< דברי הימים א 9 >
וכל ישראל התיחשו והנם כתובים על ספר מלכי ישראל ויהודה הגלו לבבל במעלם׃ | 1 |
Wode Israelvi ɖe sia ɖe ƒe ƒome Israel fiawo ƒe agbalẽ me pɛpɛpɛ. Woɖe aboyo Yudatɔwo yi Babilonia le woƒe nuteƒemawɔmawɔ ta.
והיושבים הראשנים אשר באחזתם בעריהם ישראל הכהנים הלוים והנתינים׃ | 2 |
Ame gbãtɔ siwo trɔ gbɔ eye woganɔ woƒe du xoxoawo me la woe nye ƒome siwo dzɔ tso Israel me kple nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le gbedoxɔ la me.
ובירושלם ישבו מן בני יהודה ומן בני בנימן ומן בני אפרים ומנשה׃ | 3 |
Emegbe la, ame aɖewo tso Yuda, Benyamin, Efraim kple Manase ƒe ƒomewo me gbɔ va ɖo Yerusalem.
עותי בן עמיהוד בן עמרי בן אמרי בן בנימן בני פרץ בן יהודה׃ | 4 |
Ƒome siawo dometɔ ɖekae nye Utai ƒe ƒome. Utai nye Amihud ƒe vi, Amihud nye Omri ƒe vi, Omri nye Imri ƒe vi eye Imri nye Bani ƒe vi tso Yuda vi Perez ƒe viwo dome.
ומן השילוני עשיה הבכור ובניו׃ | 5 |
Silonitɔwo hã trɔ gbɔ. Ame siwo nɔ Silonitɔwo dome la woe nye: Asaya, Silon ƒe viŋutsu tsitsitɔ kple via ade
ומן בני זרח יעואל ואחיהם שש מאות ותשעים׃ | 6 |
kple Zera ƒe viwo, ame siwo dome Yeuel kple eƒe dzidzimeviwo nɔ. Wo katã wode ame alafa ade blaasieke.
ומן בני בנימן סלוא בן משלם בן הודויה בן הסנאה׃ | 7 |
Benyamin ƒe vi siwo gbɔ la woe nye: Salu, Mesulam ƒe vi, Hodavia kple Hasenua ƒe tɔgbuiyɔvi,
ויבניה בן ירחם ואלה בן עזי בן מכרי ומשלם בן שפטיה בן רעואל בן יבניה׃ | 8 |
Ibnea, Yeroham ƒe vi; kple Ela Uzi ƒe vi kple Mikri ƒe tɔgbuiyɔvi; kple Mesulam, Safatis ƒe vi; Sefatia fofoe nye Reuel eye Reuel fofoe nye Ibniya.
ואחיהם לתלדותם תשע מאות וחמשים וששה כל אלה אנשים ראשי אבות לבית אבתיהם׃ | 9 |
Ame siawo katã nye hlɔ̃mefiawo. Benyamin ƒe dzidzimevi siawo nye ame alafa asiekɛ blaatɔ̃-vɔ-ade.
ומן הכהנים ידעיה ויהויריב ויכין׃ | 10 |
Nunɔla siwo trɔ gbɔ la woe nye: Yedaia, Yehoyarib, Yakin,
ועזריה בן חלקיה בן משלם בן צדוק בן מריות בן אחיטוב נגיד בית האלהים׃ | 11 |
Azaria nye Hilkia ƒe vi, ame si fofoe nye Mesulam, ame si fofoe nye Zadok, ame si fofoe nye Merayot, ame si fofoe nye Ahitub. Zadok nye amegã na nudzikpɔlawo le gbedoxɔ la me.
ועדיה בן ירחם בן פשחור בן מלכיה ומעשי בן עדיאל בן יחזרה בן משלם בן משלמית בן אמר׃ | 12 |
Nunɔla siwo trɔ gbɔ la dometɔ ɖekae nye Adaya, Yeroham ƒe vi, ame si nye Pasur ƒe vi, ame si nye Malkiya ƒe vi. Nunɔla bubuwoe nye: Masai, ame si nye Adiel ƒe vi, ame si nye Yahzera ƒe vi, ame si nye Mesulam ƒe vi, ame si nye Mesilemit ƒe vi, ame si nye Imer ƒe vi.
ואחיהם ראשים לבית אבותם אלף ושבע מאות וששים גבורי חיל מלאכת עבודת בית האלהים׃ | 13 |
Nunɔla siwo trɔ gbɔ la ƒe xexlẽmee nye akpe ɖeka, alafa adre blaade. Ame siwo nye ame zãzɛwo le Mawu ƒe aƒe dɔwo wɔwɔ me.
ומן הלוים שמעיה בן חשוב בן עזריקם בן חשביה מן בני מררי׃ | 14 |
Ame siwo tso Levi ƒe viwo dome la woe nye: Semaya, Hashub ƒe vi, ame si nye Azrikam ƒe vi, ame si nye Hasabia ƒe vi, ame si dzɔ tso Merari me.
ובקבקר חרש וגלל ומתניה בן מיכא בן זכרי בן אסף׃ | 15 |
Levi ƒe vi bubu siwo trɔ gbɔ la woe nye: Bakbakar, Heres, Galal, Matania, Mika ƒe vi, ame si nye Zikri ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe vi;
ועבדיה בן שמעיה בן גלל בן ידותון וברכיה בן אסא בן אלקנה היושב בחצרי נטופתי׃ | 16 |
kple Obadia, Semaya ƒe vi, Galal ƒe vi kple Berekia, Asa ƒe vi, ame si nye Elkana ƒe vi, ame si nɔ Netofatitɔwo ƒe anyigba dzi.
והשערים שלום ועקוב וטלמן ואחימן ואחיהם שלום הראש׃ | 17 |
Agbonudzɔlawoe nye: Salum, Akub, Talmon, Ahiman kple wo nɔviwo. Salum nye woƒe tatɔ.
ועד הנה בשער המלך מזרחה המה השערים למחנות בני לוי׃ | 18 |
Wodae ɖe Fia ƒe Agbo nu le ɣedzeƒe va se ɖe egbe. Ame siawoe nye agbonudzɔlawo tso Levitɔwo dome.
ושלום בן קורא בן אביסף בן קרח ואחיו לבית אביו הקרחים על מלאכת העבודה שמרי הספים לאהל ואבתיהם על מחנה יהוה שמרי המבוא׃ | 19 |
Salum ƒe dzidzime to Kore kple Ebiasaf dzi va se ɖe Korah dzi. Eya kple nɔviawo, Korah ƒe viwoe kpɔa vɔsawo kple Kɔkɔeƒe la dzi abe ale si wo fofowo kpɔ agbadɔ la dzi eye wodzɔ eŋu ene.
ופינחס בן אלעזר נגיד היה עליהם לפנים יהוה עמו׃ | 20 |
Finehas, Eleazar ƒe vi, nye woƒe amegã gbãtɔ le blema eye Yehowa nɔ kplii.
זכריה בן משלמיה שער פתח לאהל מועד׃ | 21 |
Le ɣe ma ɣi la, Zekaria, Meselemia ƒe vi dzɔ Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe agbonu ŋu.
כלם הברורים לשערים בספים מאתים ושנים עשר המה בחצריהם התיחשם המה יסד דויד ושמואל הראה באמונתם׃ | 22 |
Ame siwo katã wotia be woanye agbonudzɔlawo la ƒe xexlẽme le alafa eve wuieve. Wotia wo tso woƒe kɔƒewo me ɖe woƒe dzidzimegbalẽ nu. David kple nukpɔla Samuel woe de agbonudzɔdɔ asi na agbonudzɔlawo.
והם ובניהם על השערים לבית יהוה לבית האהל למשמרות׃ | 23 |
Woawo kple woƒe dzidzimeviwoe dzɔa Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbonu, aƒe si woyɔna be Agbadɔ.
לארבע רוחות יהיו השערים מזרח ימה צפונה ונגבה׃ | 24 |
Woda agbonudzɔlawo ɖe akpa eneawo dzi: ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe.
ואחיהם בחצריהם לבוא לשבעת הימים מעת אל עת עם אלה׃ | 25 |
Enɔ na wo nɔviŋutsu siwo nɔ woƒe kɔƒewo me be woava tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi akpe ɖe wo ŋuti le woƒe dɔwɔnawo me ŋkeke adre.
כי באמונה המה ארבעת גברי השערים הם הלוים והיו על הלשכות ועל האצרות בית האלהים׃ | 26 |
Wotsɔ Mawu ƒe aƒe la ƒe xɔwo kple nudzraɖoƒewo ƒe dzikpɔkpɔ de asi na agbonudzɔlagã eneawo, ame siwo nye Levitɔwo.
וסביבות בית האלהים ילינו כי עליהם משמרת והם על המפתח ולבקר לבקר׃ | 27 |
Zã sia zã la, woƒoa xlã Mawu ƒe aƒe la eye wodzɔa eŋu elabena woƒe dɔe nye be woadzɔ eŋu eye le esia ta safui la nɔa wo si be woaʋu agbo la ŋdi sia ŋdi.
ומהם על כלי העבודה כי במספר יביאום ובמספר יוציאום׃ | 28 |
Wo dometɔ aɖewo ƒe dɔe nye woakpɔ agba vovovo siwo ŋu dɔ wowɔna le mawusubɔsubɔ me la dzi, woaxlẽ wo ne wotsɔ wo vɛ kple ne wotsɔ wo do goe.
ומהם ממנים על הכלים ועל כל כלי הקדש ועל הסלת והיין והשמן והלבונה והבשמים׃ | 29 |
Ame bubuwo ƒe dɔe nye woakpɔ xɔmenuwo kple nu siwo le Kɔkɔeƒe la me kple wɔ memi kple wain, ami kple dzudzɔdonu kple atike ʋeʋĩwo dzi.
ומן בני הכהנים רקחי המרקחת לבשמים׃ | 30 |
Ke atikeʋeʋĩawo tɔtɔ nye nunɔla aɖewo ƒe dɔ.
ומתתיה מן הלוים הוא הבכור לשלם הקרחי באמונה על מעשה החבתים׃ | 31 |
Levitɔ aɖe si ŋkɔe nye Matitia, Korahitɔ Salum ƒe viŋutsu ŋgɔgbeae nye ame si wotsɔ abolo si wotsɔna saa vɔe ƒe meme ƒe dɔ de asi na.
ומן בני הקהתי מן אחיהם על לחם המערכת להכין שבת שבת׃ | 32 |
Kohatitɔ la ƒe viŋutsuawo dometɔ aɖewo ƒe dɔe nye be woame abolo si wodana ɖe kplɔ̃ dzi Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe.
ואלה המשררים ראשי אבות ללוים בלשכת פטירים כי יומם ולילה עליהם במלאכה׃ | 33 |
Ame siwo nye hadzilawo kple Levitɔwo ƒe ƒometatɔwo la, nɔa gbedoxɔ la ƒe xɔwo me. Womegaɖoa dɔ bubu aɖeke na wo o elabena wowɔa dɔ le ŋkeke me kple zã me siaa.
אלה ראשי האבות ללוים לתלדותם ראשים אלה ישבו בירושלם׃ | 34 |
Ame siawo katã nye Levi ƒomewo ƒe tatɔwo kple hlɔ̃memetsitsiwo abe ale si wòdze le woƒe dzidzimegbalẽ la me ene eye wonɔ Yerusalem.
ובגבעון ישבו אבי גבעון יעואל ושם אשתו מעכה׃ | 35 |
Yeiel, Gibeon fofo, enɔ Gibeon; srɔ̃a ŋkɔe nye Maaka.
ובנו הבכור עבדון וצור וקיש ובעל ונר ונדב׃ | 36 |
Via ŋutsu tsitsitɔe nye Abdon eye eyomeviwoe nye Zur, Kis, Baal, Ner, Nadab,
וגדור ואחיו וזכריה ומקלות׃ | 37 |
Gedor, Ahio, Zekaria kple Miklot.
ומקלות הוליד את שמאם ואף הם נגד אחיהם ישבו בירושלם עם אחיהם׃ | 38 |
Miklot kple via Simeam nɔ Yerusalem te ɖe woƒe ƒometɔwo ŋu.
ונר הוליד את קיש וקיש הוליד את שאול ושאול הוליד את יהונתן ואת מלכי שוע ואת אבינדב ואת אשבעל׃ | 39 |
Ner dzi Kis, ame si dzi Saul eye Saul hã dzi Yonatan, Malki Sua, Abinadab kple Esbaal.
ובן יהונתן מריב בעל ומרי בעל הוליד את מיכה׃ | 40 |
Yonatan dzi Mefiboset, ame si wogayɔna hã be Meribaal eye eya hã dzi Mika.
ובני מיכה פיתון ומלך ותחרע׃ | 41 |
Mika ƒe viwoe nye: Pitɔn, Melek, Tahrea kple Ahaz.
ואחז הוליד את יערה ויערה הוליד את עלמת ואת עזמות ואת זמרי וזמרי הוליד את מוצא׃ | 42 |
Ahaz dzi Yada, ame si dzi Alemet, Azmavet kple Zimri; ame si nye Moza fofo.
ומוצא הוליד את בנעא ורפיה בנו אלעשה בנו אצל בנו׃ | 43 |
Moza dzi Binea, Refaya, Eleasa kple Azel.
ולאצל ששה בנים ואלה שמותם עזריקם בכרו וישמעאל ושעריה ועבדיה וחנן אלה בני אצל׃ | 44 |
Ŋutsuvi ade nɔ Azel si; woawoe nye: Azrikam, Bokeru, Ismael, Searia, Obadia kple Hanan.