< Mark 11 >

1 da baye ni urshalima baye wiewiere ni bethphage mba Bethany ni gbuku olives u yesu ton mrikoh ma hari
Esi wogogo Betfage kple Betania le Yerusalem gbɔ, eye wova ɖo Amito la gbɔ la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woado ŋgɔ na yewo.
2 da hla ni hawu hi ni vi gbumu wakisiya biti rhi bi toh ba lo vre wadi idro na honni wu to na siwu ngrji mu
Egblɔ na wo be, “Miyi kɔƒe si le mia ŋgɔ la me. Ne miege ɖe eme teti ko la, miakpɔ tedzivi si womedo kpɔ o la le ka me. Mitui ne miakplɔe vɛ.
3 idan itro miyei yi di bichninu nha tre bachi hu niwa ida akle ki ji kamye hari
Ne ame aɖe bia mi be nu ka ta miele ka ɖemee hã la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le ehiãm, eye aɖoe ɖa enumake.’”
4 se ha rhi ni vi gbua da ba to vre
Nusrɔ̃la eveawo dze mɔ, eye wokpɔ tedzivi la le ka me le aƒe aɖe godo. Esi wonɔ ka tumee la,
5 da si ndi bari ba mie ba bisi tigye?
ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la bia wo be, “Nu ka ta miele ka tum tedzivi la ɖo?”
6 u ba hla bawu bachi ni wa indi ba bana tre kpe na
Wogblɔ nya siwo Yesu be woagblɔ la na wo.
7 ba ji vre ye no yesu da ju nklon ba sur niwu du kusun ni tuma
Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu eye nusrɔ̃lawo ɖe woƒe awuwo ɖo ɖe edzi be wòadoe.
8 gbugbu ndi bari ba ju nklon ba sur ni wu du nzere zu nituma bari ba wa vuvu sur niwu du nzre zunituma
Ame geɖewo ɖo woƒe avɔwo ɖe mɔa dzi le eŋgɔ be wòazɔ wo dzi, eye ɖewo hã ŋe atilɔwo ɖo ɖe mɔa dzi nɛ fũu.
9 biwa bana huba ba ya sei da guluzan da nitre hosanna lulu hei nitu ndia wadi a niye ni mi de bachi
Eya ŋutɔ nɔ titina, ame aɖewo nɔ eŋgɔ, eye ɖewo hã nɔ eyome, eye wo katã wonɔ ɣli dom dzidzɔtɔe be, “Hosana!” “Woyra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.”
10 ite bu Dauda akpa lulu ni mulkima Hossana nimi shulu
“Woakafu Mawu be wòtrɔ Mía Fofo David ƒe fiaɖuƒe la vɛ na mí!” “Hosana le dziƒo ʋĩi.”
11 da yesu rhi nimi urushalima da hi nitra irji da ya konitsen da yaluti wa ka rhu hi ni Bethany baba mrikohma ulon don ha
Ale wòge ɖe Yerusalem dua me, eye woyi gbedoxɔ la me. Etsa ŋku godoo le teƒea, lé ŋku ɖe nu sia nu ŋu tsitotsito, eye wòtrɔ dzo yi Betania kple nusrɔ̃la wuieveawo elabena zã nɔ dodom.
12 ni vi uha ni bethanu u iyoun tiu
Esi ŋu ke ŋdi, eye wotrɔ tso Betania gbɔna la, dɔ wu Yesu le mɔa dzi.
13 wa toh chi kukro ri ni gbugba n mu da hi ko ani fe iwo kukro a ni to ma da ahi dana toh kpei na sei vuvu migye ana hei niton u klomana
Ekpɔ gboti aɖe si da ama ŋutɔ, ale wòte ɖe eŋu be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi hã, gake aŋgbawo koe nɔ ati la dzi, elabena eƒe kutseɣi meɖo o.
14 wa ka tre indio na ka ri klo mana u mri koh ma baka woh (aiōn g165)
Yesu ƒo fi de ati la be, “Ame aɖeke magaɖu wò kutsetse aɖeke kpɔ gbeɖe o.” Nusrɔ̃lawo hã se nya si wògblɔ la. (aiōn g165)
15 da baye ni urushalima da ri hi ni tra irji da zu bi le kpei nitra irji da zu ruron ba hle ga ni bi sran klen nibi le gu
Esi wova ɖo Yerusalem la, egayi gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu, eye wòde asi nudzralawo kple nuƒlelawo nyanya do goe me. Emu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, ekaka akpakpadzralawo ƒe zikpuiwo,
16 ana kpanyeim duba ji kpei ule rinikina
eye meɖe mɔ be ame aɖeke natsɔ naneke ato gbedoxɔ la me o.
17 q hlatre rbawu bana han na ba you ikoh mu di ikoh u bre ni gbugbuku bi kan iko bi yib
Egay eƒe nufiafia dzi hegblɔ na ameawo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe na dukɔwo katã oa’? Gake miawo mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’”
18 binna baba bi ti du irji ba wa nkon u wuu amma ba klu ndi ba, Gbugbu ndi ba wohtrea
Esi nunɔlagãwo kple sefialawo se nu si Yesu wɔ la, wode aɖaŋu le ale si woawɔ awui la ŋuti. Ke wonɔ vɔvɔ̃m, elabena ame geɖewo kpɔ dzidzɔ le Yesu ƒe nufiafia ŋuti.
19 niwa yalu a tin a rhu don gbua
Abe ale si wowɔna ɖaa ene la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le dua me le fiẽ me lɔƒo.
20 da ba zu da toh kunkro wadi yesu lau a klu rhini njama ba bwu nyu yo ni woho daya
Esi ŋu ke ŋdi la, wova to gboti si Yesu ƒo fi de la ŋuti, eye wokpɔ be, ati la yrɔ sũu.
21 Bitrus a rimre da tre malla wu toh kukro wawu lau? a kuq wawu
Kasia Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ na ati la dzi, eye wògblɔ be, “Kpɔ ɖa, Nufiala! Ati si nèƒo fi de la yrɔ!”
22 yesu ka sa u you suron irji
Yesu ɖo eŋu be, “Mixɔ Mawu dzi se.
23 jaji me hla yuwu ndi wa a you suron ni irji da hla ni ghu gbulu du grji joku ani joku
Nyateƒenya wònye be ne ame aɖe agblɔ na to sia be, ‘Yi, nàtsɔ ɖokuiwò ƒu gbe ɖe atsiaƒu me’ eye ɖikeke mele eƒe dzi me o la, ava eme nɛ.
24 naki mi hla yuu di ikpei wa bi mie di kpa gyeim bikpa ana kam ti u me
Eya ta mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabia to gbedodoɖa me la, mixɔe se be miaxɔe, eye wòaka mia si hã.
25 da u kri di bre wuka kpayiem di wur hle duka ndia da lah u don du iti bi u shulu ni wur latre me hle niwu game
Gake ne miebe yewoado gbe ɖa la, mitsɔ ame siwo ƒe nyawo le dɔ me na mi la ke wo gbã be mia Fofo si le dziƒo hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. [
26 ihan Mark ana hla duta wur hle na
Ke ne mietsɔ ke amewo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi o.]”
27 baye ni urushalima gari yesu si nzre ni mikoh irji
Wogava ɖo Yerusalem, eye esi wònɔ tsa ɖim le gbedoxɔ la me la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpakple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo va tui hebiae be,
28 bi han ibe ni bi bla be ni baba bini koh baye niu da mie ni gbrgbrnlen han wu si ti kpe bi yi ahan nuu gbegbeblen u tiba
“Ŋusẽ kae nètsɔ le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wò?”
29 yesu ka sa du tre mime yi kpe ri bi ti ne tre a i mi hla u koni gbegbenlen nhami si ti kpi biyi
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Hafi maɖo nya sia ŋu na mi la, miawo hã miɖo nye biabia sia ŋu nam.
30 sukpa Yohana agri ri nishu ko ani ni meme
Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa? Miɖo eŋu nam!”
31 baka san iyue ni kpaba da tre kita tre a irji ni shulu wa ani tre ngye sa kina kpa jiem ni u na
Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’
32 ama kika tre arji ni ndi ba klu sisir wa di batre si yohana ana ndi u ton du irji u ba hla ni yesu bana toh na
Gake ne míegblɔ be, ‘Amewo gbɔ wòtso la’ …” (Wovɔ̃ be ʋunyaʋunya adzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.)
33 yesu ka tre meme mina hla ni yiwu ko ni gbengbenlen nha misi ti kpi bi yi
Esia ta wogblɔ nɛ be, “Míenya o.” Yesu hã gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo wɔm la na mi o.”

< Mark 11 >