< Psalmowo 98 >

1 Hadzidzi. Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo; eƒe nuɖusi kple eƒe abɔ kɔkɔe la wɔ ɖeɖedɔ nɛ.
A psalm. Oh, sing to Yahweh a new song, for he has done marvelous things; his right hand and his holy arm have given him victory.
2 Yehowa na wonya eƒe ɖeɖe, eye wòklo nu le eƒe dzɔdzɔenyenye dzi na dukɔwo.
Yahweh has made known his salvation; he has openly showed his justice to all the nations.
3 Eɖo ŋku eƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ dzi na Israel ƒe aƒe la, eye anyigba ƒe mlɔenu ke hã kpɔ míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe.
He calls to mind his covenant loyalty and faithfulness for the house of Israel; all the ends of the earth will see the victory of our God.
4 Mi anyigbawo katã, mido dzidzɔɣli na Yehowa, migli kple hadzidzi kple saŋkuƒoƒo.
Shout for joy to Yahweh, all the earth; burst into song, sing for joy, and sing praises.
5 Midzi ha na Yehowa kple kasaŋku, mitsɔ kasaŋku, hadzidzi,
Sing praises to Yahweh with the harp, with the harp and melodious song.
6 kpẽkuku kple lãdzokuku kpakple dzidzɔɣli do ɖe Yehowa, fia la ŋkume.
With trumpets and the sound of the horn, make a joyful noise before the King, Yahweh.
7 Mina atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la nado ɣli, anyigba kple edzinɔlawo katã hã.
Let the sea shout and everything in it, the world and those who live in it!
8 Mina tɔsisiwo naƒo asikpe, eye towo katã nadzi ha ɖekae le dzidzɔkpɔkpɔ ta.
Let the rivers clap their hands, and let the mountains shout for joy.
9 Wonedzi ha le Yehowa ŋkume, elabena eva ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba la. Adrɔ̃ ʋɔnu anyigba la le dzɔdzɔenyenye me kple dukɔwo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.
Yahweh is coming to judge the earth; he will judge the world with righteousness and the nations with fairness.

< Psalmowo 98 >