< Psalmowo 83 >

1 Asaf ƒe ha. O! Mawu, mègazi kpi o, O! Mawu, mègazi ɖoɖoe o, mèganɔ anyi kpoo o.
亞薩的詩歌。 上帝啊,求你不要靜默! 上帝啊,求你不要閉口,也不要不作聲!
2 Kpɔ ale si wò futɔwo le nyanyram ɖa, kpɔ ale si wò ketɔwo kɔ ta dzii ɖa.
因為你的仇敵喧嚷, 恨你的抬起頭來。
3 Wole nu baɖa ɖom ɖe wò dukɔ ŋu le ayeme, eye woɖo nugbe ɖe ame siwo nèlɔ̃na la ŋu.
他們同謀奸詐要害你的百姓, 彼此商議要害你所隱藏的人。
4 Wogblɔ be, “Miva, míatsrɔ̃ wo, be womaganye dukɔ o, eye womagaɖo ŋku Israel ƒe ŋkɔ dzi akpɔ gbeɖe o.”
他們說:來吧,我們將他們剪滅, 使他們不再成國! 使以色列的名不再被人記念!
5 Wotsɔ tameɖoɖo ɖeka de adaŋu, eye wobla ɖe ŋuwò,
他們同心商議, 彼此結盟,要抵擋你,
6 ame siwo le Edom ƒe agbadɔwo me, Ismaelitɔwo, Moabtɔwo, Hagritɔwo,
就是住帳棚的以東人和以實瑪利人, 摩押和夏甲人,
7 Gebalitɔwo, Amonviwo, Amalekitɔwo, Filistitɔwo kple ame siwo tso Tiro.
迦巴勒、亞捫, 和亞瑪力、非利士並泰爾的居民。
8 Asiria gɔ̃ hã kpe ɖe wo ŋu, be wòado alɔ Lot ƒe dzidzimeviwo. (Sela)
亞述也與他們連合; 他們作羅得子孫的幫手。 (細拉)
9 Wɔ wo abe ale si nèwɔ Midian, Sisera kple Yabin le Kison tɔsisi la to ene,
求你待他們,如待米甸, 如在基順河待西西拉和耶賓一樣。
10 ame siwo tsrɔ̃ le Endor, eye wole abe gbeɖuɖɔ ene le anyigba.
他們在隱‧多珥滅亡, 成了地上的糞土。
11 Wɔ woƒe bubumewo abe Oreb kple Zeb ene, eye woƒe dumegãwo abe Zeba kple Zalmuna ene,
求你叫他們的首領像俄立和西伊伯, 叫他們的王子都像西巴和撒慕拿。
12 ame siwo gblɔ be, “Mina míaxɔ Mawu ƒe lãnyiƒewo.”
他們說:我們要得上帝的住處, 作為自己的產業。
13 O! Nye Mawu, wɔ wo abe betsyo kple blitsa si ya lɔ ɖe nu ene.
我的上帝啊,求你叫他們像旋風的塵土, 像風前的碎稭。
14 Abe ale si dzo biaa ave, alo dzo ƒe aɖe tɔa dzo towo ene la,
火怎樣焚燒樹林, 火焰怎樣燒着山嶺,
15 nenemae nàti wo yomee kple wò ya sesẽ, eye nàdo ŋɔdzi na wo kple wò ahom.
求你也照樣用狂風追趕他們, 用暴雨恐嚇他們。
16 Tsɔ ŋukpe tsyɔ mo na wo, ale be amewo nadi wò ŋkɔ, O Yehowa.
願你使他們滿面羞恥, 好叫他們尋求你-耶和華的名!
17 Na ŋukpe nalé wo, woƒe mo natsi dãa, eye wonetsrɔ̃ le ŋukpe me.
願他們永遠羞愧驚惶! 願他們慚愧滅亡!
18 Na woanya be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ la ɖe anyigba blibo la dzi.
使他們知道:惟獨你- 名為耶和華的-是全地以上的至高者!

< Psalmowo 83 >