< Lododowo 23 >
1 Ne ènɔ kplɔ̃ ŋu be yeaɖu nu kple fia la, lé ŋku ɖe nu si wotsɔ ɖo akɔwò me la ŋu nyuie
幾時你與首長坐席,應記著,在你面前的是誰。
2 eye tsɔ hɛ ɖo wò ve dzi ne ènye nutsuɖula.
你若過於貪食,應在咽喉上,放上一把刀。
3 Mègadzro eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo o elabena nuɖuɖu ma nye beble.
休要羨慕他的珍饈,因那是騙人的食品。
4 Mègaku kutri vivivo, agbɔdzɔ ɖokuiwò be yeakpɔ hotsui o, dze nunya nàlé avu ɖokuiwò.
不要辛苦企求致富,反應放棄這種企圖。
5 Kasia wò ŋku nabe yeato kesinɔnuwo dzi la, wo nu va yi xoxo elabena woato aʋala godoo eye woadzo adzo ayi ɖe dziƒo ʋĩi abe hɔ̃ ene.
你向之一注目,即不再存在了:它會生出翅膀,如鷹向天飛去。
6 Mègaɖu ŋutsu nuvela ƒe nuɖuɖu o, eye eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo megadzro wò o,
不要與虎視眈眈的人進食,也不要羨慕他的山珍海味,
7 elabena enye ame si le ga si wòagblẽ ɖe nua ɖaɖa ŋuti la ŋu bum. Egblɔ na wò be, “Ɖu nu, nàno nu” gake megblɔe tso eƒe dzi me o.
因為他原是只顧自己的人,他口頭雖對你說「請吃請喝! 」但他的心中並不與你友善;
8 Àdzɔ nu sue si nèɖu la hã eye àtsɔ wò kafukafunya siwo nègblɔ la hã ada ahee.
你吃下的那口食物,還得吐出;你婉轉悅耳的言辭,盡屬枉費。
9 Mègaƒo nu ɖe bometsila ƒe to me o, elabena ado vlo wò nunyanyawo.
不要與愚人交耳接談,因他必輕視你的高見。
10 Mègaɖe blemaliƒokpewo ɖa alo age ɖe tsyɔ̃eviwo ƒe agble me o
不要移動孀婦的地界,不要侵佔孤兒的田地;
11 elabena ŋusẽtɔe nye wo ta ʋlila; eye awɔ avu kpli wò ɖe wo nu.
因為他們的辯護者是大能的,他必為他們的案件與你爭辯。
12 Tsɔ wò dzi ku ɖe nufiame ŋu eye wò towo natrɔ ɖe gɔmesese ŋu.
你應專心接受教訓,傾耳細聽益智之言。
13 Mègagbe tohehe na ɖevi o, ne èƒoe kple ati la, mele kuku ge o.
對孩童不可忽略懲戒;用棍打他,他不致死去。
14 Tsɔ ameƒoti he to nɛ eye àɖe eƒe luʋɔ tso ku me. (Sheol )
你用棍杖打他,是救他的靈魂免下陰府。 (Sheol )
15 Vinye, ne wò dzi dze nunya la, ekema nye hã nye dzi akpɔ dzidzɔ
我兒,你若心懷智慧,我也誠心喜樂;
16 eye nye ememe ke atso aseye ne wò nuyiwo gblɔ nu si le dzɔdzɔe.
你的唇舌若談吐正義的事,我的五衷也必會踴躍歡欣。
17 Mègana wò dzi naʋã ŋu nu vɔ̃ wɔlawo o, ke boŋ tsɔ dzo ɖe Yehowavɔvɔ̃ ŋu.
心裏不要羨慕罪人,卻要日日敬畏上主;
18 Vavã, mɔkpɔkpɔ le asiwò hena etsɔ si gbɔna eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.
這樣你的將來必然順利,你的希望絕不落空。
19 Vinye, ɖo tom ne nàdze nunya eye na wò dzi nanɔ mɔ dzɔdzɔetɔ dzi.
我兒,你要聽話,作個明智人;且要引領你的心走上正道。
20 Mègade ha kple ame siwo nye waintsunolawo alo lã geɖe ɖulawo o.
貪嗜酒肉的人,不可與之來往;
21 Elabena ahatsunolawo kple nutsuɖulawo la, ahee wodana eye alɔ̃ tsu dɔdɔ nana wonɔa awu vuvuwo me.
因為嗜酒貪食的人,必陷於窮困;貪懶好睡的人,必衣著襤褸。
22 Ɖo to fofowò, ame si dzi wò eye mègado vlo dawò ne eku nyagã o.
對生養你的父親,應當聽從;對你年邁的母親,不可輕視。
23 Ƒle nyateƒe la eye mègadzrae o; ƒle nunya, amehehe kple gɔmesese.
應獲取真理,不可出賣,還有智慧、訓誨和見識。
24 Ame dzɔdzɔe fofo atso aseye geɖe eye ame si si vi nyanu le la akpɔ dzidzɔ le eŋu.
義人的父親,必欣然喜樂;生育慧子的,必為此歡騰。
25 Dawò kple fofowò nekpɔ dzidzɔ eye nyɔnu si dzi wò la netso aseye!
應使你的父親因你而喜悅,應使你的生母因你而快樂。
26 Vinye, tsɔ wò dzi nam eye wò ŋkuwo nenɔ nye mɔwo ŋu
我兒,將你的心交給我,注目於我的道路:
27 elabena gbolo la, ʋe globoe wònye eye srɔ̃nyɔnu ahasitɔ la, vudo xaxɛ wònye.
妓女是一個深坑,淫婦是一個陷阱;
28 Ede xa ɖi abe adzodala ene eye wòdzia ŋutsu ahasitɔwo ƒe xexlẽme ɖe edzi.
她潛伏著,實如強盜,使人世間,增添奸夫。
29 Ame kae le hũu ɖem? Ame kae le veve sem? Ame kae le nu xam? Ame kae le eƒe nuteɖeamedziwo gblɔm? Ame kae xɔ abi yakatsyɔ? Ame ka ƒe ŋkue biã abe ʋu ene?
是誰將哀鳴,是誰將悲嘆﹖是誰將爭吵,是誰將抱怨﹖是誰將無故受傷,是誰將雙目赤紅﹖
30 Ame siwo tsia wainze te la tɔe, ame siwo yina ɖaɖɔa wain si wotɔtɔ kpɔ la tɔe.
是那流連於醉鄉,去搜求醇酒的人。
31 Mègaɖɔ wain kpɔ ne ebiã dzẽe, ne ele fu tsɔm le kplu me, ne eto vetome heɖiɖi ɖe dɔ me o!
你不要注視酒色怎樣紅,在杯中怎樣閃耀,飲下去怎樣痛快!
32 Le nuwuwu la, eɖua ame abe da ene eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene.
終究它要咬人如蛇,刺人如虺。
33 Wò ŋkuwo akpɔ nu tutɔ manyatalenuwo eye wò susu anɔ nu baɖabaɖawo susum.
那時,你的眼要見到奇景,你的心要吐出狂語。
34 Ànɔ abe ame si mlɔ atsiaƒu gbana dzi alo ame si mlɔ abala dzi ene.
你宛如躺在海中心,睡在桅杆頂。「
35 Àgblɔ be, “Woxlã nu ɖem gake nyemexɔ abi o! Woƒom gake mevem o! Ɣe ka ɣi gɔ̃ manyɔ ne magadi ahayomemɔ?”
人打我,我不痛,人捶我,我不覺;我何時甦醒,好再去尋醉! 」