< Mateo 26 >
1 Esi Yesu ƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo le nya siawo ŋu vɔ la, egblɔ na wo hã be,
et factum est cum consummasset Iesus sermones hos omnes dixit discipulis suis
2 “Abe ale si mienya ene la, Ŋutitotoŋkekea adze egɔme le ŋkeke eve megbe, woadem asi eye woaklãm ɖe ati ŋuti.”
scitis quia post biduum pascha fiet et Filius hominis tradetur ut crucifigatur
3 Le ɣeyiɣi ma tututu me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple Yudea dumegã bubuwo kpe ta ɖe nunɔlagãtɔ, Kayafa ƒe aƒe me,
tunc congregati sunt principes sacerdotum et seniores populi in atrium principis sacerdotum qui dicebatur Caiaphas
4 be yewoade ŋugble tso ale si woawɔ alé Yesu le bebeme, awui la ŋuti.
et consilium fecerunt ut Iesum dolo tenerent et occiderent
5 Ke wo katã wolɔ̃ ɖe edzi be, “Míawɔ nu sia, gake menye le Ŋutitotoŋkeke la dzi o, ne menye nenema o la, zi atɔ le dukɔa me.”
dicebant autem non in die festo ne forte tumultus fieret in populo
6 Azɔ Yesu yi Betania, eye wòdze Simɔn anyidɔléla la ƒe aƒe me.
cum autem esset Iesus in Bethania in domo Simonis leprosi
7 Esi wonɔ nu ɖum la, nyɔnu aɖe va aƒea me kple ami ʋeʋĩ xɔasi aɖe, eye wòʋui tsɔ kɔ ɖe tame na Yesu.
accessit ad eum mulier habens alabastrum unguenti pretiosi et effudit super caput ipsius recumbentis
8 Esia ve dɔ me na nusrɔ̃lawo ŋutɔ, eye wogblɔ be, “Nu ka ta wòle be ame natsɔ ga aƒu gbe ɖe yame alea? Enyo be wòawɔ esia?
videntes autem discipuli indignati sunt dicentes ut quid perditio haec
9 Ate ŋu adzra ami sia, akpɔ ga home gã aɖe atsɔ na ame dahewo ɖe!”
potuit enim istud venundari multo et dari pauperibus
10 Yesu nya nu si bum nusrɔ̃lawo le, ale wògblɔ na wo be, “Migaɖe ɖeklemi kple nyɔnu la o, elabena nu nyui wònye wòwɔ nam.
sciens autem Iesus ait illis quid molesti estis mulieri opus bonum operata est in me
11 Ame dahewo li kpli mi gbe sia gbe, ke nye la, nyemanɔ mia gbɔ tegbee o.
nam semper pauperes habetis vobiscum me autem non semper habetis
12 Esi wònye be nye ku gbɔna kpuie ta la, ekɔ ami ʋeʋĩ la ɖe dzinye be wòadzra nye ŋutilã ɖo hena ɖiɖi.
mittens enim haec unguentum hoc in corpus meum ad sepeliendum me fecit
13 Vavã, mele egblɔm na mi bena, nyɔnu sia ƒe ŋkɔ mele bubu ge akpɔ o, elabena woagblɔ nu si wòwɔ la afia le xexea me godoo afi sia afi si woagblɔ nyanyui la le ko.”
amen dico vobis ubicumque praedicatum fuerit hoc evangelium in toto mundo dicetur et quod haec fecit in memoriam eius
14 Le nyadzɔdzɔ sia megbe la, Yuda Iskariɔt, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka yi ɖe nunɔlagãwo gbɔ,
tunc abiit unus de duodecim qui dicitur Iudas Scarioth ad principes sacerdotum
15 eye wòbia be, “Ho neni miaxe nam nenye be mede Yesu asi na mi?” Enumake woxlẽ klosaloga blaetɔ̃ tsɔ de asi nɛ.
et ait illis quid vultis mihi dare et ego vobis eum tradam at illi constituerunt ei triginta argenteos
16 Tso gbe ma gbe dzi la, Yuda de asi mɔ si dzi wòato ade Yesu asi na nunɔlagãwo la didi me.
et exinde quaerebat oportunitatem ut eum traderet
17 Le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nusrɔ̃lawo te ɖe Yesu ŋu, eye wobiae be, “Afi ka míele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖu ge le?”
prima autem azymorum accesserunt discipuli ad Iesum dicentes ubi vis paremus tibi comedere pascha
18 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe dua me teti ko la, miado go ŋutsu aɖe. Migblɔ nɛ be, ‘Míaƒe Nufiala ɖo mí ɖe gbɔwò be míagblɔ na wò be yeƒe ɣeyiɣi la ɖo azɔ, eya ta ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo yewoava adze gbɔwò aɖu Ŋutitotoŋkekenyui la.’”
at Iesus dixit ite in civitatem ad quendam et dicite ei magister dicit tempus meum prope est apud te facio pascha cum discipulis meis
19 Nusrɔ̃lawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ, eye wodzra ɖo na Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu le afi ma.
et fecerunt discipuli sicut constituit illis Iesus et paraverunt pascha
20 Le fiẽ me la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ kplɔ̃ ŋu, eye woɖu nu.
vespere autem facto discumbebat cum duodecim discipulis
21 Ke esi wonɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na wo be, “Vavã, mele egblɔm na mi bena, mia dometɔ ɖeka adem asi be woawu.”
et edentibus illis dixit amen dico vobis quia unus vestrum me traditurus est
22 Nya sia ɖi ɖe nusrɔ̃lawo ŋutɔ, ale wolé blanui. Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsi dzodzodzoe, eye wobiae be, “Aƒetɔ nyea? Aƒetɔ nyea?”
et contristati valde coeperunt singuli dicere numquid ego sum Domine
23 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame si de asi nuɖugba me kplim lae le dɔ sia wɔ ge.
at ipse respondens ait qui intinguit mecum manum in parapside hic me tradet
24 Ele na nye Amegbetɔ Vi la be maku abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe da ɖi xoxo ene, gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me la, nenye be womegaxa dzii o la, anyo nɛ wu sãa.”
Filius quidem hominis vadit sicut scriptum est de illo vae autem homini illi per quem Filius hominis traditur bonum erat ei si natus non fuisset homo ille
25 Ke azɔ la, Yuda hã bia Yesu be, “Nufiala, nyee le nu sia wɔ gea?” Ke Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nɔvi, wò tututue le dɔ sia wɔ ge.”
respondens autem Iudas qui tradidit eum dixit numquid ego sum rabbi ait illi tu dixisti
26 Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi. Edo gbe ɖa ɖe abolo la ta, eye wòŋe eme hetsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo eye wògblɔ be, “Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã.”
cenantibus autem eis accepit Iesus panem et benedixit ac fregit deditque discipulis suis et ait accipite et comedite hoc est corpus meum
27 Emegbe la, etsɔ wainkplu la hã ɖe asi, do gbe ɖa ɖe eta, eye wòtsɔe na wo be woano. Egagblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mi katã mixɔe no,
et accipiens calicem gratias egit et dedit illis dicens bibite ex hoc omnes
28 esiae nye nye ʋu si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Wokɔe ɖi be ame geɖe nakpɔ nu vɔ̃ tsɔtsɔke to eme.”
hic est enim sanguis meus novi testamenti qui pro multis effunditur in remissionem peccatorum
29 Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Medi be mianya nyuie be nyemegale wain sia no ge akpɔ o va se ɖe esime nye kple miawo miaganoe yeyee le Fofonye ƒe fiaɖuƒe la me.”
dico autem vobis non bibam amodo de hoc genimine vitis usque in diem illum cum illud bibam vobiscum novum in regno Patris mei
30 Esi Yesu ƒo nu vɔ la, wo katã wodzi ha, da akpe na Mawu eye wodo go yi Amito la dzi.
et hymno dicto exierunt in montem Oliveti
31 Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Le egbe ƒe zã sia me la, mi katã miakaka le ŋunye, elabena woŋlɔe ɖe mawunya me be, “‘Mele alẽkplɔla la ƒo ge, eye alẽawo katã akaka gbẽe.’
tunc dicit illis Iesus omnes vos scandalum patiemini in me in ista nocte scriptum est enim percutiam pastorem et dispergentur oves gregis
32 Gake ne mefɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea, afi si mado go mi le.”
postquam autem resurrexero praecedam vos in Galilaeam
33 Petro tɔ asi akɔ gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame ka hlẽ le ŋuwò hã la, nye ya nyemadzo le gbɔwò gbeɖegbeɖe o.”
respondens autem Petrus ait illi et si omnes scandalizati fuerint in te ego numquam scandalizabor
34 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, le nyateƒe me la, kasia koklo naku atɔ le fɔŋli me la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”
ait illi Iesus amen dico tibi quia in hac nocte antequam gallus cantet ter me negabis
35 Petro gaɖo eŋu kple kakaɖedzi be, “Ke ɖeko maku hafi agbe nu le gbɔwò.” Azɔ nusrɔ̃la mamlɛawo hã ɖe adzɔgbe nenema.
ait illi Petrus etiam si oportuerit me mori tecum non te negabo similiter et omnes discipuli dixerunt
36 Ke Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe abɔ aɖe si woyɔna be Getsemane la me, eye wògblɔ na wo be woanɔ anyi alala ye vie. Esi wonɔ elalam la, ezɔ yi ŋgɔ vie be yeado gbe ɖa.
tunc venit Iesus cum illis in villam quae dicitur Gethsemani et dixit discipulis suis sedete hic donec vadam illuc et orem
37 Ekplɔ Petro kple Zebedeo ƒe vi eveawo siwo nye Yohanes kple Yakobo la ɖe asi. Esi wova ɖo teƒea la, vevesese helĩhelĩ kple nuxaxa yɔ eme.
et adsumpto Petro et duobus filiis Zebedaei coepit contristari et maestus esse
38 Ale wògblɔ na wo be, “Nye lãme gbɔdzɔ ŋutɔ, eye nye dzi le nu xam heyi ku me ke, eya ta minɔ afi sia, eye mianɔ ŋudzɔ kplim.”
tunc ait illis tristis est anima mea usque ad mortem sustinete hic et vigilate mecum
39 Yesu zɔ yi ŋgɔ vie, dze klo, eye wòtsyɔ mo anyi. Azɔ edo gbe ɖa be, “Fofonye, ne anɔ bɔbɔe la, ekema ɖe agba sia ɖa le dzinye. Gake menye ale si medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”
et progressus pusillum procidit in faciem suam orans et dicens mi Pater si possibile est transeat a me calix iste verumtamen non sicut ego volo sed sicut tu
40 Yesu trɔ va nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ, kasia ekpɔ be wonɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Eyɔ Petro, eye wòbiae be, “Ke miate ŋu anɔ ŋu kplim gaƒoƒo ɖeka teti hã oa?
et venit ad discipulos et invenit eos dormientes et dicit Petro sic non potuistis una hora vigilare mecum
41 Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne menye nenema o la, tetekpɔ aɖu mia dzi, elabena gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.”
vigilate et orate ut non intretis in temptationem spiritus quidem promptus est caro autem infirma
42 Yesu gagblẽ nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖi heyi ɖado gbe ɖa ake be, “Fofo, nenye be ele be matsɔ agba sia kokoko la, ekema mawɔ wò lɔlɔ̃nu.”
iterum secundo abiit et oravit dicens Pater mi si non potest hic calix transire nisi bibam illum fiat voluntas tua
43 Esi wògatrɔ va la, ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko, elabena alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo.
et venit iterum et invenit eos dormientes erant enim oculi eorum gravati
44 Etrɔ le wo gbɔ gayi ɖado gbe ɖa zi etɔ̃lia.
et relictis illis iterum abiit et oravit tertio eundem sermonem dicens
45 Azɔ etrɔ va nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Miate ŋu adɔ alɔ̃ azɔ faa, eye miadzudzɔ mia ɖokuiwo, gake nɔviwo, ɣeyiɣi la de be woade nye Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo.
tunc venit ad discipulos suos et dicit illis dormite iam et requiescite ecce adpropinquavit hora et Filius hominis traditur in manus peccatorum
46 Mitso mídzo! Mikpɔ ɖa, ame si le denye ge asi lae nye ema gbɔna.”
surgite eamus ecce adpropinquavit qui me tradit
47 Esi wònɔ nu ƒom la, Yuda, ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka lae nye ekem le ŋgɔ na ameha gã aɖe, eye wozɔ gbɔna. Ameha siawo nye ame dɔdɔwo tso Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple dumegãwo gbɔ, eye wolé yiwo kple kpowo ɖe asi gbɔna.
adhuc ipso loquente ecce Iudas unus de duodecim venit et cum eo turba multa cum gladiis et fustibus a principibus sacerdotum et senioribus populi
48 Yuda ɖo dzesi ɖi na wo eye wògblɔ na wo do ŋgɔ be ame si dim wole lae nye ame si yeado gbe na, eye yeagbugbɔ nu na la.
qui autem tradidit eum dedit illis signum dicens quemcumque osculatus fuero ipse est tenete eum
49 Yuda zɔ tẽe yi ɖe Yesu gbɔ gblɔ nɛ be, “Medo gbe na wò, Nufiala,” eye wògbugbɔ nu nɛ.
et confestim accedens ad Iesum dixit have rabbi et osculatus est eum
50 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, yi wò dɔ si ta nèva ɖo la dzi.” Kasia amewo dze Yesu dzi, eye wolée.
dixitque illi Iesus amice ad quod venisti tunc accesserunt et manus iniecerunt in Iesum et tenuerunt eum
51 Enumake Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka ɖe eƒe yi le aku me, eye wòkpa to na Yudatɔwo ƒe nunɔlagã ƒe subɔla ɖeka.
et ecce unus ex his qui erant cum Iesu extendens manum exemit gladium suum et percutiens servum principis sacerdotum amputavit auriculam eius
52 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Mègawɔ wò yi ŋu dɔ o; tsɔe de aku me, elabena ame siwo wɔa yi ŋu dɔ la hã kpɔa ku le yi nu.
tunc ait illi Iesus converte gladium tuum in locum suum omnes enim qui acceperint gladium gladio peribunt
53 Alo mènya be mate ŋu abia Fofonye, eye wòana mawudɔla akpeakpewo mí be woadzɔ mía ŋu oa?
an putas quia non possum rogare Patrem meum et exhibebit mihi modo plus quam duodecim legiones angelorum
54 Ke ne mewɔ nenema ɖe, aleke nya siwo woŋlɔ da ɖi le mawunya me siwo le dzɔdzɔm fifia hã la awɔ hafi ava eme?”
quomodo ergo implebuntur scripturae quia sic oportet fieri
55 Azɔ Yesu trɔ ɖe amehawo gbɔ ƒo nu na wo be, “Nu vɔ̃ wɔla kple hlɔ̃dola menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoaléma? Menɔ mia dome, gblɔ nya le miaƒe gbedoxɔ me gbe sia gbe, ke miete ŋu wɔ naneke o.
in illa hora dixit Iesus turbis tamquam ad latronem existis cum gladiis et fustibus conprehendere me cotidie apud vos sedebam docens in templo et non me tenuistis
56 Nyateƒe, nu siawo katã le dzɔdzɔm tututu abe ale si nyagblɔɖilawo ŋlɔe da ɖi le mawunya la me ene.” Ke eƒe nusrɔ̃lawo katã si dzo.
hoc autem totum factum est ut implerentur scripturae prophetarum tunc discipuli omnes relicto eo fugerunt
57 Ameha la kplɔ Yesu yi ɖe nunɔlagã Kayafa ƒe aƒe me, afi si agbalẽfialawo kple dumegãwo katã va ƒo ƒu ɖo la.
at illi tenentes Iesum duxerunt ad Caiaphan principem sacerdotum ubi scribae et seniores convenerant
58 Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo nunɔlagã la ƒe aƒe me la, eto nu xa dzaa ge ɖe aƒea me, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔlawo dome be yeakpɔ nu si adzɔ ɖe Yesu dzi la ɖa.
Petrus autem sequebatur eum a longe usque in atrium principis sacerdotum et ingressus intro sedebat cum ministris ut videret finem
59 Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe eye yewoatso kufia nɛ,
principes autem sacerdotum et omne concilium quaerebant falsum testimonium contra Iesum ut eum morti traderent
60 gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o, togbɔ be ame geɖewo lɔ̃ ɖi aʋatsoɖase le eŋu hã.
et non invenerunt cum multi falsi testes accessissent novissime autem venerunt duo falsi testes
61 Le nuwuwu la, ame eve va gblɔ be, “Ame sia gblɔ be, ‘mate ŋu agbã Mawu ƒe gbedoxɔ sia agatui le ŋkeke etɔ̃ megbe.’”
et dixerunt hic dixit possum destruere templum Dei et post triduum aedificare illud
62 Enumake Yudatɔwo ƒe nunɔlagã la tsi tsitre hebia Yesu be, “Ɖe nèle gbegbem be yemaɖo nutsotso gbogbo siwo wotsɔ ɖe ŋuwò la ƒe ɖeke ŋu oa? Nya aɖeke mele asiwò nàtsɔ aʋli ɖokuiwò tae oa?”
et surgens princeps sacerdotum ait illi nihil respondes ad ea quae isti adversum te testificantur
63 Ke Yesu meke nu o. Nunɔlagã la yi edzi gblɔ nɛ be, “Meta Mawu gbagbe la, nenye wòe nye Kristo, Mawu ƒe Vi la la, ekema gblɔe mise fifia.”
Iesus autem tacebat et princeps sacerdotum ait illi adiuro te per Deum vivum ut dicas nobis si tu es Christus Filius Dei
64 Azɔ Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “Ɛ̃, nye tututue, eye madidi o la, miakpɔ nye Amegbetɔ Vi la manɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye matrɔ ava le dziƒo ƒe lilikpowo me.”
dicit illi Iesus tu dixisti verumtamen dico vobis amodo videbitis Filium hominis sedentem a dextris virtutis et venientem in nubibus caeli
65 Eƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe nunɔlagã la, ale woƒu asi akɔta gblɔ be, “Mise ɖa, ame sia gblɔ busunya. Megahiã be ame bubu aɖeke naɖi ɖase o. Mí katã míese eƒe numegbe xoxo.
tunc princeps sacerdotum scidit vestimenta sua dicens blasphemavit quid adhuc egemus testibus ecce nunc audistis blasphemiam
66 Nu kae nye miaƒe nyametsotso?” Ameha gã la do ɣli be, “Edze na ku, ele be woawui!”
quid vobis videtur at illi respondentes dixerunt reus est mortis
67 Azɔ amewo ƒu du ɖe edzi, ɖe ta ɖe eŋu, eye ɖewo tu kɔe, ƒo tome nɛ
tunc expuerunt in faciem eius et colaphis eum ceciderunt alii autem palmas in faciem ei dederunt
68 hegblɔ nɛ be, “Ne wòe nye Kristo la la, ekema tɔ asi ame si ƒo wò to megbe la dzi ne míakpɔ.”
dicentes prophetiza nobis Christe quis est qui te percussit
69 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Petro ganɔ amehawo dome le xexe. Dɔlanyɔnuvi dzaa aɖe te ɖe eŋu gblɔ nɛ be, “Wò hã ènɔ Yesu Galileatɔ la yome.”
Petrus vero sedebat foris in atrio et accessit ad eum una ancilla dicens et tu cum Iesu Galilaeo eras
70 Ke Petro sẽ nu le wo katã ƒe ŋkume be, “Nyemenya naneke le nu si gblɔm nèle la ŋu o.”
at ille negavit coram omnibus dicens nescio quid dicis
71 Emegbe la, Petro do ɖe agboa nu, eye nyɔnuvi bubu aɖe hã gakpɔ Petro le amehawo dome, eye wògblɔ na ame siwo le afi ma be, “Ame sia hã nɔ Yesu Nazaretitɔ la ƒe nusrɔ̃lawo dome.”
exeunte autem illo ianuam vidit eum alia et ait his qui erant ibi et hic erat cum Iesu Nazareno
72 Azɔ Petro ka atam be, “Nyemenya ŋutsu la le afi aɖeke kura o!”
et iterum negavit cum iuramento quia non novi hominem
73 Ke eteƒe medidi o la, ame siwo tsi tsitre ɖe afi ma la te ɖe Petro ŋu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, míenya be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye. Wò nuƒo hã sɔ kple Galileatɔwo tɔ pɛpɛpɛ.”
et post pusillum accesserunt qui stabant et dixerunt Petro vere et tu ex illis es nam et loquella tua manifestum te facit
74 Azɔ Petro do ɣli, ka atam gblɔ be, “Ne menya ame sia tututu la, ekema nane nedzɔ ɖe dzinye.” Kasia Petro naɖe nu le nya la me la, koklo ku atɔ “kɔkɔliakɔe.”
tunc coepit detestari et iurare quia non novisset hominem et continuo gallus cantavit
75 Enumake Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ nɛ be, “Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃” la dzi. Ale wòdo go, eye wòfa avi vevie.
et recordatus est Petrus verbi Iesu quod dixerat priusquam gallus cantet ter me negabis et egressus foras ploravit amare