< Titus 2 >
1 I wu u ka hla njaaji ilan.
Ele na wò be nàfia nu si nye nufiafia si de blibo.
2 Gbi bi ciche lila du mba hi he vutu bey vu sunro be toh jaji ni mi kpakyeme ni itere u Irji.
Fia ame tsitsiwo be woafa tu, woanye ame siwo dze na bubu, ɖokuidziɖulawo, ame siwo ƒe xɔse de blibo le lɔlɔ̃ kple tenɔnɔ me.
3 Na ki imba be niko be ka vutu bi bana be tere totona du bana so ima u tehuwa na.
Nenema ke, fia nyɔnu tsitsiwo be woafa tu, eye woabu ame le woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam, nɔa nya vlowo gblɔm tso amewo ŋu la o, eye womanye ahatsunolawo hã o.
4 Du ba tsoro imba be tsitsama itere sunko wa balilo.
Ele be nyɔnu tsitsi siawo nafia ɖetugbiwo ale si woafa tui, eye woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwoe.
5 Du mba hi be mlaya mba komba bata tee naki itere Irji a ni bi kerekereme.
Fia wo be woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo bɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o.
6 Na ki u ka hla imirize du mba hey be sisuron.
Nenema ke, do ŋusẽ ɖekakpuiwo be woanye ɖokuidziɖulawo.
7 Ko ni konrime u ka zeren dedeme.
Tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋui na wo le nu sia nu me, to nu si nyo la wɔwɔ me. Ɖe nuteƒewɔwɔ kple moveviɖoɖo fia le wò nufiafia me.
8 Hla tere be dedema. bewa bana toh itere Irji na Ishan ka temba.
Kpe ɖe esiawo ŋu la, wò nuƒoƒo neto mɔ ɖeka be womakpɔ kpɔtsɔtsɔ le eŋu o, ale be ŋu nakpe ame siwo tsia tsitre ɖe ŋuwò la, elabena nya vɔ̃ aɖeke mele wo si woagblɔ tso mía ŋu o.
9 I miri ko mba wo tere ni tei komba ni mi kogeh mba na sunyu ni mbana.
Fia kluviwo be woaɖo to woƒe aƒetɔwo le nu sia nu me, woadze agbagba awɔ nu adze wo ŋu, eye womegaɖo nya ŋu na woƒe aƒetɔwo o.
10 Du ba na tee yibi na. Mba ka ji kpakyeme U Irji gbahgbah me.
Fia wo hã be womegafi woƒe aƒetɔwo o, ke boŋ woaɖe nuteƒewɔwɔ nyui afia be woate ŋu aka ɖe wo dzi blibo ɣe sia ɣi ale be le mɔ ɖe sia ɖe nu la, woawɔ nufiafia tso Mawu, míaƒe Ɖela ŋu wòadze ame ŋu.
11 U imiri Irji ba toh didima wawumba.
Elabena Mawu ƒe amenuveve si hea ɖeɖe vanɛ la do na amewo katã.
12 Ani hla du keh ka memetee u gbu gblu tagah. (aiōn )
Efia mí be míagblɔ “Ao” na mawumavɔmavɔ̃ kple xexemenudzodzrowo, eye míanɔ agbe le ɖokuidziɖuɖu, dzɔdzɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me le fifixexea me, (aiōn )
13 Keh ta zere di ta gbey tee lulu ni ze sunro u ye ivere Irji tee bu.
esi míele lalam na yayraŋkeke si míele mɔ kpɔm na, yayraŋkeke si dzi woaɖe míaƒe Mawu gã kple Ɖela Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe afia le.
14 Yesu a kpa hla tere u bu ni gbu gblu da ikheu ubu wawu. na ki khi ka hu hla terema.
Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me, be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye eya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo la.
15 U ka tere ni gbe gble de tshoro ba jaji ndah na kpa u tsirina.
Eya ta fia nu siawo. De dzi ƒo na wò ameawo, eye nàka mo na wo kple ŋusẽ katã. Mègana ame aɖeke nado vlo wò o.