< Yeremia 19 >

1 Sɛɛ na Awurade se: “Kɔ na kɔtɔ dɔtekuruwa fi ɔnwemfo nkyɛn. Fa nnipa no mpanyimfo no mu bi ne asɔfo no mu bi ka wo ho
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Yi ɖaƒle ze le zemela si; kplɔ dumegã kple nunɔla tsitsi aɖewo ɖe asi,
2 na fi adi kɔ Ben Hinom Bon a ɛbɛn Pɔthɛd Pon ano no. Ɛhɔ na pae mu ka nsɛm a meka kyerɛ wo no,
ne miayi ɖe Ben Hinom ƒe Balime si te ɖe agbo si woyɔna be Zemegbo la ŋu. Le afi ma la, ɖe gbeƒã nya siwo magblɔ na wò.
3 se, ‘Muntie Awurade asɛm, mo Yuda ahemfo ne Yerusalemfo. Sɛɛ na Asafo Awurade Israel Nyankopɔn se. Muntie, mede amanehunu reba ha, na obiara a ɔbɛte no aso mu bɛyɛ no yonn.
Gblɔ be, ‘Mise Yehowa ƒe nya. O mi Yuda fiawo kple Yerusalem nɔlawo, ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖo to afii! Mele gbegblẽ he ge ava teƒe sia eye ame sia ame si ase nya sia la ƒe towo me aɖi yeeŋ.
4 Efisɛ wɔagyaw me na wɔde ha ama ananafo anyame; wɔahyew afɔrebɔde wɔ so ama anyame a wɔn anaa wɔn agyanom, anaa Yuda ahemfo nhuu wɔn da, na wɔde mogya a edi bem ahyɛ ha ma.
Elabena wogblẽm ɖi hetsɔ teƒe sia wɔ dzromawuwo ƒe nɔƒee. Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na mawu siwo woawo ŋutɔ, wo fofowo alo Yuda fiawo gɔ̃ hã menya o. Ale teƒe sia yɔ fũu kple ʋu maɖifɔwo.
5 Wɔasisi Baal sorɔnsorɔmmea sɛ wɔde ogya bɛhyew wɔn mmabarima sɛ afɔrebɔde ama Baal, ade a manhyɛ anaa mammɔ so, anaa amma mʼadwene mu.
Wotu nuxeƒewo na Baal be woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo le afi ma abe vɔsa na Baal ene, nu si nyemeɖo na wo alo gblɔ na wo kaka wòayi nye ta me va ge o.
6 Ɛno nti, monhwɛ yiye na nna bi reba, Awurade na ose, a nnipa remfrɛ ha se Tofet anaa Ben Hinom Bon bio, na mmom, Okum Bon.
Eya ta Yehowa be mikpɔ nyuie elabena ŋkekewo li gbɔna, esi amewo magayɔ teƒe sia be Tofet alo Ben Hinom ƒe Balime o, ke boŋ woayɔe be Kubalime.
7 “‘Mɛsɛe Yuda ne Yerusalem nhyehyɛe wɔ ha. Mɛma wɔatotɔ wɔ afoa ano wɔ wɔn atamfo a wɔrehwehwɛ wɔn nkwa no anim, na mede wɔn afunu bɛma wim nnomaa ne asase so mmoa sɛ wɔn aduan.
“‘Magblẽ Yuda kple Yerusalem ƒe ɖoɖowo me le teƒe sia. Mana woadze anyi le woƒe futɔwo ŋgɔ, ahatsi woƒe yi nu. Ɛ̃, woatsi ame siwo le woƒe agbe yome tim la ƒe asi me, eye matsɔ woƒe ŋutilã kukuawo awɔ nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple lã wɔadãwo.
8 Mɛsɛe saa kuropɔn yi na mayɛ no ahodwiriwde; wɔn a wotwa mu wɔ hɔ no nyinaa ho bedwiriw wɔn, na nʼapirakuru no nti wobedi ne ho fɛw.
Magbã du sia gudugudu eye mana wòazu alɔmeɖenu. Ame siwo katã ato afi ma ayi la ƒe mo awɔ yaa eye woaɖu fewu le eŋu le ale si wogbãe la ta.
9 Mɛma wɔawe wɔn mmabarima ne wɔn mmabea nam, na wobefi ahohia a atamfo a wɔrehwehwɛ wɔn nkwa no anotua de bɛba wɔn so no mu awe wɔn ho wɔn ho nam.’
Mana woalé wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo aɖa aɖu. Woalé wo nɔewo aɖu le xaxa gã si ava wo dzi ne woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim la ɖe to ɖe wo?’
10 “Afei bɔ kuruwa no wɔ wɔn a wɔka wo ho no anim ma wɔnhwɛ,
“Emegbe, gbã ze la le ame siwo nèkplɔ ɖe asi la ŋkume,
11 na ka kyerɛ wɔn se, ‘Sɛɛ na Asafo Awurade se: Mɛbɔ saa ɔman yi ne kuropɔn yi sɛnea wɔabɔ ɔnwemfo kuruwa yi a wɔrentumi nsiesie bio. Wobesie awufo wɔ Tofet kosi sɛ, ɛhɔ bɛyɛ ma.
eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Magbã dukɔ sia kple du sia gudugudu abe ale si zemela ƒe ze sia gbãe eye womagate ŋu atree o la ene. Woaɖi woƒe ame kukuwo ɖe Tofet va se ɖe esime teƒe maganɔ anyi o.
12 Sɛɛ ara na mɛyɛ saa beae yi ne wɔn a wɔtete so, Awurade na ose. Mɛyɛ kuropɔn yi sɛ Tofet.
Yehowa be, aleae mawɔ teƒe sia kple emenɔlawo katãe. Mawɔ du sia abe Tofet ene.
13 Afi a ɛwɔ Yerusalem ne Yuda ahemfo ahemfi ho begu fi te sɛ Tofet ha. Afi a wɔhyew nnuhuam wɔ adan atifi maa ɔsoro asafo nyinaa na woguu nsa maa anyame foforo no.’”
Aƒe siwo le Yerusalem kple Yuda fiawo ƒe aƒewo la, woagblẽ kɔ ɖo na wo abe Tofet ƒe nɔƒe ene ɖe aƒe siwo katã ƒe tame wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le na dziƒoŋunuwo le eye woƒo aha ɖi na mawu bubuwo la ta.’”
14 Afei Yeremia san fii Tofet, faako a Awurade somaa no se ɔnkɔhyɛ nkɔm wɔ hɔ no bae, na Obegyinaa Awurade asɔredan abangua mu na ɔka kyerɛɛ nnipa no nyinaa se,
Tete Yeremia trɔ tso Tofet, afi si Yehowa dɔe ɖo be wòagblɔ nya ɖi heva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu eye wògblɔ na ameha la bena,
15 “Sɛɛ na Asafo Awurade, Israel Nyankopɔn se, ‘Muntie! Mede amanehunu a meka guu kuropɔn yi ne ho nkuraase no nyinaa so no bɛba wɔn so, efisɛ wɔyɛɛ asoɔden, na wɔantie me nsɛm.’”
“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ kple Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, mahe gbegblẽ siwo megblɔ ɖi ɖe du sia kple du bubu siwo ƒo xlãe ŋuti la ava wo dzi elabena wonye kɔlialiatɔwo eye wogbe be yewomaɖo to nye nyawo o.’”

< Yeremia 19 >