< Jude 1 >
1 yabuza vrenko yesu Kristi vayi Yakubu: hi ni wa ba yoba bi son u irji iti nibu wa ba baunzi ni kristi.
Nye, Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla kple Yakobo nɔviŋutsu gbɔe agbalẽ sia tso, Na ame siwo woyɔ, ame siwo Mawu Fofo la lɔ̃, eye wòlé wo ɖe te le Yesu Kristo me:
2 du losron mba sisron ni son ndi he niyii.
Amenuveve, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me.
3 bi son mi si hainiyu ndi ha mi wu ni tu kpa wawu bin, abi ndi mi ngron yi nitre kpa yesu wa mba nu yii bi wu rji.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be metsi dzi vevie be maŋlɔ agbalẽ na mi tso ɖeɖe si ƒe gomekpɔlawo míenye la ŋuti hã la, edze ŋunye be maŋlɔe na mi, ado ŋusẽ mi be miaʋli xɔse si wotsɔ de asi na ame kɔkɔeawo zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la ta.
4 indji mbd ri mba rin ni riyabi wa mba ra nitu bla mba tun tse mu indji wa mbo to te ndidina, mba bri ziziwu rji rida kgba hi ni meme. mba ma kpa myerne mi kon rji mbu yesu Almasihu.
Mele esia gblɔm, elabena ame aɖewo, ame siwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woŋlɔ da ɖi tso blema ke la va tra wo ɖokuiwo ɖe mia dome dzaa. Wonye mawumavɔ̃la, siwo trɔ míaƒe Mawu la ƒe amenuveve wòzu mɔɖeɖe na ŋunyɔnuwo wɔwɔ, eye wogbe nu le Yesu Kristo, míaƒe dziɖula ɖeka hɔ̃ɔ kple Aƒetɔ la gbɔ.
5 mi si son la ni wu, bi to igzi wami sison la niwu ye; lrji kpa indji mba ri chuwo ni meme masar; ni kwugon a wu mba bi, bi wa mba kpan myemen niwu ria.
Togbɔ be mienya esiawo katã xoxo hã la, medi be maɖo ŋku edzi na mi be Aƒetɔ la ɖe eƒe dukɔ tso Egiptenyigba dzi, gake emegbe la, etsrɔ̃ ame siwo mexɔ edzi se o.
6 malaiku wa mba na gji mbu mbu ndima wu mba na, mba bri mbu mbu son ndima. irji lumba ni saraka hra ise ni se, ni mi shigji biu be nifi wu mbla. (aïdios )
Ke mawudɔla siwo melé woƒe bubuteƒe me ɖe asi o, ke boŋ wogblẽ woawo ŋutɔ ƒe aƒe ɖi la, esiawoe wòde gae ɖe viviti me, eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ mavɔ de wo hena ʋɔnudɔdrɔ̃ le Ŋkekegã la dzi. (aïdios )
7 mba he na sadurna ni gwarnrata ni gbugbulu wa mba whir whire ni mba, bewa mba turma iyo ni te meme rida wu iypi wa kpan ni wan. mba hena na bi wa mba shaya ne mi lu wama nwena. (aiōnios )
Nenema ke Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la tsɔ wo ɖokuiwo dzra na ŋutilãmeŋunyɔnuwo wɔwɔ kple agbe vlo nɔnɔ. Wonye ame siwo le fu kpem le dzomavɔ ƒe tohehe me la ƒe kpɔɖeŋu. (aiōnios )
8 anakyii bi hira ramba mba kpan mba te meme mba kpa be chu ni tdri nda ni la meme tre nitu bi te ndidi.
Nenema ke drɔ̃ekula siawo ƒo ɖi woawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo, tsi tsitre ɖe dziɖulawo ŋu, eye woƒoa nu vɔ̃ le dziƒodɔlawo ŋu.
9 makailu kyke malaika nitu a si gbi sroun ni iblis nitu kgbu misa ana nyamba shistri rida zre meme tre ritu blama na. nitu wayii, rji nitu ma ndi jatun ine.
Mawudɔlagã Maikel gɔ̃ hã, esi wònɔ nya hem kple Abosam tso Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti la, mete ŋu do dzi gblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe eŋuti o, ke ɖeko wògblɔ be, “Aƒetɔ la aka mo na wò!”
10 indji bi liyi si mbata niwu nitu iypi mbanato na. indji bi yii inba he ni limre ngnama rju mba gji ukwu si yae ni gba mba.
Gake ame siawo ya ƒoa nu kple dzugbe ɖe nu sia nu si gɔme womese o la ŋuti, eye nu sia nu si gɔme wose to seselelãme me abe lã siwo mebua ta me o ene la, nu siawo kee nye nu siwo gblẽa wo dome.
11 iyaki biwu mba wukon kayinu mba yotun mba ni te meme batamu ndu wa gbu gpiri. mba wutuma ni ufu iri mba kora.
Babaa na wo! Woto Kain ƒe mɔ; woti viɖe yome hege ɖe Balaam ƒe vodada me, eye wotsrɔ̃ wo le Kora ƒe aglãdzedze la me.
12 indi bi iyii mba meme indji nimiri biri isonbi wanmbari ni yi mbak wussa, bi gru wa ri nitu mba, mba npan wa agji uumba ngugun ye na. mba kwugron wa mba gji nkolo ma yena.
Ame siawo nye ɖiƒonuwo le hamea ƒe lɔlɔ̃nuɖuƒewo. Woɖua nu kpli mi ŋumakpetɔe, wonye alẽkplɔla siwo nyia woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko. Wole abe lilikpo siwo medzaa tsi o, eye ya lɔa wo ɖe enu ene. Wole abe kelemeti siwo metse ku o, eye woho wo da ɖi eye woku zi eve la ene.
13 mba bi kwu, ribibuju mba tu mba rji ni jan ma. mba nei bi tsra mba vfu vo nifu ni shan mba. mba he na tstsi wa mba tsre brakaueme ni mi shigji bwu hi ni se gbuwu. (aiōn )
Wole abe ƒutsotsoe siwo dze agbo hele woawo ŋutɔ ƒe ŋukpefutukpɔwo ɖem ɖe go la ene. Wole abe ɣletivi siwo le tsatsam, esiwo woɖo viviti tsiɖitsiɖi da ɖi na tegbetegbe la ene. (aiōn )
14 ahnuhu idiji wu tagban rji Adamu, atre ru tu mba, nda la ya irji ni ye meme bi zizinma dubu dubbai.
Enɔk, ame si nye dzidzime adrelia tso Adam dzi la gblɔ nya ɖi ɖe ame siawo ŋu be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la gbɔna kple eƒe dɔla kɔkɔe akpeakpewo,
15 asiye wa ari blaatre konni indji asiye wa ni bla yre indji bi te meme, indun mba wa atre ni tu kon na. wa mba te ni kon meme ma; ni la bi meme ni bi latre wa mba tre ni tuma.
ne wòadrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame, ne wòabu fɔ mawumavɔ̃lawo ɖe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi hekpe ɖe nya vlo siwo katã nu vɔ̃ wɔla siawo gblɔ ɖe eya amea ŋuti la ta.”
16 biyii bi tre che, bi tre gbrugbo wamba wu meme te mba mba ni bru ni ni sandon tu mba mba trece nitie.
Ame siawo nye liʋĩliʋĩlĩlawo kple ame siwo kpɔa vodada le nu sia nu ŋu. Wodzea woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome, woƒoa adegbe le woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu, eye wokafua amewo alakpatɔe hena woawo ŋutɔ ƒe nyui.
17 amawu kauritau tauna tre wa me tsi tre niwu kwugon ni marizanni yesu Almasihunmu wa mba laniwu tu ru tse.
Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miɖo ŋku nya siwo míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ da ɖi la dzi.
18 mba laruwu ni tun kykle indji bi che mba he mba wu kon mba wu meme.
Wogblɔ na mi be, “Le ɣeyiɣi mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, ame siwo adze woawo ŋutɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo yome.”
19 abi wa mba hantu indji mba bi wu gbugbulu mba na he ni ruhuna.
Ame siawoe nye ame siwo dea mama mia dome, ame siwo dzea ŋutilã ƒe nukpɔkpɔwo yome, eye Gbɔgbɔ la mele wo me o.
20 Bi Ijii Kaunatu, men tu bi ni keh tsatsare ma, ndi bra ni mi ruhu wu tsatsare.
Ke miawo ya la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mitu mia ɖokuiwo ɖo le miaƒe xɔse kɔkɔetɔ kekeake me, eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me.
21 Gji kpan bi ni son Rji, ndi nta gpi losron inji mbu Yesu Almasihu wa ni nuta re wu ise ni se. (aiōnios )
Mitsɔ mia ɖokuiwo de Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me esi miele míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ lalam be wòakplɔ mi ayi agbe mavɔ la mee. (aiōnios )
22 Tsro son ni biwa na kpanyemena.
Mikpɔ nublanui na ame siwo le ɖi kem le wo ɖokuiwo me.
23 Mba ri chuwo ni nyu lu. Tsron indji mbari ni tsitsir, kamen ni nglo wa yin kpa mba teimeme.
Miɖe ame bubuwo tso dzo me, eye mixɔ na wo. Mikpɔ nublanui na wo kple vɔvɔ̃. Milé fu awu si ƒo ɖi to ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo me gɔ̃ hã.
24 Wa ahe ni gpengble wa asi ndi na kgbu zam na, wa ni zo wa kri ni shishi ni kpa'n ndidi'ma ni sroun ndindi'ma.
Azɔ, eya ame si tea ŋu léa mí ɖe asi be míagadze anyi o, be wòakɔ mi aɖo eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋgɔ kpɔtsɔtsɔmanɔŋui le dzidzɔ gã me lae mede mi asi na;
25 Irji mbu ni wa kpata juwo ni wo Yesu Kristi Irji mbu, ndindima, ngpengblema, ni he ma, ikon ma, ni fin wawu, zizan ni se ni se ahema. (Amen). (aiōn )
Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nye míaƒe Ɖela la, eya ko tɔe nye ŋutikɔkɔe, fianyenye, ŋusẽ kple dziɖuɖu to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la me le dzidzimewo katã me, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔ me! Amen. (aiōn )