< 歷代志上 20 >

1 [戰敗阿孟]一年復始,正當諸王出征的季節,約阿布統率精兵,蹂躪了阿孟子民的地方,然後去包圍了辣巴,當時達味留在那耶路撒冷。約阿布攻陷了辣巴,加以破壞。
Le Adame esi fiawo ƒe aʋawɔɣi ɖo la, Yoab nɔ ŋgɔ na asrafohawo. Ewɔ Amonitɔwo ƒe anyigba wòtrɔ zu gbegbe eye woɖaɖe to ɖe Raba, ke David nɔ Yerusalem. Yoab dze Raba dzi eye wòwɔe wòzu aƒedo.
2 達味從米耳公的頭上,取下他的冠冕來,發現有一點「塔冷通」重的金子,上面還有一塊寶石。達味將這塊寶石戴在自己頭上;並由城中運走了大批的戰利品。
David ɖe fiakuku le woƒe fia, Milkom ƒe ta eye wotsɔe ɖɔ na Fia David. Fiakuku la ƒe kpekpeme anɔ sika kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene eye wotsɔ kpe xɔasiwo ɖo atsyɔ nɛ. Woha afunyinu geɖe le du la me.
3 至於城內的居民,達味將他們帶走,叫他們拉鋸、持鎚、操斧工作。達味如此對待了阿孟子民所有的城市,然後率領全軍回了耶路撒冷。[三敗培肋舍特]
Ekplɔ dua me nɔlawo dzoe eye wode dɔ sesẽwo wɔwɔ asi na wo be woawɔ laxalaxadɔwo, fiwo kple fiadɔwo. David wɔ alea le Amonitɔwo ƒe duwo katã me. Emegbe David kple eƒe aʋakɔ blibo la gbugbɔ yi Yerusalem.
4 這些事以後,右與培肋舍特人在革則爾發生了戰事。胡沙人息貝開擊殺了辣法巨人的後裔息派,他們便投降歸順了。
Egawɔ aʋa kple Filistitɔwo le Gezer, ke Sibekai, ŋutsu aɖe tso Husat, wu Sipai, si nye Refaim ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka ale Filistitɔwo na ta.
5 以後,又與培肋舍特交戰,雅依爾的兒子厄耳哈難擊殺了加特人哥肋雅的兄弟拉赫米。這人的長矛粗如織布機的橫軸。
Le aʋa bubu si wogawɔ kple Filistitɔwo me la, Elhanan, Yair ƒe vi, wu Lahmi, Goliat nɔvi, ame si ƒe akplɔti lolo abe ati si le avɔlɔ̃lawo ƒe agbati me ene.
6 此後,在加特又起了戰事,在那裏有一巨人,兩手各有六指,兩足亦各有六趾,共有二十四個,也是辣法巨人的後裔。
Le aʋa bubu si wowɔ le Gat me la, ame dzɔtsu aɖe to asibidɛ ade ɖe asi ɖe sia ɖe kple afɔbidɛ ade ɖe afɔ ɖe sia ɖe, asibidɛawo kple afɔbidɛawo de blaeve-vɔ-ene. Eya hã nye Rafa ƒe dzidzimevi.
7 由於他辱罵了以色列,達味的兄弟史默亞的兒子約納堂將他殺死:
Esi wòɖu fewu le Israel ŋu la, David nɔviŋutsu, Simea ƒe vi, Yonatan wui.
8 這些人全是加特城辣法巨人的子孫,都喪身在達味和他的臣僕手裏。
Ame siawo nye Rafa ƒe dzidzime viwo tso Gat eye wotsi David kple eƒe amewo ƒe asi me.

< 歷代志上 20 >