< תהילים 110 >
לדוד מזמור נאם יהוה לאדני שב לימיני עד אשית איביך הדם לרגליך׃ | 1 |
David ƒe ha. Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ la be, “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.”
מטה עזך ישלח יהוה מציון רדה בקרב איביך׃ | 2 |
Yehowa adidi wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ ɖe edzi tso Zion, eye àɖu fia le wò futɔwo dome.
עמך נדבת ביום חילך בהדרי קדש מרחם משחר לך טל ילדתיך׃ | 3 |
Wò aʋakɔwo alɔ̃ faa ade megbe na wò le wò aʋakpegbe. Ànɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe, si do go tso fɔŋli ƒe dɔ me ke la me, axɔ wò ɖekakpuimezãmu.
נשבע יהוה ולא ינחם אתה כהן לעולם על דברתי מלכי צדק׃ | 4 |
Yehowa ka atam, eye matrɔ eƒe susu akpɔ o, be “Wòe nye nunɔla tegbee, le Melkizedek ƒe ɖoɖo la nu.”
אדני על ימינך מחץ ביום אפו מלכים׃ | 5 |
Aƒetɔ la le wò nuɖusime, agbã fiawo nyanyanya le eƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi.
ידין בגוים מלא גויות מחץ ראש על ארץ רבה׃ | 6 |
Adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo, eye wòali kɔ woƒe kukuawo, nenema ke wòagbã dziɖulawo le anyigba blibo la dzi.
מנחל בדרך ישתה על כן ירים ראש׃ | 7 |
Ano tsi le tɔʋu si le mɔto la me, eya ta afɔ eƒe ta dzi.