< Psalmowo 53 >
1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe nublanuigbe me. Bometsila gblɔ le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame baɖawo, woƒe mɔwo hã nye nu tovowo, ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o.
大衛的訓誨詩,交與伶長。調用麻哈拉。 愚頑人心裏說:沒有上帝。 他們都是邪惡,行了可憎惡的罪孽; 沒有一個人行善。
2 Mawu lé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu tso dziƒo, ne wòakpɔe ɖa be ame aɖe se nu gɔme alo di Mawu hã.
上帝從天上垂看世人,要看有明白的沒有? 有尋求他的沒有?
3 Ke ame sia ame trɔ megbe dee, wo katã tim wɔ nu tovo; ame ɖeka hɔ̃ɔ hã meli si wɔa nu nyui o, ɖeka pɛ hã meli o.
他們各人都退後,一同變為污穢; 並沒有行善的,連一個也沒有。
4 Ɖe ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vuvu nye dukɔ abe ale si woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Mawu o la ava srɔ̃ nu gbe aɖe gbea?
作孽的沒有知識嗎? 他們吞吃我的百姓如同吃飯一樣,並不求告上帝。
5 Woawoe ma ŋɔdzi lé, evɔ ŋɔdzinu aɖeke meli hafi o. Mawu gbã ƒu ɖe lãme na ame siwo tso ɖe mia ŋu la; ena ŋukpe lé wo, elabena Mawu gbe wo.
他們在無可懼怕之處就大大害怕, 因為上帝把那安營攻擊你之人的骨頭散開了。 你使他們蒙羞,因為上帝棄絕了他們。
6 O! Xɔname neva tso Zion na Israel! Ne Mawu gaɖo eƒe dukɔ ƒe nunyonamewo te la, Yakob netso aseye, eye Israel nekpɔ dzidzɔ!
但願以色列的救恩從錫安而出。 上帝救回他被擄的子民那時, 雅各要快樂,以色列要歡喜。