< Nnwom 88 >

1 Kora mma dwom a wɔde ma dwonkyerɛfo sɛ wɔnto no “Mahalat Leannot” sanku so. Esrahini Heman ɔhaw ne amanehunu dwom. Awurade, woyɛ me nkwagye Nyankopɔn misu wɔ wʼanim adekyee ne adesae.
Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Enye nufiameha si Ezrahitɔ Heman kpa; woadzii ɖe Mahalat Leanot ƒe gbeɖiɖi nu. O! Yehowa, Mawu si ɖem, mele ɣli dom le ŋkuwò me zã kple keli.
2 Ma me mpaebɔ nnu wʼanim; brɛ wʼaso ase tie me sufrɛ.
Nye gbedodoɖa nede gbɔwò, ƒu to anyi ɖe nye kokoƒoƒo ŋu,
3 Ɔhaw ahyɛ me kra ma na me nkwa rebɛn owu. (Sheol h7585)
elabena nye luʋɔ yɔ fũu kple xaxawo, eye nye agbe ɖo kudo nu. (Sheol h7585)
4 Wɔkan me fra wɔn a wɔrekɔ ɔda mu no; mete sɛ obi a onni ahoɔden.
Wobum ɖe ame siwo yi aʋlime la dome; mele abe ŋutsu si si ŋusẽ mele o la ene.
5 Wɔayi me asi nkyɛn wɔ awufo mu, te sɛ atɔfo a wɔdeda ɔda mu, wɔn a wonkae wɔn bio, na wonhwɛ wɔn bio.
Woɖem ɖe aga da ɖe ame kukuwo dome, eye mele abe ame siwo wowu wole yɔdo me la ene, ame siwo dzi miagaɖo ŋkui o, eye woɖe wo ɖa le wò dzikpɔkpɔ te.
6 Woatow me akyene ɔda ase tɔnn, wɔ sum kabii mu.
Ètsɔm de ʋe goglotɔ me, yi ɖe keke viviti tsiɖitsiɖi me.
7 Wʼabufuwhyew ayɛ duru wɔ me so; woama wʼasorɔkye nyinaa abu afa me so.
Wò dziku helĩhelĩ le dzinye vevie, eye nètsɔ wò ƒutsotsoewo tsyɔ dzinye. (Sela)
8 Woafa me nnamfonom a wɔbɛn me afi me nkyɛn woama me ho ayɛ wɔn ahi. Woaka me ahyɛ mu na mintumi nguan;
Èxɔ xɔ̃nye veviwo le asinye, eye nètsɔm wɔ ŋunyɔnu na wo. Ètsɔm da ɖe xaxɛƒe, nyemate ŋu asi o,
9 awerɛhow ama mʼani so ayɛ kusuu. Awurade misu frɛ wo da biara; metrɛw me nsam kyerɛ wo.
eye nuxaxa wɔe be nye ŋkuwo dzi tsyɔ. O! Yehowa, mele yɔwòm gbe sia gbe, eye meke nye abɔwo me na wò.
10 Woyɛ anwonwade kyerɛ awufo ana? Wɔn a wɔawuwu no sɔre kamfo wo ana?
Ɖe nàte ŋu aɖe wò nukunuwo afia ame kukua? Ɖe ame siwo ku la ate ŋu atsi tsitre akafu wòa? (Sela)
11 Wɔka wʼadɔe ho asɛm wɔ ɔda mu, anaasɛ wo nokware ho asɛm wɔ ɔsɛe kurom ana?
Ɖe woaɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ le yɔdo me kple wò nuteƒewɔwɔ le tsiẽƒea?
12 Wohu wʼanwonwade wɔ beae a hɔ aduru sum, anaa wo trenee nnwuma no wɔ awerɛfiri asase so ana?
Ɖe woanya nu le wò nukunuwo ŋu le viviti me, alo le wò dzɔdzɔenyenyedɔwo ŋu le anyigba manyamanya dzia?
13 Nanso Awurade, misu frɛ wo sɛ boa me; me mpaebɔ du wʼanim adekyee mu.
Ke wò, o Yehowae, mele ɣli dom na be nàxɔ nam, eye le ŋdi me la, nye gbedodoɖa neva gbɔwò.
14 Adɛn, Awurade, na wopo me na wode wʼanim hintaw me?
O! Yehowa, nu ka ta nègbem, eye nèɣla wò mo ɖem ɖo?
15 Mahu amane fi me mmofraase na mabɛn owu; wʼahunahuna ama mabrɛ na mapa abaw.
Tso nye ɖekakpuime ke, mekpe hiã, eye meɖo kudo nu, mekpe fu le wò ŋɔdzidodowo ta, eye dzi ɖe le ƒonye.
16 Wʼabufuwhyew abu afa me so; wʼahunahuna asɛe me.
Wò dziku helĩhelĩ tsyɔ dzinye, eye wò ŋɔdzi gblẽ donyeme.
17 Daa nyinaa wotwa me ho hyia sɛ nsuyiri, na wɔabu afa me so koraa.
Woƒo xlãm ŋkeke blibo la abe tsiɖɔɖɔ ene, eye wonye tsyɔ dzinye.
18 Woafa me yɔnkonom ne mʼadɔfo afi me nkyɛn kɔ; na sum ayɛ mʼadamfo a ɔbɛn me pɛɛ.
Èɖe nye zɔhɛwo kple xɔ̃nyewo ɖa le ŋunye, eye vivitie nye xɔ̃nye si tsɔ ɖe gbɔnye.

< Nnwom 88 >