< 2 Mose 7 >

1 Na Awurade ka kyerɛɛ Mose se, “Mayɛ wo sɛ Onyankopɔn ama Farao na wo nua Aaron nso bɛyɛ wo diyifo.
Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mewɔ wò abe Mawu ene na Farao, eye nɔviwò ŋutsu Aron abe wò nyagblɔɖila ene.
2 Asɛm biara a mɛka akyerɛ wo no, ka kyerɛ Aaron, na ɔno nso nka nkyerɛ Farao sɛ ɔmma Israelfo no kwan na womfi Misraim.
Gblɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò la na Aron. Eya agblɔe na Farao, eye wòabia be Farao naɖe asi le Israelviwo ŋu woadzo le Egipte.
3 Na mepirim Farao koma, na mayɛ anwonwade ahorow bebree wɔ Misraim
Ke mana Farao nasẽ dzi me, agbe. Ekema magawɔ dzesi dziŋɔ geɖewo le Egiptenyigba dzi.
4 nanso ɔrentie mo. Na mɛfa atemmu a mu yɛ den so de me nsa ato Misraim so na mayi me nkurɔfo Israelfo no.
Ke le esiawo megbe hã la, Farao maɖo to wò o. Ekema mana nye asi nava Egiptetɔwo dzi, mabu fɔ wo kple nukudɔ geɖewo, eye makplɔ nye amehawo, nye dukɔ, Israel, adzoe le Egiptenyigba dzi.
5 Na sɛ mekyerɛ me tumi kyerɛ Misraimfo no a, wobehu sɛ mene Awurade no, na mayi me nkurɔfo no afi mu.”
Ekema Egiptetɔwo adze sii be le nyateƒe me la, nyee nye Yehowa, ne meɖe nye ŋusẽ fia Egiptetɔwo, eye mekplɔ Israelviwo dzoe le wo dome.”
6 Mose ne Aaron yɛɛ sɛnea Awurade hyɛɛ wɔn no.
Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo.
7 Bere a Mose ne Aaron kohyiaa Farao no, na Mose adi mfe aduɔwɔtwe, na Aaron nso adi mfe aduɔwɔtwe abiɛsa.
Mose xɔ ƒe blaenyi, eye Aron xɔ ƒe blaenyi-vɔ-etɔ̃ le ɣeyiɣi sia me, esi wodo ɖe Farao ŋkume.
8 Awurade ka kyerɛɛ Mose ne Aaron se,
Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be,
9 “Farao bɛhwehwɛ sɛ mobɛyɛ anwonwade akyerɛ no ama wahu sɛ, nokware, Onyankopɔn na wasoma mo. Sɛ obisa saa a, Aaron ntow ne pema no nkyene fam na ɛbɛdan ɔwɔ.”
“Ne Farao abia be, ‘Miawɔ nukunu aɖe la,’ ekema gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ la da ɖe anyigba le Farao ŋkume,’ eye wòatrɔ azu da.”
10 Enti Mose ne Aaron kɔɔ Farao nkyɛn kɔyɛɛ anwonwade no sɛnea Awurade akyerɛ wɔn no. Aaron tow ne pema no kyenee fam wɔ Farao ne ne nkurɔfo anim ma ɛdan ɔwɔ.
Ale Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wowɔ nukunu la abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. Aron ɖe asi le eƒe atikplɔ ŋu da ɖe anyigba le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye wòzu da.
11 Farao nso frɛɛ nʼanyansafo ne ne nkonyaayifo a wɔwɔ Misraim ma wɔn nso bɛyɛɛ anwonwade koro no ara bi.
Tete Farao yɔ eƒe nunyalawo kple afakalawo kple Egipte ƒe akunyawɔlawo. Woawo hã te ŋu wɔ nu ma ke kple woƒe akunyawɔwɔ!
12 Wɔn nso pema tumi dan ɔwɔ. Nanso Aaron ɔwɔ no menee wɔn de no.
Woawo hã ƒe atikplɔwo trɔ zu dawo esi wotsɔ wo da ɖe anyigba. Ke Aron ƒe atikplɔ lé woƒe atikplɔwo mi.
13 Farao kɔɔ so yɛɛ komaden a na ɔmpɛ sɛ otie asɛm a Awurade kae no.
Farao gasẽ dzi me kokoko, eye meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔ do ŋgɔe ene.
14 Awurade ka kyerɛɛ Mose se, “Farao apirim ne koma nti, ɔbɛkɔ so asiw nnipa no kwan sɛ ɔremma wɔnkɔ.
Yehowa gblɔ na Mose be, “Farao ƒe dzi me sẽ, eye wògbe be yemaɖe asi le ameawo ŋu woadzo o.
15 Nanso Awurade kae se: San kɔ Farao nkyɛn anɔpa a ɔrekɔ asubɔnten no mu. Kogyina asu no konkɔn so na hyia no wɔ hɔ a wukura wo pema a ɛdan ɔwɔ no.
“Togbɔ be nuwo anɔ alea hã la, gbugbɔ yi Farao gbɔ le ŋdi me, esime wòanɔ tɔsisi la to yim. Tsi tsitre ɖe tɔsisi la to, eye nàdo goe le afi ma; nàlé wò atikplɔ si zu da la ɖe asi.
16 Ka kyerɛ no se, ‘Awurade, Hebrifo Nyankopɔn asan asoma me wo nkyɛn sɛ ma nnipa no kwan na wɔnkɔ nkɔsom me wɔ sare so. Woayɛ asoɔden.
Gblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gaɖom ɖa be mana nàɖe asi le yeƒe amewo ŋu woayi aɖasubɔ ye le gbedzi.’ Gake va se ɖe fifi meɖo tom o.
17 Afei, Awurade se: Wubehu sɛ mene Awurade no. Efisɛ maka akyerɛ Mose sɛ ɔmfa ne pema no mmɔ Nil asu no mu na nsu no bɛdan mogya.
Azɔ la, Yehowa gblɔ be, ‘Èle si dze gee be nyee nye Yehowa, elabena megblɔ na Mose be wòatsɔ eƒe atikplɔ la aƒo Nil tɔsisi la ƒe tsi dzi, eye tɔsisi la atrɔ azu ʋu!
18 Mpataa a wɔwɔ asubɔnten no mu nyinaa bewuwu ama nsu no abɔn a Misraimfo no rentumi nnom.’”
Tɔmelãwo aku, eye tsi la aʋẽ ale be Egiptetɔwo magalɔ̃ be yewoanoe o.’”
19 Awurade ka kyerɛɛ Mose se, “Ka kyerɛ Aaron na ɔmfa ne pema no nkyerɛ nsu a ɛwɔ Misraim no nyinaa; wɔn nsubɔnten, wɔn nsuwa, wɔn atare ne wɔn nsu a ɛtaataa hɔ ne nsu a ɛwɔ afi mu nyinaa so na ɛbɛdan mogya.”
Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ do ɖe Egipte tsiwo katã dzi ekema Egipte tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo, tsi si woku da ɖi katã atrɔ zu ʋu! Ʋu anɔ afi sia afi le Egiptenyigba dzi, anɔ tsitɔkpowo kple kpezɔwo gɔ̃ hã me.’”
20 Mose ne Aaron yɛɛ sɛnea Awurade ahyɛ wɔn no. Bere a Farao ne ne mpanyimfo gyinagyina hɔ rehwɛ wɔn no, Aaron de pema no bɔɔ Nil ani maa asubɔnten no dan mogya.
Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo be woawɔ. Aron ƒo Nil tɔsisi la kple eƒe atikplɔ la, eye tɔsisi la trɔ zu ʋu le Farao kple eŋumewo katã ŋkume.
21 Mpataa a wɔwɔ mu nyinaa wuwu maa nsu no bɔnee, enti na Misraimfo no ntumi nnom. Misraim asase so nyinaa dan mogya.
Tɔmelãwo katã ku, tsi la ƒaƒã ale be, Egiptetɔwo megate ŋu noe o. Ʋu xɔ Egiptenyigba ƒe akpa sia akpa dzi.
22 Nkonyaayifo a wɔwɔ Misraim nso nam wɔn nkonyaayi so maa nsu dan mogya, nti Farao kɔɔ so pirim ne koma a na ontie asɛm a Awurade aka akyerɛ Mose ne Aaron sɛ wɔnka nkyerɛ no no.
Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo hã wɔ woƒe nunya ɣaɣlawo ŋu dɔ, eye woawo hã wotrɔ tsi wòzu ʋu. Nu sia na Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko. Meɖo to Mose kple Aron o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene tututu.
23 Ɔsan kɔɔ nʼahemfi a hwee ampusuw no.
Mose kple Aron ƒe wɔnawo mewɔ dɔ aɖeke ɖe edzi o; etrɔ yi eƒe fiasã me.
24 Misraimfo no tutuu mmura wɔ asubɔnten no konkɔn so sɛnea wobenya nsu anom, efisɛ na wontumi nnom asubɔnten no mu nsu.
Egiptetɔwo ɖe vudowo ɖe tɔsisi la to be yewoakpɔ tsi nono, elabena womate ŋu ano tɔsisi la me tsi o.
25 Asubɔnten a ɛdan mogya no dii nnaawɔtwe.
Nil tɔsisi la trɔ zu ʋu ŋkeke adre sɔŋ esi Yehowa gblẽe.

< 2 Mose 7 >