< 歷代志上 12 >

1 [投奔達味的戰士]當達味尚在逃避克士的兒子撒烏耳時,這些人就來到戚刻拉格,投奔達味。他們都是些勇士,善於作戰,
Ame siawoe nye aʋawɔla siwo va kpe ɖe David ŋu le Ziklag esi wonyae le Saul, Kis ƒe vi la ƒe ŋkume. Woawoe nye kalẽtɔ siwo kpe ɖe eŋu le aʋawɔwɔ me.
2 能左右開弓,發石射傷的人,是本雅明人,為撒烏耳的同族兄弟;
Wo katã lé aŋutrɔwo ɖe asi, wonye aŋutrɔdala kple akafodala nyuiwo eye wowɔa mia kple ɖusi siaa ŋu dɔ sɔsɔe. Wo katã wotso Benyamin ƒe to la me abe Saul ke ene.
3 為首的是阿希厄則耳,其次為基貝亞人舍瑪亞的兒子約阿士,阿次瑪委特的兒子耶齊耳和培肋特,貝辣加和阿納托特人耶胡,
Ame siawo Nunɔlae nye Ahiezer kple Yoas, Semaa tso Gibea ƒe viŋutsuwo. Bubuwoe nye: Yeziel kple Pelet, Azmavet ƒe viwo, Beraka Yehu tso Anatɔt,
4 基貝紅人依市瑪雅,他在三十勇士之中,且是三十勇士的首領; 還有耶勒米雅,雅哈齊耳,約哈南和革德爾人的約匝巴得,
Ismaya tso Gibeon, kalẽtɔ kple kplɔla na Ame Blaetɔ̃awo; Yeremia, Yahaziel, Yohanan, Yozabad tso Gederat,
5 厄路齋,耶黎摩特,貝阿里雅,舍瑪黎雅和哈黎夫人舍法提雅,
Eluzai, Yerimot, Bealia, Semeria, Sefatia tso Haruf;
6 厄耳卡納,依史雅,阿匝勒耳,約厄則爾和瑪芍貝罕,科辣黑人,
Elkana, Isia, Azarel, Yoezer kple Yasobeam, ame siwo katã nye Korah ƒe viwo;
7 又有革多爾人耶洛罕的兒子約厄拉和則巴狄雅。
Yoela kple Zebadia, Yeroham, ame siwo tso Gedor ƒe viŋutsuwo.
8 有些加得人到曠野的山岩中歸順了達味;他們是孔武有力,精於作戰,能使藤牌槍矛的勇士,面貌相似獅子,敏捷有如山上的羚羊:
Aʋawɔla kalẽtɔ aɖewo siwo tso Gad ƒe viwo dome hã yi David gbɔ le gbedzi. Wowɔa akpoxɔnu kple akplɔ siaa ŋu dɔ nyuie. Woƒe mo le abe dzata tɔ ene eye woɖea abla abe zi ene le towo dzi.
9 首為厄則爾,次為敖巴狄雅,三為厄里雅布,
Ezer nye woƒe tatɔ, Obadia nye evelia, etɔlia nye Eliab.
10 四為米舍曼納,五為耶勒米雅,
Mismana nye enelia, Yeremia nye atɔ̃lia,
11 六為阿泰,七為厄里耳,
Atai nye adelia, Eliel nye adrelia,
12 八為約哈南,九為厄耳匝巴得,
enyiliae nye Yohanan; asiekeliae nye Elzabad;
13 十為耶勒米雅烏,十一為瑪革邦乃:
ewoliae nye Yeremia eye wuiɖekɛliae nye Makbanai.
14 這些人都是加得的子孫,軍隊的首領,小者可抵百人,大者可抵千人。
Gad ƒe vi siawoe nye aʋafiawo; ame alafa ɖeka mate ŋu anɔ te ɖe wo dometɔ gblɔetɔ nu o eye wo dometɔ sesẽtɔ ate ŋu anɔ te ɖe ame akpe nu.
15 就是這些人,在一月裏,約但何水漲到兩岸時,渡過了河,使平原所有的居民東奔西逃。
Woawoe nye ame siwo tso Yɔdan tɔsisi la le dzinu gbãtɔ me esi wòɖɔ gbagba eye wonya ame siwo katã nɔ balia me la ɖe du nu. Ɖewo si to ɣedzeƒe eye ɖewo hã si to ɣetoɖoƒe.
16 此外,又有本雅明人和猶大人來到山砦見達味,
Aʋawɔla bubuwo tso Benyamin ƒe viwo kple Yuda ƒe viwo dome ame siwo hã va de David dzi le eƒe mɔ sesẽ la me.
17 達味出來迎接他們說:「如果你們帶來平安,有意協助我,我的心就與你們相契合;如果你們來是為將我這無辜的人出賣於敵人,願我們祖先的天主,予以鑑察,予以審判。」
David yi ɖakpe wo eye wògblɔ na wo be, “Ne mieva le ŋutifafa me be yewoakpe ɖe ŋunye la, ekema mele klalo be mawɔ ɖeka kpli mi ke ne mieva be yewoadem asi na nye futɔwo, le esime nye asiwo mewɔ vɔ̃ aɖeke o la, ekema mía fofowo ƒe Mawu nakpɔe eye wòadrɔ̃ ʋɔnu mi.”
18 當時,天主的神充滿在那三十個勇士的首領阿瑪賽身上,他遂說:「達味! 我們屬於你;葉瑟的兒子! 我們來協助你;平安! 願協助你的也都平安! 因為你的天主扶助了你。」達味便收留了他們,委他們為部隊隊長。
Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Amasai, Ame Blaetɔ̃awo ƒe tatɔ dzi eye wògblɔ be, “Oo David, tɔwòwoe míenye! Oo Yese viŋutsu, míeli kpli wò! Ŋutifafa, ŋutifafa na wò eye ŋutifafa na ame siwo kpena ɖe ŋuwò, elabena wò Mawu la akpe ɖe ŋuwo.” Ale David xɔ wo eye wòtsɔ wo ɖo eƒe adzohawo nu.
19 當達味與培肋舍特人一同去攻打撒烏耳時,也有些默納協人歸順了達味。其實達味並沒有協助培勒舍特人,因為培肋舍特人的首領議決將他遣回,說:「怕達味拿我們的頭去向他的主人撒烏耳投誠。」
Ŋutsu aɖewo tso Manase ƒe to la me ame siwo si va de David dzi esi wònɔ Filistitɔwo gbɔ be wòawɔ aʋa kple Saul. (Eya kple eƒe ameawo mekpe ɖe Filistitɔwo ŋu o elabena le aɖaŋudede megbe la, Filistitɔwo ƒe fiawo na wòtrɔ dzo. Wogblɔ be, “Woava tso ta le mía nu nenye be esi yi eƒe aƒetɔ Saul gbɔ.”)
20 達味回漆刻拉格時,默納協人阿德納,約匝巴得,耶狄厄耳,米加耳,約匝巴得,厄里胡和漆肋泰,都歸順了他;他們都是默納協人中的千夫長。
Manase ƒe vi siwo va kpe ɖe David ŋu esi wòyi Ziklag la woe nye: Adna, Yozabad, Yediael, Mikael, Yozabad, Elihu kple Ziletai. Ame siawo katã nye ame akpewo nunɔlawo le Manase.
21 這些人偕同達味攻擊了一群賊寇;他們皆是孔武有力的勇士,成了軍中的官長。
Wokpe ɖe David ŋu wòɖu adzohawo dzi elabena wo katã wonye aʋawɔla kalẽtɔwo eye wonye aʋafiawo le eƒe asrafoha me.
22 前來協助達味的人日漸增多,以致成了一強大的兵團,有如天主的軍旅。[擁護達味為王的戰士]
Tso ŋkeke yi ŋkeke la, ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu va se ɖe esime aʋakɔ gã aɖe va ɖo esi, si le abe Mawu ƒe aʋakɔ ene.
23 來到赫貝龍達味前,欲把撒烏耳的王位,依照上主的命令,交於達味,而準備出征的人數如下:
Ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu le Hebron eye wodi vevie be David naɖu fia ɖe Saul teƒe abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Ame siawoe nye:
24 猶大子孫中,執盾持槍的武裝戰士六千八百人;
Ame akpe ade alafa enyi tso Yuda; woglã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnuwo kple akplɔwo;
25 西默盎子孫中,英勇有力的戰士七千一百人;
aʋawɔla sesẽ akpe adre alafa ɖeka tso Simeon ƒe viwo dome;
26 肋未子孫中,四千六百人;
ame akpe ene alafa ade tso Levi ƒe viwo dome.
27 亞郎家族的族長約雅達,與他的侍從三千七百人,
Aron ƒe dzidzimeviwo ame akpe etɔ̃. Ame siwo nɔ Yehoiada ƒe kpɔkplɔ te la nye ame akpe etɔ̃ alafa adre
28 少年勇士匝多克和他的家人二十二個軍官;
Zadok kple eƒe ƒometɔ blaeve-vɔ-eve nye amegãwo le nunɔlawo dome.
29 撒烏耳的同族本雅明子孫中三千人。直到那時止,他們多半支持撒烏耳家;
Ame akpe etɔ̃ tso Benyamin ƒe viwo, ame siwo me Saul dzɔ tso la dome. Benyamin ƒe vi geɖewo ganɔ Saul yome va se ɖe ɣe ma ɣi.
30 厄弗辣因子孫中,二萬零八百人,都是有力的勇士,在自己家族中也是有名望的人;
Aʋawɔla sesẽ akpe blaeve alafa enyi tso Efraim ƒe viwo dome; wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ŋkɔ le eƒe hlɔ̃ me.
31 默納協半支派中,報名來立達味為王者一萬八千人;
Woɖo ame akpe wuienyi ɖa tso Manase ƒe viwo ƒe afã me be woakpe ɖe David ŋu wòazu fia.
32 依撒加爾子孫中,識時務,指導以色列應如何行事的人,有族長二百人,同族的人都聽他們的指揮;
Kplɔla alafa eve kple woƒe ƒometɔwo tso Isaka ƒe viwo dome. Ame siawo nya nu si tututu dze be Israel nawɔ.
33 則步隆子孫中,能上陣作戰,會用各種武器,一心一意助戰的,有五萬人;
Ame akpe blaatɔ̃ tso Zebulon ƒe viwo dome. Wohe wo katã nyuie eye wonɔ David yome kple dzi blibo.
34 納裴塔里子孫中,能上陣作戰的,有二萬八千六百人;
Aʋamegã akpe ɖeka kple aʋawɔla akpe blaetɔ̃-vɔ-adre, ame siwo glã wo ɖokuiwo kple akpoxɔnu kple akplɔ la, tso Naftali ƒe viwo dome.
35 丹子孫中,能上陣作戰的,有二萬八千六百人;
Ame akpe blaeve-vɔ-enyi, alafa ade tso Dan ƒe viwo dome. Wo katã wodzra ɖo na aʋawɔwɔ.
36 阿協爾子孫中,能上陣作戰的,有四萬人;
Ame akpe blaene tso Aser ƒe viwo dome. Wohe wo nyuie eye wonɔ klalo na aʋawɔwɔ.
37 約但河東岸,勒烏本族,加得族,默納協半支派中,能持各種兵器作戰的,共有十二萬人:
Ame akpe alafa ɖeka blaeve tso Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ, afi si Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã nɔ. Woawo tsɔ aʋawɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe asi.
38 以上這些人都是軍人,有行伍訓練的戰士,誠心來到赫貝龍,要立達味為全以色列的君王;其餘的眾以色列人,也都一心要立達味為王。
Ame siawo katã do aʋawɔwu heyi Hebron kple taɖodzinu ɖeka sia be David nazu Israel fia. Le nyateƒe me la, Israel blibo la nɔ klalo be David naɖu fia.
39 他們在那裏與達味同住了三天,一同飲食,因為有他們的弟兄為他們預備好了一切。
Woɖu nu eye wono nu kple David ŋkeke etɔ̃ elabena wodzra ɖo na woƒe vava.
40 附近的人,以及遠至依撒加爾,則步隆和納斐塔里的人,都用驢、駱駝、騾和牛,給他們載來大批食品:麵餅、無花果餅、葡萄乾餅、由和牛羊,因為當時在以色列充滿了快樂。
Kpuiƒetsolawo kple ame siwo tso didiƒe ke abe Isaka, Zebulon kple Naftali ene la tsɔ nuɖuɖu ɖe tedziwo, kposɔwo kple nyiwo dzi vɛ. Wotsɔ wɔ, akpɔnɔ, waintsetse, wain, ami, nyiwo kple alẽwo vɛ hena kplɔ̃ɖoɖo elabena dzidzɔ yɔ Israel ƒe anyigba blibo la dzi.

< 歷代志上 12 >