< Zekaria 14 >
1 Yehowa ƒe ŋkeke gbɔna esi woama wò nuhahawo na mi.
A day is coming for the Lord, when your plundered possessions will be divided while you watch.
2 Maƒo dukɔwo katã nu ƒu be woava awɔ avu kple Yerusalem, woaxɔ du la, woalɔ aƒewo katã ƒioƒioƒio, eye woalé nyɔnuwo sesẽtɔe adɔ kpli wo. Woakplɔ du la ƒe afã ayi aboyo mee, gake ame mamlɛawo atsi dua me.
And all the nations will gather to Jerusalem, to fight against it. The city will be taken and the houses plundered and the women raped. Half of the city will go into captivity, and the rest of the people left in the ruins.
3 Ekema Yehowa ado, awɔ aʋa kple dukɔ siawo abe ale si wòwɔa aʋae le aʋagbedzi ene.
Then the Lord will go forth and fight against these nations, as once he fought in the day of battle.
4 Gbe ma gbe la, atsi tsitre ɖe Amito si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe la dzi, eye Amito la ama ɖe eve kpla, ɖeka ayi ɣedzeƒe, evelia ayi ɣetoɖoƒe. Bali gã aɖe anɔ wo dome ale be to la ƒe afã ayi anyiehe, eye afã ayi dziehe.
On that day his feet will stand on the Mount of Olives, (which is opposite Jerusalem, on the east). The Mount of Olives will be split into halves, from east to west, by an exceedingly great valley; and half of the mountain will slide northwards and half southwards.
5 Miasi ato nye to la ƒe balime, elabena akeke va se ɖe keke Azel. Miasi abe ale si miesi le Yuda fia Uzia ƒe ŋkekewo me esime anyigba ʋuʋu la ene. Ekema Yehowa, nye Mawu la ava, eye kɔkɔetɔwo katã anɔ eŋu.
You will escape through my valley – the valley between the hills will extend as far as Azel, and you will flee as you fled from before the earthquake, in the days of Uzziah king of Judah. But the Lord your God will come, and all the holy ones with him.
6 Gbe ma gbe la, akaɖi, vuvɔ alo afu manɔ anyi o.
And in that day, there will be no heat nor cold nor frost,
7 Anye ŋkeke tɔxɛ, elabena ŋkeke alo zã manɔ anyi o. Yehowa koe nya ŋkeke sia. Ne zã do la, kekeli ava.
but it will be constant day – it is known to the Lord – with neither day nor night. Even at evening time there will be light.
8 Gbe ma gbe la, agbetsi asi tso Yerusalem, afã asi ayi ɖe ɣedzeƒeƒu la me, eye afã asi ayi ɣetoɖoƒeƒu la me. Anɔ alea le dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli siaa.
And on that day living waters will flow from Jerusalem, half of them to the eastern sea and half of them to the western sea; in both summer and winter.
9 Yehowa aɖu fia ɖe anyigba blibo la dzi. Gbe ma gbe la, Yehowa ɖeka koe anɔ anyi, eye eya ko ƒe ŋkɔe anɔ anyi.
The Lord will be king over all the earth. On that day the Lord will be one, and his name one.
10 Anyigba blibo la, tso Geba yi Rimon le Yerusalem ƒe dziehe, anɔ abe Araba ene. Ke woakɔ Yerusalem ɖe dzi, eye wòanɔ eteƒe tso Benyamingbo la nu yi ɖe Agbo Gbãtɔ nu, yi ɖe Dzogoegbo la nu, eye tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe fiawo ƒe wainfiaƒe.
The land will be changed to plain, from Geba to Rimmon, south of Jerusalem, but Jerusalem will be high and inhabited as it stands, from the Benjamin Gate up to the place of the first gate, and from the Tower of Hananel to the Corner Gate, and as far as the king’s winepresses.
11 Amewo anɔ eme, eye womagagbãe azɔ o. Dedinɔnɔ anɔ Yerusalem ɖaa.
Jerusalem will be inhabited, for never again will it be doomed to destruction, and its people will abide in security.
12 Esiae nye dɔvɔ̃ si Yehowa akplɔ aƒu dukɔ siwo katã wɔ avu kple Yerusalem: woƒe ŋutilãwo aƒaƒã le esime wogale afɔ dzi le yiyim. Woƒe ŋkuwo avo ɖe tome na wo, eye woƒe aɖewo aƒaƒã ɖe nu me na wo.
This is the plague with which the Lord will strike all the peoples who array themselves against Jerusalem: he will make their flesh rot while they stand on their feet, and their eyes will rot in their sockets, and their tongues will rot in their mouth.
13 Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ ŋɔdzi aƒo ŋutsuwoe; ŋutsu ɖe sia ɖe aku ɖe nɔvia ƒe asi ŋu, eye woawɔ avu kple wo nɔewo.
On that day a great panic sent by the Lord will fall on them. Everyone will seize their neighbours and attack them.
14 Yuda hã awɔ avu le Yerusalem; woaƒo dukɔ siwo katã ƒo xlã wo la ƒe kesinɔnuwo nu ƒu, sika kple klosalo gbogbo aɖe kple nudodowo.
Even Judah will fight at Jerusalem, and the wealth of the surrounding nations will be gathered up – gold and silver and piles of clothing.
15 Dɔvɔ̃ sia tɔgbi adze sɔwo, lãɖisɔwo, kposɔwo, tedziwo kple lã siwo katã le woƒe asaɖawo me la dzi.
Plague will fall upon the horses, mules, camels, and donkeys, and on all the animals in all those camps.
16 Ame siwo katã tsi agbe tso dukɔ siwo wɔ avu kple Yerusalem me la ayi aɖasubɔ Fia si nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe sia ƒe, eye woaɖu Agbadɔmeŋkekenyuiwo.
All who are left of all the nations which fought against Jerusalem will come up from year to year to worship the King, the Lord of hosts, and to keep the pilgrim-feast of tabernacles.
17 Ne ame siwo le anyigba la dzi dometɔ aɖe meyi ɖe Yerusalem ɖasubɔ Fia si nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la o la, tsi madza na wo o.
Whoever of all the peoples of the earth will not come up to Jerusalem to worship the King, the Lord of hosts, on them there will be no rain.
18 Ne Egiptetɔwo meyi ɖakpɔ gome le eme o la, tsi madza na wo o. Yehowa aƒo wo kple dɔvɔ̃ siwo wòtsɔ ƒo dukɔ siwo meyi ɖe Agbadɔmeŋkekenyuiɖuƒe o.
If the family of Egypt does not go up nor enter in, on them also will come the plague with which the Lord will strike the nations.
19 Esia anye Egipte kple dukɔ bubu siwo meyi Agbadɔmeŋkekenyuiɖuƒe o la ƒe tohehe.
This will be the punishment for the sin of Egypt and the punishment for the sin of all nations which do not come up to keep the feast of the tabernacles.
20 Gbe ma gbe la, woaŋlɔ ɖe gavi siwo wode kɔ na sɔwo la dzi be, “Èle kɔkɔe na Yehowa,” eye nuɖaze siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la anɔ abe agba kɔkɔe siwo le vɔsamlekpui la ƒe ŋkume ene.
On that day there will be inscribed upon the bells of the horses, ‘Holy to the Lord’ and the pots in the house of the Lord will be as holy as the sacrificial bowls before the altars.
21 Nuɖaze ɖe sia ɖe si le Yerusalem kple Yuda la anɔ kɔkɔe na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, eye ame siwo katã va vɔsaƒe la atsɔ nuɖaze aɖewo aɖa nu le wo me, eye gbe ma gbe la, Kanaantɔ aɖeke maganɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me o.
Every pot in Jerusalem and in Judah will be holy to the Lord of hosts and all who sacrifice will come and take of them and cook the sacrifices in them. There will be no more traffickers in the house of the Lord of hosts in that day.