< Mose 4 33 >
1 Esiawoe nye Israelviwo ƒe toƒewo tso esime Mose kple Aron wokplɔ wo dzoe le Egiptenyigba dzi.
以色列人按着軍隊,在摩西、亞倫的手下出埃及地所行的路程記在下面。
2 Mose ŋlɔ nu tso woƒe toƒewo ŋu abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene.
摩西遵着耶和華的吩咐記載他們所行的路程,其路程乃是這樣:
3 Israelviwo dze mɔ le Rameses le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe si nye Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke evelia. Wozɔ dzideƒotɔe dzo le Egiptetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu,
正月十五日,就是逾越節的次日,以色列人從蘭塞起行,在一切埃及人眼前昂然無懼地出去。
4 le esime Egiptetɔwo nɔ woƒe ŋgɔgbeviwo katã, ame siwo Yehowa ƒo ƒu anyi le wo dome la ɖim, elabena Yehowa he ʋɔnudɔdrɔ̃ va woƒe mawuwo dzi.
那時,埃及人正葬埋他們的長子,就是耶和華在他們中間所擊殺的;耶和華也敗壞他們的神。
5 Israelviwo dzo le Rameses, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Sukɔt.
以色列人從蘭塞起行,安營在疏割。
6 Wodzo le Sukɔt, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Etam, le gbegbe la to.
從疏割起行,安營在曠野邊的以倘。
7 Esi wodzo le Etam la, wogbugbɔ yi Pi Hahirɔt, le Baal Zefon ƒe ɣedzeƒe, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Migdol gbɔ.
從以倘起行,轉到比‧哈希錄,是在巴力‧洗分對面,就在密奪安營。
8 Tso afi sia la, woto Ƒu Dzĩ la titina. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woɖo Etam gbedzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Mara.
從比‧哈希錄對面起行,經過海中到了書珥曠野,又在伊坦的曠野走了三天的路程,就安營在瑪拉。
9 Tso Mara la, wova Elim, afi si vudo wuieve kple deti blaadre le. Wonɔ afi sia eteƒe didi vie.
從瑪拉起行,來到以琳(以琳有十二股水泉,七十棵棕樹),就在那裏安營。
10 Esi wodzo le Elim la, woƒu asaɖa anyi ɖe Ƒu Dzĩ la to,
從以琳起行,安營在紅海邊。
11 eye woho yi Sin gbedzi.
從紅海邊起行,安營在汛的曠野。
12 Emegbe la, woyi Dofka.
從汛的曠野起行,安營在脫加。
13 Esi wodzo le Dofka la, woyi Alus,
從脫加起行,安營在亞錄。
14 hetso eme yi Refidim, afi si tsi menɔ na ameawo woano o.
從亞錄起行,安營在利非訂;在那裏,百姓沒有水喝。
15 Tso Refidim la, woyi Sinai gbedzi,
從利非訂起行,安營在西奈的曠野。
16 eye tso afi ma la, woyi Kibrot Hatava.
從西奈的曠野起行,安營在基博羅‧哈他瓦。
17 Tso Kibrot Hatava la, woyi Hazerot.
從基博羅‧哈他瓦起行,安營在哈洗錄。
18 Tso Hazerot la, woyi Ritmax.
從哈洗錄起行,安營在利提瑪。
19 Tso Ritmax la, woyi Rimonparez.
從利提瑪起行,安營在臨門‧帕烈。
20 Tso Rimonparez la, woyi Libna.
從臨門‧帕烈起行,安營在立拿。
21 Tso Libna la, woyi Risa.
從立拿起行,安營在勒撒。
22 Tso Risa la, woyi Kehelata.
從勒撒起行,安營在基希拉他。
23 Tso Kehelata la, woyi Sefer to la gbɔ.
從基希拉他起行,安營在沙斐山。
24 Tso Sefer to la gbɔ la, woyi Harada.
從沙斐山起行,安營在哈拉大。
25 Tso Harada la, woyi Makhelot.
從哈拉大起行,安營在瑪吉希錄。
26 Tso Makhelot la, woyi Tahat.
從瑪吉希錄起行,安營在他哈。
27 Tso Tahat la, woyi Tera.
從他哈起行,安營在他拉。
28 Tso Tera la, woyi Mitka.
從他拉起行,安營在密加。
29 Tso Mitka la, woyi Hasmona.
從密加起行,安營在哈摩拿。
30 Tso Hasmona la, woyi Moserɔt.
從哈摩拿起行,安營在摩西錄。
31 Tso Moserɔt la, woyi Bene Yakan.
從摩西錄起行,安營在比尼‧亞干。
32 Tso Bene Yakan la, woyi Hor Hagidgad.
從比尼‧亞干起行,安營在曷‧哈及甲。
33 Tso Hor Hagidgad la, woyi Yotbata.
從曷‧哈及甲起行,安營在約巴他。
34 Tso Yotbata la, woyi Abrona.
從約巴他起行,安營在阿博拿。
35 Tso Abrona la, woyi Ezion Geber.
從阿博拿起行,安營在以旬‧迦別。
36 Tso Ezion Geber la, woyi Kades le Zin gbedzi.
從以旬‧迦別起行,安營在尋的曠野,就是加低斯。
37 Tso Kades la, woyi Hor to la gbɔ le Edomnyigba la to.
從加低斯起行,安營在何珥山,以東地的邊界。
38 Le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Nunɔla Aron yi Hor to la dzi, afi si wòku ɖo le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe le ƒe blaenelia, esi Israelviwo ʋu tso Egipte la me.
以色列人出了埃及地後四十年,五月初一日,祭司亞倫遵着耶和華的吩咐上何珥山,就死在那裏。
39 Aron xɔ ƒe alafa ɖeka, blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòku ɖe Hor to la dzi.
亞倫死在何珥山的時候年一百二十三歲。
40 Ɣe ma ɣie Kanaantɔwo ƒe fia, Arad fia, ame si nɔ Negeb, le Kanaanyigba dzi la se be Israelviwo gbɔna yeƒe anyigba dzi.
住在迦南南地的迦南人亞拉得王聽說以色列人來了。
41 Wowɔ aʋa kplii, eye wotso Hor to la gbɔ heƒu asaɖa anyi ɖe Zalmona.
以色列人從何珥山起行,安營在撒摩拿。
42 Tso Zalmona la, woyi Punon.
從撒摩拿起行,安營在普嫩。
43 Woho tso Punon heva ƒu asaɖa anyi ɖe Obot,
從普嫩起行,安營在阿伯。
44 eye woho tso Obot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Iye Abarim le Moabtɔwo ƒe liƒo dzi.
從阿伯起行,安營在以耶‧亞巴琳,摩押的邊界。
45 Tso afi sia la, woƒo asaɖa ɖe Dibon Gad
從以耶‧亞巴琳起行,安營在底本‧迦得。
46 woyi Dibon Gad heyi Almɔn Diblataim,
從底本‧迦得起行,安營在亞門‧低比拉太音。
47 Abarim towo gbɔ le Nebo to la gbɔ.
從亞門‧低比拉太音起行,安營在尼波對面的亞巴琳山裏。
48 Wotso le Abarim towo gbɔ, eye mlɔeba la, wova ɖo Moab gbegbe la le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa.
從亞巴琳山起行,安營在摩押平原-約旦河邊、耶利哥對面。
49 Woƒu asaɖa anyi ɖe teƒe vovovowo le Yɔdan tɔsisi la to tso Bet Yesimot va se ɖe Abel Sitim le Moab tagba.
他們在摩押平原沿約旦河邊安營,從伯‧耶施末直到亞伯‧什亭。
50 Le Moab tagba, le Yɔdan nu le Yeriko kasa la, Yehowa gblɔ na Mose be,
耶和華在摩押平原-約旦河邊、耶利哥對面曉諭摩西說:
51 “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne mietso Yɔdan, eye miege ɖe Kanaanyigba dzi la,
「你吩咐以色列人說:你們過約旦河進迦南地的時候,
52 ele be mianya ame siwo katã le anyigba ma dzi, eye miagbã woƒe legbawo; esiawoe nye woƒe kpe kpakpawo, legba siwo wololo ga tsɔ wɔe kple woƒe mawusubɔƒe siwo wotu ɖe toawo dzi, afi si wosubɔa woƒe legbawo le.
就要從你們面前趕出那裏所有的居民,毀滅他們一切鏨成的石像和他們一切鑄成的偶像,又拆毀他們一切的邱壇。
53 Metsɔ anyigba la na mi. Mixɔe eye mianɔ edzi.
你們要奪那地,住在其中,因我把那地賜給你們為業。
54 Mima anyigba la ɖe miaƒe towo dome ɖe toawo ƒe lolome nu. Midzidze nu ɖe afi si anyigba la lolo le la dzi, amae ɖe to siwo me amewo sɔ gbɔ le la dome, eye miatsɔ teƒe siwo melolo o la ana to suewo.
你們要按家室拈鬮,承受那地;人多的,要把產業多分給他們;人少的,要把產業少分給他們。拈出何地給何人,就要歸何人。你們要按宗族的支派承受。
55 “‘Ke ne mienya ame siwo le afi ma o la, wo dometɔ siwo asusɔ ɖe afi ma la, azu dzowɔ aɖo ŋkume na mi kple ŋu anɔ miaƒe axadame.
倘若你們不趕出那地的居民,所容留的居民就必作你們眼中的刺,肋下的荊棘,也必在你們所住的地上擾害你們。
56 Ekema matsrɔ̃ mi abe ale si meɖo be matsrɔ̃ woe la ene.’”
而且我素常有意怎樣待他們,也必照樣待你們。」