< Proverbes 29 >

1 Un homme qui mérite d’être repris, et qui raidit le cou, Sera brisé subitement et sans remède.
Ame si woka mo na zi gede gake wògbe lia kɔ la, atsrɔ̃ zi ɖeka kpata xɔnamemanɔŋutɔe.
2 Quand les justes se multiplient, le peuple est dans la joie; Quand le méchant domine, le peuple gémit.
Ne ame dzɔdzɔewo le dzi ɖum la, amewo dzɔa dzi; ke ne dziɖuɖu ge ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me la, amewo ŋena.
3 Un homme qui aime la sagesse réjouit son père, Mais celui qui fréquente des prostituées dissipe son bien.
Ame si lɔ̃a nunya la hea dzidzɔ vɛ na fofoa, ke ame si dze xɔ̃ gbolowo la gblẽa eƒe ga dome.
4 Un roi affermit le pays par la justice, Mais celui qui reçoit des présents le ruine.
To afia nyui tsotso me fia hea dedinɔnɔ vɛ na dukɔ, ke fia si klẽa ŋu ɖe zãnuxɔxɔ ŋu la gbãa du.
5 Un homme qui flatte son prochain Tend un filet sous ses pas.
Ame si do fuflugba na ehavi la le ɖɔ ɖom na eya ŋutɔ ƒe afɔ.
6 Il y a un piège dans le péché de l’homme méchant, Mais le juste triomphe et se réjouit.
Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ denɛ mɔ me, ke ame dzɔdzɔe adzi ha atso aseye.
7 Le juste connaît la cause des pauvres, Mais le méchant ne comprend pas la science.
Ame dzɔdzɔewo tsɔa ɖe le afiatsotso na hiãtɔwo me gake ame vɔ̃ɖiwo ya metsɔa ɖeke le eme o.
8 Les moqueurs soufflent le feu dans la ville, Mais les sages calment la colère.
Fewuɖulawo dea ʋunyaʋunya du me, ke nunyalawo tsia dziku nu.
9 Si un homme sage conteste avec un insensé, Il aura beau se fâcher ou rire, la paix n’aura pas lieu.
Nunyala yi ʋɔnudrɔ̃ƒe kple bometsila, bometsila le adã fiam, le fewu ɖum eye ŋutifafa meli o.
10 Les hommes de sang haïssent l’homme intègre, Mais les hommes droits protègent sa vie.
Hlɔ̃dolawo lé fu ŋutsu nuteƒewɔla eye wodina be yewoawu dzi dzadzɛ tɔ.
11 L’insensé met en dehors toute sa passion, Mais le sage la contient.
Bometsila ɖea eƒe dziku katã fiana, ke nunyala ɖua eɖokui dzi.
12 Quand celui qui domine a égard aux paroles mensongères, Tous ses serviteurs sont des méchants.
Ne dziɖula ɖo to beblenyawo la, eƒe dɔnunɔlawo katã zua ŋutasẽlawo.
13 Le pauvre et l’oppresseur se rencontrent; C’est l’Éternel qui éclaire les yeux de l’un et de l’autre.
Nu ɖeka sia le hiãtɔ kple ameteɖetola siaa si, Yehowae wɔ ŋku na wo ame evea.
14 Un roi qui juge fidèlement les pauvres Aura son trône affermi pour toujours.
Ne fia drɔ̃ ʋɔnu na hiãtɔ ɖe dzɔdzɔenyenye dzi la, eƒe fiazikpui anɔ dedie ɣe sia ɣi.
15 La verge et la correction donnent la sagesse, Mais l’enfant livré à lui-même fait honte à sa mère.
Ameƒoti si wotsɔna ɖɔa ame ɖoe la fiaa nunya ame, gake ɖevi si womehe o la dea ŋukpe mo na dadaa.
16 Quand les méchants se multiplient, le péché s’accroît; Mais les justes contempleront leur chute.
Ne ame vɔ̃ɖiwo le dzi ɖum la, nu vɔ̃ hã dea dzi, ke ame dzɔdzɔewo akpɔ woƒe anyidzedze.
17 Châtie ton fils, et il te donnera du repos, Et il procurera des délices à ton âme.
Ne èhe viwò ŋutsuvi la, ekema àkpɔ ŋutifafa eye wòahe dzidzɔ vɛ na wò luʋɔ.
18 Quand il n’y a pas de révélation, le peuple est sans frein; Heureux s’il observe la loi!
Afi si ɖeɖefia mele o la, amewo wɔa woƒe lɔlɔ̃nu; ke woayra ame si léa sea me ɖe asi.
19 Ce n’est pas par des paroles qu’on châtie un esclave; Même s’il comprend, il n’obéit pas.
Numenya ɖeɖe mate ŋu aɖɔ dɔla ɖo o, togbɔ be ese egɔme hã la, mawɔ ɖe edzi o.
20 Si tu vois un homme irréfléchi dans ses paroles, Il y a plus à espérer d’un insensé que de lui.
Èkpɔ ame si ƒoa nu blablablaa? Mɔkpɔkpɔ geɖe li na bometsila wu eya amea gɔ̃ hã.
21 Le serviteur qu’on traite mollement dès l’enfance Finit par se croire un fils.
Ne ŋutsu aɖe wɔ vi na eƒe subɔviŋutsu tso eƒe ɖevime la, ahe nuxaxa vɛ le nuwuwua.
22 Un homme colère excite des querelles, Et un furieux commet beaucoup de péchés.
Ŋutsu dɔmedzoetɔ dea dzre amewo dome eye ame si doa dziku kabakaba la wɔa nu vɔ̃ geɖe.
23 L’orgueil d’un homme l’abaisse, Mais celui qui est humble d’esprit obtient la gloire.
Ŋutsu si dana la ɖua ŋukpe, ke wobua ŋutsu si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me.
24 Celui qui partage avec un voleur est ennemi de son âme; Il entend la malédiction, et il ne déclare rien.
Ame si wɔ ɖeka kple fiafitɔ la nye eya ŋutɔ ƒe futɔ; wonana wòkaa atam eye mekpɔ mɔ akɔ nu le edzi o.
25 La crainte des hommes tend un piège, Mais celui qui se confie en l’Éternel est protégé.
Vɔvɔ̃ si le ame aɖe me lae nyea mɔ nɛ, ke ame si ka ɖe Yehowa dzi la nɔa dedie.
26 Beaucoup de gens recherchent la faveur de celui qui domine, Mais c’est l’Éternel qui fait droit à chacun.
Ame geɖewo dina be yewoado ɖe dziɖula ŋkume, aƒo nu kplii gake Yehowa gbɔ ame ƒe afiatsotso tsona.
27 L’homme inique est en abomination aux justes, Et celui dont la voie est droite est en abomination aux méchants.
Nu gbegblẽ wɔla nye ŋunyɔ na ame dzɔdzɔe eye nu dzɔdzɔe wɔla nye ŋunyɔ na ame vɔ̃ɖi.

< Proverbes 29 >