< איוב 29 >
ויסף איוב שאת משלו ויאמר׃ | 1 |
Hiob yi eƒe nuƒoƒo dzi be,
מי יתנני כירחי קדם כימי אלוה ישמרני׃ | 2 |
“O, ale si medi vevie be wòanɔ nam abe ale si wònɔ le ɣleti siwo va yi me la ene, le ŋkeke siwo me Mawu kpɔ tanye,
בהלו נרו עלי ראשי לאורו אלך חשך׃ | 3 |
esi eƒe akaɖi klẽ ɖe nye ta dzi eye eƒe kekeli na mezɔ to blukɔ tsiɖitsiɖi me!
כאשר הייתי בימי חרפי בסוד אלוה עלי אהלי׃ | 4 |
O, nenye ɖe wòanɔ nam abe nye lãmesẽŋkekewo me ene, esi kadodo kple Mawu kplikplikpli na wòyra nye aƒe,
בעוד שדי עמדי סביבותי נערי׃ | 5 |
esi Ŋusẽkatãtɔ la ganɔ kplim ko eye vinyewo ƒo xlãm,
ברחץ הליכי בחמה וצור יצוק עמדי פלגי שמן׃ | 6 |
esi nye toƒe nye notsi kpeke ɖeɖe eye amitimi ɖuɖu bababa tso agakpe me nam.
בצאתי שער עלי קרת ברחוב אכין מושבי׃ | 7 |
“Ne meyi dua ƒe agbo nu, henɔ anyi ɖe zikpui dzi gli, le dua ƒe ablɔme la,
ראוני נערים ונחבאו וישישים קמו עמדו׃ | 8 |
ɖekakpuiawo kpɔam, heƒoa asa nam eye ame tsitsiwo tsona ɖe tsitrenu,
שרים עצרו במלים וכף ישימו לפיהם׃ | 9 |
dumegãwo tɔna ne wole nu ƒom hetsɔa asi ɖoa nu.
קול נגידים נחבאו ולשונם לחכם דבקה׃ | 10 |
Gbɔgblɔ buna ɖe ame ŋkutawo eye woƒe aɖe léna ɖe woƒe nu me.
כי אזן שמעה ותאשרני ועין ראתה ותעידני׃ | 11 |
Ame sia ame si ɖo tom la kafuam eye ame siwo kpɔm la ƒoa nu nyui tso ŋutinye
כי אמלט עני משוע ויתום ולא עזר לו׃ | 12 |
elabena mexɔna na hiãtɔ siwo le ɣli dom be woakpe ɖe yewo ŋu kple tsyɔ̃evi si si kpeɖeŋutɔ mele o.
ברכת אבד עלי תבא ולב אלמנה ארנן׃ | 13 |
Ame si le kukum la ƒe yayra vaa dzinye eye menana ahosi ƒe dzi kpɔa dzidzɔ.
צדק לבשתי וילבשני כמעיל וצניף משפטי׃ | 14 |
Metsɔ dzɔdzɔenyenye do abe awu ene eye nuteƒewɔwɔ nye nye awu ʋlaya kple tablanu.
עינים הייתי לעור ורגלים לפסח אני׃ | 15 |
Menye ŋku na ŋkuagbãtɔ kple afɔ na tekunɔ.
אב אנכי לאביונים ורב לא ידעתי אחקרהו׃ | 16 |
Menye tɔ na hiãtɔwo eye mexɔa nya ɖe amedzrowo nu.
ואשברה מתלעות עול ומשניו אשליך טרף׃ | 17 |
Meŋea tsyo na ame vɔ̃ɖiwo eye meɖea nu si woda adzoe la le woƒe aɖutame.
ואמר עם קני אגוע וכחול ארבה ימים׃ | 18 |
“Mebu be, ‘Maku ɖe nye ŋutɔ nye aƒe me, nye ŋkekewo asɔ gbɔ abe ke ene.
שרשי פתוח אלי מים וטל ילין בקצירי׃ | 19 |
Nye kewo aƒo ɖe to, ade tsi gbɔ eye zãmu adza ɖe nye alɔwo dzi zã blibo la.
כבודי חדש עמדי וקשתי בידי תחליף׃ | 20 |
Nye ŋutikɔkɔe anɔ yeye zum ɣe sia ɣi le ŋunye eye dati anɔ yeye ɖaa le asinyeme.’
לי שמעו ויחלו וידמו למו עצתי׃ | 21 |
“Amewo ɖoa tom henɔa nye asinu kpɔm, nɔa lalam na nye aɖaŋuɖoɖo le ɖoɖoezizi me.
אחרי דברי לא ישנו ועלימו תטף מלתי׃ | 22 |
Ne meƒo nu la, womegaƒoa nu o eye nye nyawo gena ɖe woƒe towo me bɔlɔɔ.
ויחלו כמטר לי ופיהם פערו למלקוש׃ | 23 |
Wonɔa lalayem abe ale si wolalana na tsidzadza ene eye woxɔa nye nyawo dea wo ɖokui me abe ale si wonoa kelemetsi ene.
אשחק אלהם לא יאמינו ואור פני לא יפילון׃ | 24 |
Womexɔnɛ sena ne meko nu na wo o, nye mo ƒe kekeli nye nu xɔasi na wo.
אבחר דרכם ואשב ראש ואשכון כמלך בגדוד כאשר אבלים ינחם׃ | 25 |
Metiaa mɔ si woato la na wo, menɔa wo dome abe woƒe tatɔ ene eye menɔa wo dome abe woƒe fia le eƒe aʋakɔwo dome ene. Menɔna abe ame si faa akɔ na konyifalawo ene.