< Psalmowo 9 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “ŋutsuvi la ƒe ku” ƒe gbeɖiɖi nu. Makafu wò, O! Yehowa, kple nye dzi blibo, maɖe wò nukunuwɔwɔwo katã afia.
For the music director. According to Muth-labben. A psalm of David. I will praise you, Lord, with all my heart; I will tell of all the amazing things you have done.
2 Dzi adzɔm, eye matso aseye le mewò; O Dziƒoʋĩtɔ, madzi kafukafuhawo na wò ŋkɔ.
I will be glad and celebrate in you; I will sing praises to your wonderful nature, Most High God.
3 Nye futɔwo trɔ megbe; wokli nu, eye wo katã wotsrɔ̃ le ŋkuwò me.
Those who hate me retreat; they fall back and die when you confront them.
4 Elabena wòe xɔ nye nya, eye nèɖe nye dzɔdzɔenyenye ɖe go. Ènɔ wò fiazikpui dzi, eye nèdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.
For you have judged that I am right; you have decided fairly from your throne of judgment.
5 Èka mo na dukɔwo, eye nètsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hetutu woƒe ŋkɔwo ɖa tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
You have condemned the nations; you have destroyed the wicked; you have wiped out their names forever and ever.
6 Tsɔtsrɔ̃ mavɔ va futɔ la dzi, elabena èho woƒe duwo, eye womagaɖo ŋku wo dzi gɔ̃ hã akpɔ gbeɖe o.
The enemies are finished, ruined forever; their cities are destroyed—even the memory of them is gone.
7 Yehowa aɖu fia tegbetegbe; eɖo eƒe fiazikpui anyi hena ʋɔnudɔdrɔ̃.
But the Lord rules forever, his throne is set up for judgment.
8 Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me le dzɔdzɔenyenye me; akplɔ dukɔwo katã le nuteƒewɔwɔ me.
The Lord judges the world rightly; he judges the nations fairly.
9 Yehowa nye sitsoƒe na ame siwo wote ɖe anyi kple mɔ sesẽ le xaxaɣiwo.
The Lord is a place of safety for those who are oppressed, a fortress in times of trouble.
10 Ame siwo nya wò ŋkɔ la aɖo dzi ɖe ŋuwò, elabena wò Yehowa, megble ame siwo dia wò la ɖi kpɔ o.
Those who know your nature trust in you, for you don't abandon those who come to you.
11 Midzi kafukafuhawo na Yehowa, ame si nɔ fiazikpui dzi gli le Zion, miɖe gbeƒã nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.
Sing praises to the Lord who reigns in Zion! Tell the nations what he has done!
12 Elabena eya, ame si biaa hlɔ̃ hlɔ̃dolawo la, ɖoa ŋku edzi, medoa toku hiãtɔwo ƒe ɣlidodo o.
He does not forget to punish murderers; he does not ignore the cries of the suffering.
13 O Yehowa, kpɔ ale si nye futɔwo le yonyeme tim ɖa! Kpɔ nye nublanui, eye nàkɔm tso ku ƒe agbowo me,
Be gracious to me, Lord! Look at how my enemies are persecuting me! Grab me back from the gates of death,
14 be maɖe wò kafukafu afia le Zion Vinyɔnu ƒe agbowo me, eye le afi ma matso aseye le ɖeɖe si nènam la ta.
so I can praise you at Zion's gates, happy that you have saved me.
15 Dukɔwo ge dze do si woawo ŋutɔ woɖe la me; woƒe afɔwo ɖo ɖɔ si woawo ŋutɔ woɖo ɖi le bebeme la me.
The nations have fallen into their own pit they dug; their feet are trapped by their own net they set.
16 Yehowa ɖe eɖokui fia to eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me; ame vɔ̃ɖiwo ƒe asinudɔwɔwɔwo atsɔ wo ade mɔ me. Ŋugbledede. (Sela)
The Lord is known for his fairness; the wicked are trapped by their own actions. (Higgaion, Selah)
17 Ame vɔ̃ɖiwo gbugbɔ yi yɔ me, nenema kee nye dukɔ siwo ŋlɔ Mawu be. (Sheol h7585)
The wicked depart, going to the grave—all nations who turn their backs on God. (Sheol h7585)
18 Ke womaŋlɔ hiãtɔ be ɖikaa alo ame si le fu kpem la, mɔkpɔkpɔ nabu ɖee o.
But the needy will not be ignored forever, the hope of those who suffer will not always be dashed.
19 Tso, O Yehowa! Mègana amegbetɔ naɖu dzi o, na woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo le ŋkuwò me.
Stand up, Lord! Don't let human beings win! Let the nations be brought before you for judgment!
20 O! Yehowa, ƒo wo ƒu anyi kple ŋɔdzi; na dukɔwo nanya be amegbetɔwo yewonye. (Sela)
Lord, terrify them! Let them know they are only human! (Selah)

< Psalmowo 9 >