< Salmos 123 >

1 A ti se han levantado mis ojos, a ti, que tienes asiento en los cielos.
Mɔzɔha. Mewu mo dzi na wò, wò ame si ƒe fiazikpui le dziƒo.
2 ¡Mira! como los ojos de los siervos se vuelven a las manos de sus amos, y los ojos de una sierva a su dueño, así nuestros ojos están esperando al Señor nuestro Dios, hasta que él tenga misericordia de nosotros.
Abe ale si kluviwo kpɔa woƒe aƒetɔ ƒe asinu kple kosiviwo ƒe ŋku nɔa woƒe aƒenɔ ƒe asinu kpɔmii ene la, nenemae míele Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe asinu kpɔmii, va se ɖe esime wòakpɔ nublanui na mí.
3 Ten misericordia de nosotros, Señor, ten misericordia de nosotros; porque todos los hombres nos menosprecian.
O! Yehowa, kpɔ nublanui na mí, O! Kpɔ míaƒe nublanui, elabena míenɔ te ɖe vlododo nu eteƒe didi.
4 Ya hace tiempo que los hombres orgullosos se burlan de nuestra alma.
Míetsɔ dadalawo ƒe alɔmeɖeɖe gbogboawo, eye míenɔ te ɖe ɖokuiŋudzelawo ƒe vlodoame gbogboawo nu eteƒe didi.

< Salmos 123 >