Heber kple Yekutiel. Yered nye Gedor fofo, Heber nye Soko fofo eye Yekutiel nye Zanoah fofo.
19 納罕的姊妹,曷狄雅的妻子生的兒子:加爾米人刻依拉的父親和瑪阿加人厄市特摩。
Hodia srɔ̃ nye Naham nɔvinyɔnu. Via ɖekae nye Keila, Garmitɔ la fofo; via bubue dzi Estemoa, Maakatitɔ la.
20 史孟的兒子:阿默農、陵納、本哈南和提隆。依史的兒子:左赫特和本左赫特。
Simɔn dzi Amnon, Rina, Ben Hanan kple Tilɔn. Isi dzi Zohet kple Ben Zohet.
21 猶大的兒子舍拉的兒子:肋加的父親厄爾、瑪勒沙的父親拉阿達和在耳特阿市貝亞細麻織工的家族;
Yuda ƒe viŋutsu, Sela ƒe viŋutsuwoe nye Er, ame si dzi Leka, Lada, ame si dzi Maresa kple ame siwo nye avɔlɔ̃lawo nɔ Bet Asbea,
22 還有約肯、苛則巴人、約阿士和撒辣弗;他們回白冷之前,去摩阿布娶了妻子。【這都是古代的事。】
Yokim, Kozeba, Yoas kple Saraf ŋutsuwo, ame siwo ɖu fia le Moab kple Yasubi Lehem. Ŋkɔ siawo tso nuŋlɔɖi xoxoawo me.
23 他們都是陶工,定居乃塔因和革德辣,操此手藝,靠君王居住。[西默盎支派]
Ame siawo xɔ ŋkɔ le zememe kple agbledede le Nataim kple Gedera me eye wowɔa dɔ na fia la.
24 西默盎的兒子:乃慕耳、雅明、雅黎布、則辣黑和沙烏耳。
Simeon dzi Nemuel, Yamin, Yarib, Zera kple Saul.
25 沙烏耳的兒子沙隆,沙隆的兒子米貝散,米貝散的兒子米市瑪。
Saul dzi Salum, ame si dzi Mibsam, ame si dzi Misma.
26 米市瑪的子孫:米市瑪的兒子哈慕耳,哈慕耳的兒子匝雇爾,匝雇爾的兒子史米。
Misma ƒe viwo dometɔ ɖekae nye Hamuel, ame si dzi Zakur, ame si dzi Simei.
27 史米有十六個兒子,六個女兒;但他的兄弟門子女不多,為此他們的家族不如猶大的子孫旺盛。
Simei dzi viŋutsu wuiade kple vinyɔnu ade. Nɔviawo dometɔ aɖeke ƒe viwo mesɔ gbɔ alea o eye wo viwo mede esi Yudatɔ geɖewo dzina la nu o.
28 他們住在貝爾舍巴、摩拉達、哈匝爾叔阿耳、
Wonɔ Beerseba, Molada, Hazar Sual
29 彼耳哈、厄曾、托拉得、
Bilha, Ezem, Tolad,
30 貝突耳、曷爾瑪、漆刻拉格、
Betuel, Horma, Ziklag,
31 貝特瑪爾加波特、哈匝爾穌心、貝特彼黎和沙阿辣因,直到達味王時代,都是他們住的城市,
Bet Markabot, Hazar Susim, Bet Biri kple Saaraim. Du siawo nɔ woƒe asi me va se ɖe David ƒe fiaɖuɣi.
32 和所屬的村莊。此外,還有厄坦阿殷、黎孟、托庚、阿商五城市,
Kɔƒe siwo ƒo xlã wo lae nye Etam, Ain, Rimon, Token kple Asan, kɔƒe atɔ̃
33 和這些城市四周直到巴耳所屬的各村莊:以上是他們居住的地方和族譜。
kple kɔƒe siwo katã ƒo xlã du siawo va se ɖe Baalat. Esiawoe nye woƒe duwo, eye dzidzimegbalẽ nɔ wo si.
34 默芍巴布、雅默肋客、阿瑪責雅的兒子約沙、
Mesobab, Yamlek, Yosa Amazia ƒe viŋutsu,
35 約厄耳、耶胡,─耶胡是約史貝雅的兒子,約史貝雅是色辣雅的兒子,色辣雅是阿息耳的兒子;
Yoel, Yehu, Yosibia ƒe viŋutsu, ame si nye Seraya ƒe vi kple Asiel ƒe vi,
36 還有厄里約乃、雅科巴、耶芍哈雅、阿撒雅、阿狄耳、耶息米耳、貝納雅、
Elioenai, Yaakoba, Yehodaya, Asaya, Adiel, Yesimiel, Benaya,
37 齊匝,─齊匝是史非的兒子,史非是阿隆的兒子,阿隆是耶達雅的兒子,耶達雅是史默黎的兒子,史默黎是舍瑪雅的兒子:
Zira, ame si nye Sifi ƒe vi, ame si nye Alon ƒe vi, ame si nye Yedaia ƒe vi, ame si nye Simri ƒe vi ame si nye Semaya ƒe vi.
38 以上諸人,都是宗族的首領,他們的家族也很興旺。
Ŋutsu siwo ƒe ŋkɔ woyɔ va yi la woe nye woƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo. Woƒe ƒomewo dzi ɖe edzi fũu
39 他們遷往革辣爾關口,直到山谷東面,為羊群找尋牧場。
eye woyi Gedor ƒe gbɔto le balime la ƒe ɣedzeƒe gome le gbeɖuƒe dim na woƒe lãhawo.
40 他們找了一片很肥沃良好的牧場,廣闊、清靜、安寧的地方。古時含的後代住在那裏。
Wokpɔ lãnyiƒe damawo, anyigba la keke nyuie, teƒe si ŋutifafa kple ɖoɖoezizi le. Hamitɔ aɖewo nɔ afi ma kpɔ.
41 猶大王希則克雅時代,上述的這些人出征,破壞了當地民族的帳幕,擊殺了當地所有的瑪紅人,將他們消滅直到今日;他們遂居住在他們的地方,因為那裏有放羊的牧場。
Ame siwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ da ɖi la va le Yuda Fia Hezekia ƒe fiaɖuɣi. Woho aʋa ɖe Hamitɔwo ŋu le woƒe nɔƒewo nenema ke nye Meunitɔ siwo nɔ afi ma eye wotsrɔ̃ wo keŋkeŋ abe ale si wòle dzedzem egbe ene. Wonɔ woƒe nɔƒe elabena lãnyiƒe nɔ afi ma na woƒe lãhawo.
42 西默盎的子孫中,另有五百人出征色依爾山區;依史的兒子培拉提雅、乃阿黎雅、勒法雅和烏齊耳為統率,
Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, aʋawɔla siawo dometɔ alafa atɔ̃ tso Simeon ƒe ƒome la me yi Seir ƒe to la dzi. Woƒe kplɔlawo nye Pelatia, Nearia, Refaya kple Uziel. Wo katã wonye Isi ƒe viwo.
43 擊殺了其餘未逃脫的阿瑪肋克人;以後他們住在那裏,直到今日。
Wowu ame ʋɛe siwo susɔ tso Amalek ƒomea me eye wotsi afi ma va se ɖe egbe.

< 歷代志上 4 >