< Psalmowo 49 >
1 Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Mi anyigbadzitɔwo katã, mise esia; mi xexemetɔwo katã miƒu to anyi,
For the chief musician. A psalm of the sons of Korah. Hear this, all you peoples; give ear, all you inhabitants of the world,
2 mi ame dzodzrowo kple amegãwo, ame dahewo kple kesinɔtɔwo siaa.
both low and high, rich and poor together.
3 Nye nu agblɔ nunya ƒe nyawo, eye nya siwo ado tso nye dzi me la ahe gɔmesese vɛ.
My mouth will speak wisdom and the meditation of my heart will be of understanding.
4 Maƒu to anyi ɖe lododo ŋu, eye mato adzo kple nye kasaŋku.
I will incline my ear to a parable; I will begin my parable with the harp.
5 Nu ka ta mavɔ̃ ne ŋkeke vɔ̃wo va, ne ame vɔ̃ɖi, ameblelawo ƒo xlãm,
Why should I fear the days of evil, when iniquity surrounds me at my heels?
6 ame siwo ɖoa dzi ɖe woƒe kesinɔnuwo ŋu, eye wotsɔa woƒe nukpɔkpɔ gbogboawo nɔa adegbe ƒom ɖo?
Why should I fear those who trust in their wealth and boast about the amount of their riches?
7 Ame aɖeke mate ŋu aɖe nɔvia ƒe agbe alo atsɔ ga aƒle etae le Mawu gbɔ o.
It is certain that no one can redeem his brother or give God a ransom for him,
8 Agbeƒlega menye ga sue o, eye ga home aɖeke made enu be
For the redemption of one's life is costly, and no one can pay what we owe.
9 amea nanɔ agbe tegbee, eye makpɔ ku o.
No one can live forever so that his body should not decay.
10 Ame sia ame kpɔe be nunyala kuna; bometsilawo kple abunɛtɔwo siaa tsrɔ̃na, eye wogblea woƒe kesinɔnuwo ɖi na ame bubuwo.
For he will see decay. Wise men die; the fool and the brute alike perish and leave their wealth to others.
11 Togbɔ be anyigbawo le wo si woŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi hã la, woƒe yɔdowo anye woƒe aƒe tegbee, eye woanye woƒe nɔƒe tso dzidzime yi dzidzime.
Their inner thought is that their families will continue forever, and the places where they live, to all generations; they call their lands after their own names.
12 Togbɔ be kesinɔnu geɖewo le amegbetɔ si hã la, manɔ agbe tegbee o, ɖeko wòle abe gbemelã siwo tsrɔ̃na ene.
But man, having wealth, does not remain alive; he is like the beasts that perish.
13 Esia nye nu si dzɔna ɖe ame siwo ɖo ŋu ɖe wo ɖokuiwo ŋu la dzi. Aleae wòanɔ na wo yomedzela siwo dea woƒe nyagbɔgblɔwo dzi. (Sela)
This, their way, is their folly; yet after them, men approve of their sayings. (Selah)
14 Woayi tsiẽƒe abe alẽwo ene, eye woanye nuɖuɖu na ku. Ame dzɔdzɔe aɖu wo dzi le ŋdi, woƒe ŋutilãwo aƒaƒã ɖe yɔdo me, eye woate ɖa xaa tso woƒe xɔ gã dranyiwo gbɔ. (Sheol )
Like sheep they are appointed for Sheol, and death will be their shepherd. The upright will rule over them in the morning, and their bodies will be consumed in Sheol, with no place for them to live. (Sheol )
15 Ke Mawu aɖe nye agbe tso ku me, eye wòaxɔm ɖe eɖokui gbɔ. (Sela) (Sheol )
But God will redeem my life from the power of Sheol; he will receive me. (Selah) (Sheol )
16 Ne ame aɖe zu kesinɔtɔ la, megawɔ moya na wò o, ne eƒe aƒe ƒe atsyɔ̃ dzi ɖe edzi la, megawɔ nuku na wò o,
Do not be afraid when one becomes rich, and the glory of his house increases.
17 elabena ne eku la, matsɔ naneke ɖe asi o, eƒe atsyɔ̃ gɔ̃ hã mayi yɔ me kplii o.
For when he dies he will take nothing away; his glory will not go down after him.
18 Togbɔ be ebu eɖokui ame si woyra, eye amewo kafui esi nu le edzi dzem nɛ hã la,
He blessed his soul while he lived— and men praise you when you live for yourself—
19 ayi aɖawɔ ɖeka kple fofoa ƒe dzidzime si magakpɔ agbe ƒe kekeli akpɔ o.
he will go to the generation of his fathers and they will never see the light again.
20 Ame si si kesinɔnuwo le, evɔ gɔmesese mele esi o la le abe gbemelã si tsrɔ̃ la ene.
One who has wealth but no understanding is like the beasts, which perish.