< Mateo 23 >

1 Tete Yesu gblɔ na ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo be,
Тада Исус рече к народу и ученицима својим
2 “Sefialawo kple Farisitɔwo nɔ Mose ƒe zi dzi,
Говорећи: На Мојсијеву столицу седоше књижевници и фарисеји.
3 eya ta miɖo to wo, eye miawɔ nu sia nu si wogblɔ na mi la, gake migawɔ nu si wowɔna la o, elabena woawo ŋutɔ mewɔna ɖe nu siwo fiam wole la dzi o.
Све дакле што вам кажу да држите, држите и творите; али шта они чине не чините; јер говоре а не чине.
4 Woblaa agba kpekpewo tsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta, gake woawo ŋutɔ mele klalo be yewoatsɔ yewoƒe asibidɛ akpe ɖe ameawo ŋu gɔ̃ hã o.
Него вежу бремена тешка и незгодна за ношење, и товаре на плећа људска; а прстом својим неће да их прихвате.
5 “Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame tɔ, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona be amewo nakpɔ be yewonye ame kɔkɔewo.
А сва дела своја чине да их виде људи: раширују своје амајлије, и граде велике скуте на хаљинама својим.
6 Wolɔ̃a kplɔ̃tanɔnɔ le nuɖuƒewo, eye wolɔ̃a ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ le woƒe ƒuƒoƒewo.
И траже зачеље на гозбама и прва места по зборницама,
7 Ne wole ablɔ dzi yina, eye amewo le ŋkɔ dam ɖe wo dzi be, ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ’ la, evivia wo nu ŋutɔ.
И да им се клања по улицама, и да их људи зову: Рави! Рави!
8 “Migana woayɔ mi be ‘Rabi’ o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye.
А ви се не зовите Рави; јер је у вас један Рави Христос, а ви сте сви браћа.
9 Migayɔ ame aɖeke le anyigba dzi afi sia be ‘fofo’ o, elabena ‘Fofo’ ɖeka koe le mia si, eyae le dziƒo.
И оцем не зовите никога на земљи; јер је у вас један Отац који је на небесима.
10 Migana hã be woayɔ mi be kplɔlawo o, elabena Kplɔla ɖeka koe li na mi, eyae nye Kristo la.
Нити се зовите Учитељи; јер је у вас један учитељ Христос.
11 Ke ame si nye amegã le mia dome la, netsɔ eɖokui wɔ subɔlae boŋ.
А највећи између вас да вам буде слуга.
12 Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la, woaɖiɖi wo ɖe anyi. Ke ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe anyi la, woado wo ɖe dzi.
Јер који се подиже, понизиће се, а који се понижује, подигнуће се.
13 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietu dziƒofiaɖuƒe la ƒe agbo ɖe amewo nu. Miawo ŋutɔ miele eme yi ge o, eya ta mieɖe mɔ be ame siwo le agbagba dzem be yewoage ɖe eme la hã nayi eme o. [
Тешко вама књижевници и фарисеји, лицемери, што затварате царство небеско од људи; јер ви не улазите нити дате да улазе који би хтели.
14 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Miekpɔ mɔ le ahosiwo ŋu hexɔa woƒe aƒewo le wo si sesẽtɔe, eye emegbe la, miedoa gbe didiwo ɖa! Esia ta miaƒe tohehe asesẽ wu ame bubuawo tɔ!]
Тешко вама књижевници и фарисеји, лицемери, што једете куће удовичке, и лажно се Богу молите дуго; зато ћете већма бити осуђени.
15 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mietsana le anyigba dzi kple atsiaƒuwo dzi, ɛ̃, afi sia afi ko be miawɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ le xɔse me, eye ne ezui la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔmevi zi gbɔ zi eve wu miawo ŋutɔ. (Geenna g1067)
Тешко вама књижевници и фарисеји, лицемери, што проходите море и земљу да би присвојили једног, и кад га присвојите, чините га сином пакленим, удвоје већим од себе. (Geenna g1067)
16 “Baba na mi, mi kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Miegblɔna be, ‘Ne ame aɖe yɔ gbedoxɔ ta nui la, medze vɔ̃ o, gake ne eyɔ sika si le gbedoxɔ me ta nui la, atam la blae’
Тешко вама вође слепе који говорите: Ако се ко куне црквом ништа је; а ако се ко куне златом црквеним крив је.
17 Mi bometsila ŋkuagbãtɔwo! Kae lolo wu, sika la alo gbedoxɔ si wɔ sika la gɔ̃ hã be wòle dzadzɛea?
Будале слепе! Шта је веће, или злато, или црква која злато освети.
18 Miawo kee gblɔ be, ‘Ame si ta vɔsamlekpui la la, ate ŋu ada le atam si wòka la dzi faa, gake ne ame aɖe ta nunana si le vɔsamlekpui la dzi la, edze agɔ vevie nenye be wòda le ŋugbe si wòdo la dzi.’
И ако се ко куне олтаром ништа је то, а који се куне даром који је на њему крив је
19 Mi ŋkuagbãtɔwo! Kae le vevie wu, nunana si le vɔsamlekpui la dzi loo alo vɔsamlekpui la ŋutɔ si nana be nunana ŋuti kɔnaa?
Будале слепе! Шта је веће, или дар, или олтар који дар освети?
20 Nenye be mieta vɔsamlekpui la la, ekema mietae kple nu siwo katã le edzi,
Који се дакле куне олтаром, куне се њим и свим што је на њему.
21 eye ne mieta gbedoxɔ la, ekema mietae kple Mawu, ame si nɔa eme la.
И који се куне црквом, куне се њом и Оним што живи у њој.
22 Nenye be mieta dziƒo la, minyae be mieta Mawu ƒe fiazikpui kple Mawu, ame si nɔa edzi la.
И који се куне небом, куне се престолом Божјим и Оним који седи на њему.
23 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mienaa ahamɛ, sikɔni kple tsyo ƒe ewoliawo gɔ̃ hã, gake miegblẽ se la ƒe nu vevitɔ siwo nye afia nyui tsotso, nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ la ɖi. Ele be miawɔ ɖe esiawo hã dzi, eye mele be miagbe ekemɛawo hã o.
Тешко вама књижевници и фарисеји, лицемери, што дајете десетак од метвице и од копра и од кима, а остависте шта је најпретежније у закону: правду и милост и веру; а ово је требало чинити и оно не остављати.
24 Mi kplɔla ŋkuagbãtɔwo! Mieɖea nudzodzoe suetɔ kekeake le miaƒe nunonowo me ƒua gbe, gake miemia miaƒe kposɔ ya.
Вође слепе који оцеђујете комарца а камилу прождирете.
25 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpatɔwo! Mieklɔa kplu kple nuɖugba ŋuti, gake wo me yɔ fũu kple ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi.
Тешко вама књижевници и фарисеји, лицемери што чистите споља чашу и зделу а изнутра су пуне грабежа и неправде.
26 Farisitɔ ŋkuagbãtɔwo! Miklɔ kplu la kple nuɖugba la me gbã, ekema wo godo hã aɖi nyuie.
Фарисеју слепи! Очисти најпре изнутра чашу и зделу да буду и споља чисте.
27 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Ɖeko miele abe yɔdokpe siwo wosi akalo na la ene, esiwo dzena le gota nyuie, ke wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple nu makɔmakɔ bubuwo.
Тешко вама књижевници и фарисеји, лицемери, што сте као окречени гробови, који се споља виде лепи а унутра су пуни костију мртвачких и сваке нечистоте.
28 Miawo hã, nenema kee miedze le gota le amewo gbɔ abe ame dzɔdzɔewo ene, gake mia me yɔ fũu kple alakpanuwɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.
Тако и ви споља се показујете људима праведни, а изнутра сте пуни лицемерја и безакоња.
29 “Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Miewɔ ŋkuɖodzikpe na nyagblɔɖilawo, eye mieɖo atsyɔ̃ na ame dzɔdzɔewo ƒe yɔdowo,
Тешко вама књижевници и фарисеји, лицемери, што зидате гробове пророцима и красите раке праведника,
30 eye miegblɔ be, ‘Ne ɖe míenɔ agbe le mía fofowo ŋɔli la, míawɔ ɖeka kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe ʋukɔkɔɖi me o’
И говорите: Да смо ми били у време својих отаца, не бисмо с њима пристали у крв пророка.
31 Ale mieɖi ɖase le miawo ŋutɔ ɖokui ŋu be, mienye ame siwo wu nyagblɔɖilawo ƒe dzidzimeviwo.
Тим само сведочите за себе да сте синови оних који су побили пророке.
32 Enyo ŋutɔ, azɔ miwu nu vɔ̃ dɔ si gɔme mia fofowo dze la nu.
И ви допуните меру отаца својих.
33 “Mi dawo! Dawo ƒe dzidzimeviwo! Aleke miawɔ asi le dzomavɔʋe ƒe fɔbubu nu? (Geenna g1067)
Змије, породи аспидини! Како ћете побећи од пресуде у огањ паклени? (Geenna g1067)
34 Eya ta mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple nufiala siwo me Gbɔgbɔ la yɔ fũu la hã ɖom ɖe mi, ke miawo la, miawu wo dometɔ aɖewo alo aklã wo ɖe atitsoga ŋu, miaƒo ɖewo le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati geɖewo hã ƒe agbe yome tso afii yi afi mɛ.
Зато ево ја ћу к вама послати пророке и премудре и књижевнике; и ви ћете једне побити и распети а једне бити по зборницама својим и гонити од града до града,
35 Ne miewɔ esiawo la, ekema ame kɔkɔe siwo wowu le anyigba dzi tso keke Abel dzi va se ɖe Zekaria, Barakia ƒe vi si miewu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome le gbedoxɔa me la, ƒe ʋu ava mia dzi.
Да дође на вас сва крв праведна што је проливена на земљи од крви Авеља праведног до крви Зарије сина Варахијиног, кога убисте међу црквом и олтаром.
36 Vavã, mele egblɔm na mi be, tohehe siwo katã wodzra ɖo ɖi tso ɣe ma ɣi ke va se ɖe fifia la ava dzidzime sia dzi.
Заиста вам кажем да ће ово све доћи на род овај.
37 “O! Yerusalem, Yerusalem, wò du si me tɔwo wu nyagblɔɖilawo, eye woƒu kpe ame siwo Mawu ɖo ɖe wò. Medi zi geɖe be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklo ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋalawo te ene, gake wogbe, womena mɔm o.
Јерусалиме, Јерусалиме, који убијаш пророке и засипаш камењем послане к себи! Колико пута хтех да скупим чеда твоја као што кокош скупља пилиће своје под крила и не хтесте!
38 Fifia miaƒe aƒee ma zu aƒedo.
Ето ће вам се оставити ваша кућа пуста.
39 Ke mele egblɔm na mi be, miegale kpɔ nye ge o va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’”
Јер вам кажем: Нећете мене видети одселе док не кажете: Благословљен који иде у име Господње.

< Mateo 23 >