< Yosua 21 >

1 Afei, Lewifo abusua mu ntuanofo kɔɔ ɔsɔfo Eleasar ne Nun babarima Yosua ne Israel mmusuakuw a aka mu ntuanofo no nkyɛn.
Levitɔwo ƒe kplɔlawo va Silo be yewoalé nya aɖe akpɔ kple nunɔla Eleazar kple Yosua kple Israel ƒe to vovovoawo ƒe kplɔlawo.
2 Wɔka kyerɛɛ wɔn wɔ Silo a ɛwɔ Kanaan asase so no se, “Awurade hyɛɛ Mose sɛ, ɔmma yɛn nkurow na yɛntena mu ne adidibea mma yɛn anantwi.”
Wogblɔ na takpekpe la be, “Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose, be wòatsɔ du aɖewo ana mí Levitɔwo, woanye aƒe na mí kple lãnyiƒe na míaƒe lãwo.”
3 Na sɛnea Awurade hyɛe no, wɔde nkurow a edidi so yi a wɔn adidibea ka ho maa Lewifo sɛ wɔn agyapade.
Eya ta Israelviwo tsɔ du siwo dzi woɖu la dometɔ aɖewo kple woƒe lãnyiƒewo na Levitɔwo abe ale si Yehowa gblɔ ene.
4 Aaron asefo a na wɔyɛ Kohat abusuamma, na wɔfra Lewi abusuakuw mu no nyaa nkurow dumiɛnsa a na anka ɛyɛ Yuda, Simeon ne Benyamin mmusuakuw no dea.
Levi ƒome la ƒe akpa si tso Kohat ƒe hlɔ̃ me lae nye ame gbãtɔ siwo wona anyigbae. Aron ƒe dzidzimeviwo hã xɔ du wuietɔ̃ siwo nye: Yuda, Simeon kple Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba ƒe akpa aɖe.
5 Afi a aka wɔ Kohat abusua mu no, wɔmaa wɔn nkurow du fii Efraim ne Dan mmusuakuw no ne Manase abusuakuw fa no nsase mu.
Wotsɔ du ewo tso Efraim ƒe viwo ƒe duwo me na Kohat ƒe ƒome bubuawo.
6 Gerson abusua no nso, wɔmaa wɔn nkurow dumiɛnsa fii Isakar, Aser, Naftali ne Manase abusuakuw fa no wɔ Basan.
Gerson ƒe viwo xɔ du wuietɔ̃ siwo wotia to akɔdada me tso du siwo le Basan la me. Isaka ƒe viwo, Aser ƒe viwo, Naftali ƒe viwo kple Manase ƒe to ƒe afã ɖe asi le du siawo ŋu na wo.
7 Merari abusua no nyaa nkurow dumien fii Ruben, Gad ne Sebulon mmusuakuw no nkyɛn.
Merari ƒe viwo xɔ du wuieve tso Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Zebulon ƒe viwo gbɔ.
8 Enti Israelfo no dii Awurade ɔhyɛ nsɛm a ɔde maa Mose no so. Wɔbɔɔ ntonto kronkron, nam so yiyii saa nkurow yi ne adidibea a ɛkeka ho maa Lewifo.
Ale wowɔ ɖe nu si Yehowa ɖo na Mose la dzi, eye woma du siawo kple lãnyiƒe siwo le wo ŋu la to akɔdada me.
9 Israelfo no de saa nkurow a ɛyɛ Yuda ne Simeon mmusuakuw no dea no
Esiawoe nye du siwo woxɔ tso Yuda ƒe viwo kple Simeon ƒe viwo ƒe anyigba dzi
10 maa Aaron asefo a wɔfra Kohat abusua mu na ɛka Lewi abusuakuw ho no, efisɛ ntonto kronkron a edi kan no bɔɔ wɔn.
na Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo wɔ Kohat hlɔ̃, eye wodzɔ tso Levi me. Woawoe nye ame gbãtɔ siwo wona anyigbae.
11 Kiriat-Arba a (wɔfrɛ no Hebron), a ɛwɔ Yuda bepɔw asase so ne ɛho adidibea. (Arba yɛ Anak tete agya.)
Wotsɔ Arba du, si wotsɔ Arba, Anak fofo ƒe ŋkɔ na, eye woyɔnɛ azɔ be Hebron le Yuda ƒe tonyigba dzi la na wo, kpe ɖe lãnyiƒe si ƒo xlãe la ŋu.
12 Nanso nsase ne nkuraa a atwa kurow no ho ahyia no de, wɔde maa Yefune babarima Kaleb.
Ke wotsɔ agblenyigba siwo le dua kple kɔƒe siwo le eŋu la na Kaleb, Yefune ƒe vi, abe eƒe domenyinu ene xoxo.
13 Nkurow a edidi so yi ne wɔn adidibea no wɔde maa ɔsɔfo Aaron asefo: Hebron (guankɔbea kuropɔn ma nea ne nsa apa wɔ obi ho), Libna,
Hekpe ɖe Hebron si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka ŋu la, du siwo wogatsɔ na nunɔla Aron ƒe dzidzimeviwo la woe nye Libna,
14 Yatir, Estemoa,
Yatir, Estemoa,
15 Holon, Debir,
Holon, Debir,
16 Ain, Yuta ne Bet-Semes a ɛyɛ nkurow akron a wonya fii saa mmusuakuw abien yi nkyɛn no.
Ain, Yuta kple Bet Semes kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo. Wonye du asiekɛ tso Yuda ƒe viwo kple Simeon ƒe viwo ƒe anyigbawo me.
17 Wofi Benyamin abusuakuw mu de saa nkurow yi ne adidibea a atwa ho ahyia no maa asɔfo: Gibeon, Geba,
Wona du ene siawo wo, le Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Gibeon, Geba,
18 Anatot, Almon—a ɛyɛ nkurow anan.
Anatɔt kple Almon kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo.
19 Enti nkurow dumiɛnsa na wɔde maa asɔfo a wɔyɛ Aaron asefo no.
Ale wotsɔ du wuietɔ̃ kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na nunɔlawo, Aron ƒe dzidzimeviwo.
20 Kohat abusua nkae a wofi Lewi abusuakuw mu no nso, wɔde saa nkurow yi ne adidibea a efi Efraim abusua nkyɛn maa wɔn:
Wotsɔ du aɖewo tso Efraim ƒe viwo ƒe anyigba dzi na ƒome bubu aɖewo tso Kohat hlɔ̃ la me.
21 Sekem, (guankɔbea kuropɔn), Geser.
Wotsɔ du ene siawo le Efraim tonyigba la dzi la na wo: Sekem si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo le Efraim ƒe tonyigba la dzi, Gezer,
22 Kibsaim ne Bet-Horon, a ɛyɛ nkurow anan.
Kibzaim kple Bet Horon kple wo ŋu lãnyiƒewo.
23 Saa nkurow ne adidibea yi nso, wɔde maa asɔfo a wofi Dan abusuakuw mu: Elteke ne Gibeton,
Wotsɔ du ene siawo, Elteke, Gibeton,
24 Ayalon ne Gat-Rimon, ɛyɛ nkurow anan.
Aiyalon kple Gat Rimon kple wo ŋu lãnyiƒewo na wo tso Dan ƒe viwo ƒe anyigba dzi.
25 Manase abusuakuw fa no de saa nkurow ne wɔn adidibea maa asɔfo no: Taanak ne Gat-Rimon, ɛyɛ nkurow abien.
Wotsɔ du eve na wo le Manase ƒe viwo ƒe to afã la ƒe anyigba dzi; du siawoe nye Taanak kple Gat Rimon kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu.
26 Enti nkurow du ne wɔn adidibea na wɔde maa Kohat abusua nkae no.
Ale ƒome siwo tso Kohat hlɔ̃ la me la, xɔ du ewo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo.
27 Gerson abusua a wɔyɛ Lewi abusuakuw no fa bi no nso nyaa nkurow abien ne wɔn adidibea fii Manase abusua fa no nkyɛn. Nkurow no ne Golan a ɛwɔ Basan (guankɔbea kuropɔn) ne Beestra.
Levitɔ bubu siwo tso Gerson hlɔ̃ la me la xɔ du eve kple woƒe lãnyiƒewo: le Manase ƒe viwo ƒe ɣedzeƒenyigba dzi. Du siawoe nye Golan le Basan, si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple Be Estera.
28 Isakar abusuakuw no nso maa wɔn: Kision, Daberat,
Woxɔ du ene siawo le Isaka ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Kision, Daberat,
29 Yarmut ne En-Ganim, nkurow anan a wɔn adidibea ka ho.
Yarmut kple En Ganim, kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu siwo le du ene.
30 Aser abusuakuw no maa Misal, Abdon,
Woxɔ du ene siawo le Aser ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Misal, Abdon,
31 Helkat ne Rehob, a ɛyɛ nkurow anan a wɔn adidibea ka ho.
Helkat kple Rehob, kpe ɖe wo ŋu lãnyiƒewo ŋu siwo le du ene.
32 Naftali abusuakuw no maa wɔn Kedes a ɛwɔ Galilea (guankɔbea kuropɔn), Hamot-Dor ne Kartan nkurow abiɛsa ne wɔn adidibea.
Woxɔ du etɔ̃ le Naftali ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Kedes le Galilea si nye Sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka kple Hamot Dor kple Kartan kple wo ŋu lãnyiƒewo siwo le du etɔ̃.
33 Enti nkurow dumiɛnsa ne ɛho adidibea na wɔde maa Gerson mmusua no.
Ale ƒome vovovoawo tso Gerson ƒe hlɔ̃ la me xɔ du wuietɔ̃ kple woƒe lãnyiƒewo.
34 Lewifo nkae a wɔyɛ Merari abusua no nyaa saa nkurow yi a efi Sebulon abusuakuw no nkyɛn: Yokneam, Karta,
Levitɔ mamlɛawo, ame siwo nye Merari ƒe hlɔ̃ la xɔ du ene siawo: le Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Yokneam, Karta,
35 Dimna ne Nahalal—nkurow anan ne ɛho adidibea.
Dimna kple Nahalal kple woƒe lãnyiƒewo siwo nye du ene.
36 Ruben abusuakuw no nso maa wɔn Beser, Yahas,
Woxɔ du ene, Bezer, Yahaz,
37 Kedemot ne Mefaat—nkurow anan ne wɔn adidibea.
Kedemot kple Mefaat kple wo ŋu lãnyiƒewo le Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi siwo le du ene.
38 Gad abusuakuw no maa wɔn Ramot a ɛwɔ Gilead (guankɔbea kuropɔn), Mahanaim,
Woxɔ du ene le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi: Ramot le Gilead si nye sitsoƒeduwo dometɔ ɖeka, Mahanaim,
39 Hesbon ne Yaser, nkurow anan ne ho adidibea.
Hesbon kple Yazer kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo.
40 Enti nkurow dumien na wɔde maa Merari abusua.
Ale du siwo katã wodzidze nu tsɔ na Merari ƒe hlɔ̃ siwo nye Levitɔwo ƒe ƒome mamlɛawo la le du wuieve.
41 Nkurow dodow ne ɛho adidibea a na ɛwɔ Israelman mu a wɔde maa Lewifo no nyinaa yɛ aduanan awotwe.
Du siwo katã nɔ Levitɔwo si le Israelnyigba dzi la, le blaene-vɔ-enyi kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu.
42 Na kurow biara wɔ adidibea da ho.
Lãnyiƒewo ƒo xlã du siawo dometɔ ɖe sia ɖe, aleae wònɔ na du ɖe sia ɖe.
43 Enti Awurade de nsase a ɔkaa ho ntam sɛ ɔde bɛma wɔn agyanom no maa Israelfo no, na wodii so nkonim, tenaa hɔ.
Ale Yehowa tsɔ anyigba si ŋugbe wòdo na wo tɔgbuiwo la katã na Israelviwo. Woyi ɖaɖu ameawo dzi, eye wonɔ afi ma.
44 Na Awurade ma wonyaa ɔhome wɔ afanan nyinaa, sɛnea ɔhyɛɛ wɔn agyanom bɔ no. Wɔn atamfo biara antumi annyina wɔn anim, efisɛ Awurade boaa wɔn ma wodii wɔn atamfo so nkonim.
Yehowa na ŋutifafa wo abe ale si wòdo ŋugbe ene; ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. Yehowa kpe ɖe wo ŋu woɖu woƒe futɔwo katã dzi.
45 Bɔ pa biara a Awurade hyɛɛ Israel no nyinaa baa mu; emu bi anni huammɔ.
Ale nu nyui siwo katã ŋugbe Yehowa do na wo la va eme nenema tututu.

< Yosua 21 >