< 歷代志上 11 >

1 [達味為王]那時,全以色列人聚集到赫貝龍,來見達味說:「看,我們都是你的骨肉。
Israel ha blibo la va ƒo ƒu ɖe David gbɔ le Hebron eye wogblɔ nɛ be, “Wò ŋutilã kple ʋue míenye.
2 以前連撒烏耳為王時,也是你率領以色列出入征討;並且上主你的天主,也曾對你說過:你應牧養我的百姓以色列,作我的百姓以色列的領袖。」
Tsã esi Saul nye fia gɔ̃ hã la, wòe nye ame si kplɔ Israel le eƒe aʋawɔwɔ katã me eye Yehowa, wò Mawu, gblɔ na wò be, ‘Wòe akplɔ nye dukɔ, Israel eye wòe ava nye woƒe fia.’”
3 以色列所有的長老都到赫貝龍來見君王,達味就在赫貝龍,在上主面前同他們立了約;他們便按照上主藉撒慕爾所吩咐的,給達味傅油,立他為以色列王。[佔領耶路撒冷]
Esi Israel ƒe dumegãwo va kpe ta le Fia David gbɔ le Hebron la, ebla nu kpli wo le Yehowa ƒe ŋkume eye wosi ami na David heɖoe fiae ɖe Israel dzi abe ale si Yehowa gblɔ na Samuel ene.
4 達味和全以色列人便向耶路撒冷,即耶步斯進發,當時住在那地方的是耶步斯人。
Le esia megbe la, David kple Israel blibo la ho aʋa ɖe Yerusalem, du si woyɔna tsã be Yebus la ŋu. Yebusitɔwo nye ame siwo nye anyigba la dzi nɔla gbãtɔwo.
5 耶步斯的居民對達味說:「你決攻不進此地。」但是,達味卻佔領了熙雍山堡,即今達味城。
Wogblɔ na David be, “Màge ɖe afi sia o.” Ke David kple eƒe amewo ɖu wo dzi eye woxɔ Zion mɔ sesẽ la si woyɔna azɔ be, “David ƒe Du.”
6 達味曾說過:「誰首先擊敗耶步斯人,誰將升為將領和元帥。」責魯雅的兒子約阿布首先上去了,所以他成了元帥。
David gblɔ be, “Ame sia ame si atre Yebusitɔwo sisi la, azu aʋafia.” Yoab, Zeruya ƒe viŋutsu dze Yebusitɔwo dzi gbã eye wòzu aʋafia la.
7 達味便住在那山堡內,因此人稱之為達味城。
David nɔ mɔ la me eya ta woyɔa du la ƒe akpa ma be, David ƒe Du.
8 達味又重修四周城垣,從米羅起,重修一週;城的其餘部份由約阿布修建。
Ekeke du la ɖe edzi ƒo xlã mɔ la le esime Yoab gbugbɔ Yerusalem ƒe akpa mamlɛa tu.
9 達味日漸強盛,萬軍的上主與他同在。[達味的將士名單]
David ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ de dzi elabena Yehowa, Dziƒoʋĩtɔ la nɔ kplii.
10 以下這些人,是極力擁護達味建國,與全以色列人照上主對以色列所吩咐的,立他為王的主要將士。
David ƒe aʋawɔla xɔŋkɔtɔwo, ame siwo do ŋusẽ Israel ƒe kplɔlawo be woatsɔ David aɖo fiae abe ale si Yehowa gblɔ be ava eme ene la le ame etɔ̃.
11 達味的將士名單如下:哈革摩尼的兒子依市巴耳,是三傑之首;一次他曾舉起長矛,擊殺了三百人。
Wo dometɔ gbãtɔe nye Yasobeam, ŋutsu aɖe si tso Hakmon. Eyae nye Ame Sesẽ Etɔ̃awo, ame siwo nye aʋawɔla xɔŋkɔ etɔ̃awo le David ƒe aʋakɔ la me la kplɔla. Ewu ame alafa etɔ̃ kpɔ kple eƒe akplɔ le aʋakpekpe ɖeka me.
12 次為阿曷亞人多多的兒子厄肋阿匝爾,三傑之一,
Ame Sesẽ Etɔ̃awo dometɔ eveliae nye Eleazar, Dodai ƒe vi, ame si nye Ahohitɔ.
13 他以前同達味在帕斯達明,培肋舍特人正在那裏集合準備交戰時,【以色列人退卻,他卻固守陣地,擊殺培肋舍特人,直到他手軟無力,粘在刀柄上。上主在那一天完成了一大勝利;民眾返回,隨著他去搶戰利品。再其次是哈辣黎人厄拉的兒子沙瑪,那時培肋舍特人在肋希集合,】在那裏有一塊長滿大麥的田地,民眾由培肋舍特人面前逃走,
Enɔ David ŋu le aʋa si Israelviwo wɔ kple Filistitɔwo le Pas Damim la me. Lu le agble aɖe me fũ le afi ma. Ke Israel ƒe aʋawɔla bubuawo katã si le Filistitɔwo nu.
14 他卻立在田間保護了那塊田地,殺敗了培肋舍特人,如此上主又完成了一次大勝利。
Ke wotɔ ɖe agble la titina, hexɔe eye wowu Filistitɔwo. Yehowa na woɖu dzi gã aɖe.
15 一次三十勇士中,有三位下到阿杜藍山砦附近的岩石裏去見達味,那時培肋舍特人正紮營在勒法因平原,
Le ɣe bubu ɣi la, David ƒe aʋafia blaetɔ̃awo dometɔ etɔ̃ yi David gbɔ le esime wòbe ɖe agado aɖe me le Adulam. Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Refaim balime.
16 同時達味恰在山砦內,培肋舍特人當時也在白冷駐防,
David nɔ mɔ la me eye Filistitɔwo ɖe aʋakɔ ɖo Betlehem le ɣe ma ɣi.
17 達味渴望說:「誰能從白冷城門旁的井中,給我打一點水來喝呢﹖」
David gblɔ kple didi be, “Tsikɔ le wunyem vevie. Oo, ne ame aɖe aku tsi tso vudo si le Betlehem ƒe agbonu la me vɛ nam la anyo ŋutɔ.”
18 那三位勇士就衝過培肋舍特人的營幕,從白冷城門旁的井中打了水,將水取來帶到達味前;但達味不肯喝,反而將水奠於上主前,
Ke ame etɔ̃awo to Filistitɔwo dome, ku tsi tso vudo si te ɖe Betlehem ƒe agbo ŋu me yi na David. Ke David gbe meno tsi la o, ke boŋ etrɔe kɔ ɖi le Yehowa ƒe ŋkume.
19 說「我的天主決不許我做這事! 我豈能喝這些冒生命危險者的血﹖因為這是他們冒生命危險取來的。」所以他不肯喝。這是這三個勇士所做的。
Egblɔ be, “Mawu nana nu sia wɔwɔ nate ɖa xaa tso gbɔnye. Ɖe mano ŋutsu siawo, ame siwo de woƒe agbe ke la ƒe ʋua?” Esi wode woƒe agbe xaxa me be woaku tsi la vɛ nɛ ta la, David menoe o.
20 約阿布的兄弟阿彼瑟,是三十勇士的領袖,他揮舞長矛殺了三百人,因此在三十勇士中出了名;
Abisai, Yoab nɔvi nye amegã na ame etɔ̃awo. Etsɔ eƒe akplɔ wu futɔ alafa etɔ̃ kpɔ ale wòxɔ ŋkɔ abe ame etɔ̃awo ene.
21 他在三十勇士中享有雙重的名望,做了他們的領袖,做了他們的領袖,但尚不及三傑。
Eyae nye tatɔ kple ame xɔŋkɔ le Ŋutsu Sesẽ Etɔ̃awo dome eye wòzu woƒe kplɔla togbɔ be womebui ɖe wo dome o hã.
22 約雅達的兒子貝納雅原是卡貝責耳人,是一位英勇大有作為的人,曾擊殺摩阿布人阿黎耳的兩個兒子;又在下雪天,下到旱井裡打死了一隻獅子。
Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la, wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza.
23 他也曾打死了一個埃及巨人。這埃及人人身高五肘,手中拿著粗如織布機軸的長矛,貝納雅下去,手中僅拿著一根棍杖,從那埃及人手中,把長矛奪了過來,用那長矛將他殺死。
Eye wòwu Egiptetɔ aɖe, ame si ƒe kɔkɔme anɔ mita eve kple afã. Togbɔ be Egiptetɔ la lé akplɔ si tri abe abaladoti ene ɖe asi hã la, Benaya lũ ɖe edzi kple kpo, dui le esi eye wòtsɔ Egiptetɔ la ŋutɔ ƒe akplɔ wui.
24 這是約雅達的兒子貝納雅所做的事。因此在三十勇士中出了名。
Nu siawoe Benaya, Yehoiada ƒe vi wɔ. Eya hã xɔ ŋkɔ abe ame sesẽ etɔ̃awo ene.
25 他比三十勇士更有名望,但尚不及三傑。達味派他作侍衛長。
Wobunɛ wu ame xɔŋkɔ Blaetɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe gake womedee ame Etɔ̃awo dome o. Ke David tsɔe ɖo eŋudzɔlawo nu.
26 其餘的勇士:有約阿布的兄弟阿撒耳,白冷人多多的兒子厄耳哈難,
Aʋawɔla xɔŋkɔ bubu siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye: Asahel, Yoab nɔvi; Elhanan, Dodo ƒe vi tso Betlehem;
27 哈洛得人沙摩特,帕耳提人赫肋茲,
Samɔt Haroritɔ, Helez, Pelɔnitɔ,
28 特科亞人依刻士的兒子依辣,阿納托特人阿彼厄則爾,
Ira, Ikes ƒe vi tso Tekoa; Abiezer, tso Anatɔt;
29 胡沙人息貝開,阿曷亞人衣來,
Sibekai tso Husat; Ilai Ahohitɔ;
30 乃托法人瑪哈賴,乃托法人巴阿納的兒子赫肋得,
Maharai tso Netofat; Heled, Baana ƒe vi tso Netofat;
31 本雅明族基貝亞人黎拜的兒子依泰、丕辣通人貝納雅,
Itai, Ribai ƒe vi, Benyamin tso Gibea; Benaya tso Piratɔn;
32 加阿士士溪人胡賴,貝特阿辣巴人阿彼巴耳,
Hurai tso Gaas tɔʋu la gbɔ; Abiel tso Arbat;
33 巴胡陵人阿次瑪委特,沙阿耳賓人厄里雅巴,
Azmavet tso Baharum; Eliahba tso Saalbɔn;
34 基宗人雅笙,哈辣黎人沙革的兒子約納堂,
Hasem ƒe viwo tso Gizon; Yonatan, Sagee ƒe vi, tso Harar;
35 哈辣黎人撒加爾的兒子阿希楊,烏爾的兒子厄里法耳,
Ahiam, Sakar ƒe vi, tso Harar; Elifal, Ur ƒe vi,
36 默革辣人赫費爾,基羅人阿希雅,
Hefer tso Mekerat; Ahiya tso Pelɔn;
37 加爾默耳人赫茲賴,厄次拜的兒子納阿賴,
Hezro tso Karmel; Naarai, Ezbai ƒe vi;
38 納堂的兄弟約厄耳,哈革黎的兒子米貝哈爾,
Yoel, Natan nɔvi; Mibhar, Hagri ƒe vi;
39 阿孟人責肋克,貝厄洛特人納赫賴,他是責魯雅的兒子約阿布的執戟者,
Zelek tso Amon, Naharai tso Beerot, ame si nye Zeruya vi, Yoab ƒe aʋawɔnuwo tsɔla;
40 雅提爾人依辣,雅提爾人加勒布,
Ira, tso Yatir; Gareb tso Yatir;
41 赫特人烏黎雅,阿赫來的兒子匝巴得,
Uria, Hititɔ la; Zabad, Ahlai ƒe vi;
42 勒烏本人史匝的兒子阿狄納,他是勒烏本人的首領,有三十個人跟隨他,
Adina, Siza ƒe vi, tso Ruben ƒe viwo dome eye wònɔ Ruben ƒe viwo kplɔla blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛawo dome;
43 瑪加的兒子哈南,默騰人約沙法特,
Hanan, Maaka ƒe vi; Yosafat Mitnitɔ;
44 阿市塔洛特人烏齊雅,阿洛厄爾人曷堂的兒子沙瑪和耶厄耳,
Uzia, tso Asterat; Sama kple Yeiel, Hotam ƒe viwo tso Aroer;
45 提漆人史默黎的兒子耶狄阿耳和他的兄弟約哈,
Yediael, Simri ƒe vi kple nɔvia Yoha, tso Tizi;
46 瑪紅人厄里耳,厄耳納罕的兒子耶黎拜和約沙委雅,摩阿布人依特瑪,
Eliel tso Mahavi; Yeribai kple Yosavia, ame siwo nye Elnaam ƒe viwo; Itma tso Moab;
47 厄里耳,敖貝得和祚巴人雅息耳。
Eliel; Obed kple Yaasiel tso Mezoba.

< 歷代志上 11 >