< 歷代志上 23 >

1 [肋未人的職務和班次]達味年老,壽數將滿,遂立自己的兒子撒羅滿為以色列王。
Esi David tsi, ku amegã eye wòxɔ ƒe geɖe la, etsɔ Via ŋutsu Solomo ɖo Fiae ɖe Israel nu.
2 他召集了以色列所以的領袖、司祭和肋未人。
Eyɔ dukplɔlawo, nunɔlawo kple Levitɔwo katã le Israel ƒo ƒu hena fiaɖoɖo ƒe wɔnawo.
3 肋未人自三十歲以上者,所有的男子都一一統計了,人數共計三萬八千:
Woxlẽ Levitɔ siwo xɔ ƒe blaetɔ̃ kple edzivɔwo eye wode ame akpe blaetɔ̃-vɔ-enyi.
4 其中從事監督上主殿宇工作的有二萬四千;長官和判官有六千;
David gblɔ be, “Ame siawo dometɔ akpe blaeve-vɔ-ene akpɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu dzi eye ame akpe ade nanye dɔnunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo.
5 守衛的有四千;用達味所製的樂器讚頌上主的有四千。
Ame akpe ene anye agbonudzɔlawo eye akpe ene nakafu Yehowa kple haƒonu siwo metsɔ na mi hena Mawu kafukafu.”
6 達味按照肋未的兒子革爾雄、刻哈特和默辣黎,將他們編成班次:
Le esia megbe la, ema wo ɖe akpa gã etɔ̃ me. Etsɔ Levi ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwo na mamawo eye wozu Gerson ƒe ha, Kohat ƒe ha kple Merari ƒe ha.
7 屬革爾雄的:有拉當和史米。
Woma Gerson ƒe viwo hã ɖe akpa eve me eye wotsɔ Gerson ƒe viwo Ladan kple Simei ƒe ŋkɔwo na wo.
8 拉當的子孫:為首的是耶希耳,其次是則堂和約厄耳,共三人。
Ladan ƒe viŋutsuwoe nye, Yehiel, ame si nye gbãtɔ, Zetam kple Yoel. Wo ame etɔ̃e.
9 史米的子孫:舍羅米特、哈齊耳和哈郎,共三人。這些都是拉當家族的族長。
Simei ƒe viŋutsuwoe nye, Selomot, Haziel kple Haran. Wo ame etɔ̃e. Ame siawoe nye Ladan ƒome la ƒe tatɔwo.
10 史米的子孫:雅哈特、齊匝、耶烏士和貝黎雅。這四人都是史米的子孫,
Simei ƒe viŋutsuwoe nye: Yahat, Ziza, Yeus kple Beria. Ame siawoe nye Simei viwo. Wole ame ene.
11 為首的是雅哈齊,齊匝次之。耶烏士和貝黎雅子孫不多,所以算為一個家族,歸為一班。
(Yahat nye viŋutsu gbãtɔ eye Ziza nye evelia. Ke Yeus kple Beria medzi viŋutsu geɖewo o eya ta woxlẽ wo abe ƒome ɖeka ene eye dɔdeasi ɖeka nɔ wo si.)
12 刻哈特的子孫:阿默蘭、依茲哈爾、赫貝龍和烏齊耳,共四人。
Wogama Kohat ƒe viwo ƒe hlɔ̃wo ɖe akpa ene me eye wotsɔ Kohat ƒe viwo ƒe ŋkɔwo na wo: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel.
13 阿默蘭的兒子:亞郎和梅瑟。亞郎與其子孫應分別出來,受祝聖為至聖潔的人,直到永遠;在天主面前焚香事奉他,以他的名為人祝福,直到永遠。
Amram ƒe viwoe nye Aron kple Mose. Wotia Aron kple viawo da ɖi hena nuwo ŋu kɔkɔ kple vɔsasa le Yehowa ŋkume. Aron subɔna le Yehowa ŋkume eye wòyraa ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me ɣeawo katã ɣi.
14 至於天主的人梅瑟,他的子孫歸於肋未支派。
Wobu Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe viŋutsuwo ɖe Levitɔwo dome.
15 梅瑟的兒子:革爾熊和厄里厄則爾。
Mose ƒe viŋutsuwoe nye, Gersom kple Eliezer.
16 革爾雄的子孫,為首的是叔巴耳。
Gersom ƒe dzidzimeviwoe nye, Subael, ame si nye viŋutsu gbãtɔ.
17 厄里厄則爾的子孫,為首的是勒哈彼雅。厄里厄則爾沒有別的兒子,但勒哈彼雅的兒子眾多。
Eliezer ƒe vi: Rehabia nye vi ɖekɛ kple gbãtɔ eye wònye hlɔ̃ la ƒe tatɔ. (Eliezer megadzi vi aɖeke o, ke Rehabia viwo sɔ gbɔ ŋutɔ.)
18 依茲哈爾的子孫,為首的是舍羅米特。
Izhar ƒe viwo ƒe tatɔe nye Selomit.
19 赫貝龍的子孫:為首的是耶黎雅,次為阿瑪黎雅,三為雅哈齊耳,四為雅刻默罕。
Hebron ƒe viwo ƒe tatɔe nye, Yeria, via eveliae nye Amaria, etɔ̃liae nye Yahaziel eye eneliae nye Yekameam.
20 烏齊耳的子孫:為首的是米加,其次是依史雅。
Uziel ƒe vi gbãtɔe nye, Mika eye eveliae nye Isia.
21 默辣黎的子孫:瑪赫里和慕史。瑪赫里的子孫:厄肋阿匝爾和克士。
Merari ƒe viwoe nye, Mahli kple Musi. Mahli ƒe viwoe nye, Eleazar kple Kis.
22 厄肋阿匝爾死了,沒有兒子,只有女兒,因此克士的兒子,即她們的堂兄弟娶了她們為妻。
Eleazar medzi viŋutsu aɖeke hafi ku o, via nyɔnuwo ɖe wo fofo nɔvi, Kis ƒe viŋutsuwo.
23 慕史的子孫:瑪赫里、厄德爾和耶黎摩特,共三人。
Musi ƒe viwoe nye Mahli, Eder kple Yeremot.
24 這些人按他們的家族,都是肋未的子孫,都是二十歲以上,一一報名登記,在上主殿內擔任職務的首領。
Le amexexlẽ la me la, woda Levi ƒe vi siwo katã xɔ ƒe blaeve kple edzivɔ la ɖe hlɔ̃ kple aƒekɔ siawo me eye woɖo na wo be woawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ la me
25 因為達味曾想:「上主以色列的天主既使自己的百姓獲得安寧,自己又永遠定居在耶路撒冷,
elabena David gblɔ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la na ŋutifafa mí eye wòanɔ Yerusalem ɣe sia ɣi.
26 肋未人就無須再抬會幕及其中應用的一切器具。」
Azɔ ya la, magahiã be Levitɔwo natsɔ Agbadɔ la kple nu siwo ŋu dɔ woawɔ le eme la tso teƒe ɖeka ayi teƒe bubu o.”
27 為此,按達味最後的吩咐,肋未子孫應由二十歲開始登記。
Levitɔwo xexlẽe nye nu mamlɛtɔ si David wɔ hafi ku.
28 他們的任務是上主殿內供職,輔助亞郎的子孫,管理庭院及廂房,洗淨所有的聖物,並擔任天主聖殿中的各種工作。
Levitɔwo ƒe dɔe nye be, woakpe ɖe Aron ƒe dzidzimeviwo ŋu le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe dɔwo wɔwɔ me. Woawoe akpɔ, xɔxɔnuawo, xɔŋuxɔewo, nu kɔkɔeawo ŋu kɔkɔ ƒe wɔnawo dzi kple dɔ bubuwo wɔwɔ le Mawu ƒe aƒe la me.
29 又管理供餅,素祭細麵,或用盤烤,或用油抹的無酵餅,以及各種度量衡;
Woawoe tsɔa ŋkumeɖobolo ɖoa kplɔ̃ dzi, tua wɔ hena nuɖuvɔsawo, mea akpɔnɔ kple amɔ maʋamaʋã, blua abolowɔ hemenɛ eye wokpɔa nudanuwo kple nudzidzenuwo katã dzi.
30 每日早晚應前去稱謝讚頌上主;
Enɔ na wo hã be woatsi tsitre ada akpe, akafu Mawu ŋdi sia ŋdi. Woawɔ alea fiẽ sia fiẽ hã.
31 每逢安息日、月朔及節日,向上主獻各種全燔祭時,應常按規定的數目到上主面前;
Nenema kee woawɔ nenye be wole numevɔwo sam na Yehowa le Dzudzɔgbe ŋkekewo dzi, Dzinu yeye ŋkekenyuiwo kple ŋkekenyui ɖoɖi bubuwo dzi. Enɔ na wo be woasubɔ le Yehowa ŋkume le agbɔsɔsɔ aɖe sinu me ɣe sia ɣi le ɖoɖo si wogblɔ ɖa ɖi na wo la nu.
32 應負責照顧會幕及聖所,並照顧他們在上主殿內供職的弟兄─亞郎的子孫。
Ale Levitɔwo wɔa woƒe dɔdeasiwo le Agbadɔ la me, le Kɔkɔeƒe la me eye wowɔnɛ le wo nɔvi siwo nye Aron ƒe dzidzimeviwo la ƒe dzikpɔkpɔ te. Wowɔa dɔ siawo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.

< 歷代志上 23 >