< תהילים 125 >
שיר המעלות הבטחים ביהוה כהר ציון לא ימוט לעולם ישב׃ | 1 |
Mɔzɔha. Ame siwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la le abe Zion to si meʋãna o, eye wònɔa anyi ɖikaa la ene.
ירושלם הרים סביב לה ויהוה סביב לעמו מעתה ועד עולם׃ | 2 |
Abe ale si towo ƒo xlã Yerusalem ene la, nenema Yehowa ƒo xlã eƒe dukɔ lae, tso fifia yi ɖe mavɔ me.
כי לא ינוח שבט הרשע על גורל הצדיקים למען לא ישלחו הצדיקים בעולתה ידיהם׃ | 3 |
Ame vɔ̃ɖiwo ƒe fiatikplɔ manɔ anyigba si woka na ame dzɔdzɔewo la dzi o, ne menye nenema o la, ame dzɔdzɔewo ava tsɔ woƒe asi awɔ nu vɔ̃ɖii.
היטיבה יהוה לטובים ולישרים בלבותם׃ | 4 |
O! Yehowa, wɔ nyui na nu nyui wɔlawo, ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka.
והמטים עקלקלותם יוליכם יהוה את פעלי האון שלום על ישראל׃ | 5 |
Ke ame siwo trɔ ɖe mɔ gɔglɔ̃ dzi la, Yehowa atsɔ wo aƒu gbe, kpe ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.