< 歷代志上 28 >

1 [達味宣佈建殿]達味召集了以色列的眾首長、各支派首長、值班服事君王的首長、千夫長、百夫長、掌管軍人及王室子女財產牲畜的首長,以及太監、勇士和眾顯要,到耶路撒冷來。
David yɔ Israel ƒe dɔdzikpɔlawo katã ƒo fu ɖe Yerusalem; Woawoe nye to vovovoawo ƒe tatɔwo, aʋafia siwo nɔ hatsotsoawo nu le fia la ƒe dɔ me, ame akpewo kple ame alafawo ƒe tatɔwo, dɔnunɔla siwo kpɔa fia la ƒe viŋutsuwo kple eƒe nunɔamesiwo kple lãhawo dzi, kpe ɖe fiasã la me dɔwɔlawo kple kalẽtɔwo kple aʋakalẽtɔwo ŋuti.
2 達味王站起來說道:「我的弟兄,我的百姓,請聽我的話! 我原有意為上主的約櫃,即為我們天主的腳凳,建造一座安放的殿宇,並且我已作了建造的準備;
Fia David tsi tsitre ɖe ameawo ŋkume eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, nɔvinye ŋutsuwo kple nye dukɔmetɔwo, meɖoe ɖe nye dzi me be matu xɔ si anye dzudzɔƒe na Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye wòanye afɔɖodzinu na míaƒe Mawu la. Ale mewɔ ɖoɖo ɖe etutu ŋuti.
3 然而天主對我說:你不可為我的名建築殿宇,因為你是一個軍人,流過人的血。
Ke Mawu gblɔ nam be, ‘Menye wòe atu xɔ na nye ŋkɔ o elabena aʋawɔlae nènye eye nèkɔ ʋu ɖi.’
4 上主以色列的天主,由我父全家中選拔了我永遠作王,統治以色列,因為他選拔了猶大為長,由猷大家族中又選拔了我的父家,在我父親的兒子中,他喜愛我,立我作王,統治全以色列;
“Ke Yehowa, Israel ƒe Mawu la tiam le fofonye ƒe ƒome blibo la me be, manye fia ɖe Israel dzi tegbee. Etia Yuda ƒe viwo eye wòtia fofonye ƒe ƒome tso wo dome. Nye nu nyo Yehowa ŋu eye wòna mezu fia ɖe Israel dukɔ blibo la nu.
5 他又從我的眾子中,─因為上主賞賜了我許多兒子,選拔了我兒撒羅滿,坐上主王國的寶座,治理以色列。
Yehowa na vi geɖewom eye wòtia Solomo tso vinyewo dome be wòanɔ tenyeƒe, anɔ Israel fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi.
6 他這樣對我說:是你的兒子撒羅滿要為我建築殿宇和庭院,因為我以選了他作我的兒子,我要作他的父親。
Egblɔ nam be, ‘Viwò, Solomo atu gbedoxɔ la elabena metiae abe vinye ene eye manye fofoa.
7 如果他堅守遵行我的誡命和法律,如同今日一樣,我必鞏固他的王權直到永遠。
Ne egalé nye sewo kple ɖoɖowo me ɖe asi abe ale si wòlé wo me ɖe asi va se ɖe fifia ene la, mana eƒe fiaɖuƒe nanɔ anyi tegbetegbe.’
8 所以現今當著全以色列,上主的會眾面前,在我們天主聽聞之下,我勸你們必須遵守並尋求上主,你們天主的一切誡命,好使你們保有這塊美麗的地方,永遠遺留給你們的子孫。
“Eya ta le Israel, Yehowa ƒe asaɖa blibo la ŋkume kple míaƒe Mawu la ƒe tome la, mele nu xlɔ̃m mi be miawɔ ɖe ɖoɖo kple se siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la de na mi la dzi be anyigba nyui sia nanye mia tɔ eye wòanye domenyinu na miaƒe viwo tso mavɔ me yi mavɔ me.
9 至於你、我兒撒羅滿! 你要認識你父親的天主,全心樂意事奉他,因為上主洞察所有人的心,知道人的一切心思欲念。如果你尋求他,他必使你尋獲;如果你背判他,他必要永遠拋棄你。
“Eye wò, vinye Solomo, dze si fofowòwo ƒe Mawu la eye nàsubɔe kple dzi faa kple wò susu blibo elabena Yehowa kpɔa dzi ɖe sia ɖe me eye wònyaa ame sia ame ƒe susu. Ne èdi Yehowa la, àkpɔe, ke ne ègbugbɔ le eyome la, atsɔ wò aƒu gbe tegbetegbe.
10 現在,你該注意,因為上主揀選了你建築殿宇作為他的聖所,你要勇敢去行。」[交付聖殿圖樣]
Eya ta, kpɔ nyuie elabena wòe Yehowa tia be nàtu yeƒe gbedoxɔ si anye kɔkɔeƒe. Lé dzi ɖe ƒo eye nàwɔ nu si wòɖo na wò.”
11 達味遂將門廊、廂房、府庫、樓閣、內室和至聖所的圖樣,交給了他的兒子撒羅滿;
Azɔ la, David tsɔ xɔ la kple eƒe xɔxɔnuwo, nudzraɖoƒewo, xɔtamexɔwo, xɔ emetɔwo, kɔkɔeƒe la kple amenuveveteƒe la ƒe tata na ƒe via Solomo.
12 將他心中關於上主殿宇的庭院,周圍的房屋,天主殿內的府庫,聖物的府庫所有的圖樣,
Etsɔ nu siwo katã gbɔgbɔ la de eƒe susu me be wòawɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo, xɔ siwo katã ƒo xlãe na Mawu ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo kple fia wɔnuteƒewo ƒe nudzraɖoƒe ƒe tatawo hã nɛ.
13 以及關於司祭和肋未人的班次,在上主殿內應行的一切禮儀,上主殿內行禮儀時應用的一切器皿,都指示給他,
Ewɔ ɖoɖo tsɔ nɛ ku ɖe nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe hatsotsowo ŋuti kple subɔsubɔdɔ siwo katã woawɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple nu siwo katã ŋuti dɔ woawɔ le subɔsubɔdɔ me la me.
14 並給他指定用多少份量的金子,製各種禮儀應使用的一切金器;用多少份量的銀子,製各種歷任應使用的一切銀器,
Eda sika hena sikaŋudɔwɔnu vovovo siwo ŋu dɔ woawɔ le subɔsubɔ vovovoawo me eye wòda klosalo hã hena klosaloŋudɔwɔnu vovovo siwo ŋu dɔ woawɔ le subɔsubɔ vovovoawo me.
15 用多少份量的金子,製金燈台及台上的金燈,用多少份量製每盞金燈台及台上的金燈;用多少份量的銀子,製銀燈台及台上的銀燈,每盞銀燈台及台上銀燈的重量,按每盞燈台的用途應用多少;
Eda sika si ade na akaɖitiawo kple akaɖiawo wɔwɔ la nɛ. Egada klosalo si woatsɔ awɔ bosomikaɖitiwo kple akaɖigbɛawo ɖe ale si woawɔ ɖe sia ɖe ŋudɔe la nu.
16 用多少份量的金子,製供餅的桌子,每張應用多少;用多少銀子製銀桌子;
Eda sika hena kplɔ̃wo wɔwɔ na Ŋkumeɖobolo ɖe sia ɖe eye wògada klosalo na klosalokplɔ̃wo hã.
17 用多少份量的純金,製叉、盤和壺;用多少份量的金子,製各種金碗,每隻碗重量多少;用多少份量的銀子,製各種銀碗,每隻碗重量多少;
Eda sika nyuitɔ na gaflowo, ʋuhlẽgbawo kple kpluwo wɔwɔ. Eda sika na sikagbawo wɔwɔ. Nenema kee wòda klosalo na klosalogbawo wɔwɔ.
18 用多少份量的純金,製造香壇;最後給他指定了車子的圖樣,即展開翅膀遮蓋上主的約櫃的金革魯的圖樣:
Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, eda sika si ŋu wokɔ wòdza la na dzudzɔʋeʋĩdovɔsamlekpui la. Fia la tsɔ ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe tasiaɖamwo ŋu la hã nɛ, esi nye sika Kerubi siwo keke woƒe aʋalãwo eye wodo vɔvɔlĩ ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la dzi.
19 這一切,即這一切工作的圖樣,都給他按照上主的指示劃了出來。[勸勉撒羅滿]
David gblɔ na Solomo be, “Yehowa ƒe asie ŋlɔ ɖoɖo siawo katã nam.
20 達味又對他的兒子撒羅滿說:「你要勇敢勉力去行,不必害怕,不必畏懼,因為上主天主,我的天主必與你同在;他決不遠離你,決不拋棄你,直到你完成修築上主殿宇的一切工作。
Sẽ ŋu eye nàlé dzi ɖe ƒo. Mègana dɔdeasi la ƒe akɔtitri nado ŋɔdzi na wò o elabena Yehowa, Mawu nye Mawu la li kpli wò eye magblẽ wò ɖi o. Akpɔ egbɔ be wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu nu nyuie.
21 你看,司祭和肋未人已分好班次,奉行天主殿內的事務;在各種工作上,又有各種的巧匠自願輔助你,首領和全體人民又都聽你的指揮。」
Nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe hatsotso vovovoawo asubɔ le gbedoxɔ la me. Ame bubu siwo nya aɖaŋu vovovowo la atsɔ wo ɖokuiwo ana hena dɔwo wɔwɔ. Dumegãwo kple dukɔ blibo la aɖo to wò eye woanɔ wò kpɔkplɔ te.”

< 歷代志上 28 >