< Marko 4 >
1 Eva eme be ame geɖewo gava ƒo ƒu ɖe Yesu ŋu esime wònɔ nu fiam le ƒuta. Le ameawo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, ege ɖe ʋu aɖe me hafi nɔ nua fiam.
예수께서 다시 바닷가에서 가르치시니 큰 무리가 모여 들거늘 예수께서 배에 올라 바다에 떠 앉으시고 온 무리는 바다 곁 육지에 있더라
2 Efia nu geɖe amewo to lododowo me.
이에 예수께서 여러 가지를 비유로 가르치시니 그 가르치시는 중에 저희에게 이르시되
3 Egblɔ na wo be, “Miɖo to miasee! Agbledela aɖe yi nuku wu ge ɖe eƒe agble me.
들으라 씨를 뿌리는 자가 뿌리러 나가서
4 Nuku siwo wòwu la ƒe ɖewo ge ɖe mɔto, eye xeviwo va fɔ wo mi.
뿌릴새 더러는 길 가에 떨어지매 새들이 와서 먹어 버렸고
5 Ɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi, afi si ke sue aɖe ko nɔ; nuku siawo tsi vlɔvlɔvlɔ,
더러는 흙이 얇은 돌밭에 떨어지매 흙이 깊지 아니하므로 곧 싹이 나오나
6 gake esi ŋdɔ ʋu ɖe wo dzi la, woyrɔ, eye woku, elabena woƒe kewo mede to o.
해가 돋은 후에 타져서 뿌리가 없으므로 말랐고
7 Nuku bubuwo ge ɖe ŋuwo me, eye esi wonɔ tsitsim la, ŋuawo vu tsyɔ wo dzi ale be womete ŋu tse ku aɖeke o.
더러는 가시떨기에 떨어지매 가시가 자라 기운을 막으므로 결실치 못하였고
8 Ke nuku aɖewo ya ge ɖe anyigba nyui dzi, eye wotse ku blaetɔ̃, eye ɖewo tse blaade, eye ɖewo hã tse alafa.”
더러는 좋은 땅에 떨어지매 자라 무성하여 결실하였으니 삼십 배와 육십 배와 백 배가 되었느니라 하시고
9 Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Ame si to senu li na la nesee.”
또 이르시되 들을 귀 있는 자는 들으라 하시니라
10 Le esia megbe la, esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃la wuieveawo kpakple nusrɔ̃la bubuwo susɔ la, nusrɔ̃lawo biae be, “Lododo sia gɔme ɖe?”
예수께서 홀로 계실 때에 함께한 사람들이 열두 제자로 더불어 그 비유들를 묻자오니
11 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, wona mɔ mi be mianya mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woɣla esiawo ɖe ame siwo le fiaɖuƒe la godo to lododo me.
이르시되 하나님 나라의 비밀을 너희에게는 주었으나 외인에게는 모든 것을 비유로 하나니
12 Miɖo ŋku edzi be, “Togbɔ be wokpɔa nu, eye wosea nu hã la, womele nu gɔme se ge alo atrɔ ɖe Mawu gbɔ; be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo o.”
이는 저희로 보기는 보아도 알지 못하며 듣기는 들어도 깨닫지 못하게 하여 돌이켜 죄 사함을 얻지 못하게 하려 함이니라 하시고
13 Ale Yesu gblɔ na wo bena, “Ke nenye be miawo hã miete ŋu se lododo sia gɔme o ɖe, aleke miawɔ ase esiwo mava do emegbe la gɔme?
또 가라사대 너희가 이 비유를 알지 못할진대 어떻게 모든 비유를 알겠느뇨
14 Agbledela si ŋu meƒo nu tsoe lae nye ame si gblɔa mawunya na amewo.
뿌리는 자는 말씀을 뿌리는 것이라
15 Mɔto, afi si nuku aɖewo kaka ɖo lae nye ame siwo ƒe dziwo ku atri. Ne wose mawunya la, Satana va te wo kpɔ ko la, woŋlɔa nya la be enumake.
말씀이 길 가에 뿌리웠다는 것은 이들이니 곧 말씀을 들었을 때에 사단이 즉시 와서 저희에게 뿌리운 말씀을 빼앗는 것이요
16 Kpenyigba si dzi nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo sea mawunya la, eye woxɔnɛ kple dzidzɔ,
또 이와 같이 돌밭에 뿌리웠다는 것은 이들이니 곧 말씀을 들을 때에 즉시 기쁨으로 받으나
17 gake abe nuku siwo miena ɖe anyigba ma ƒomevi dzi ene la, woƒe kewo medea to o, eye togbɔ be wotsina vlɔvlɔvlɔ hã la, ne yometiti va ko la, wogbɔdzɔna.
그 속에 뿌리가 없어 잠간 견디다가 말씀을 인하여 환난이나 핍박이 일어나는 때에는 곧 넘어지는 자요
18 Ŋunyigba si dzi nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo sea nyanyui la, woxɔnɛ ɖe woƒe dziwo me,
또 어떤 이는 가시떨기에 뿌리우는 자니 이들은 말씀을 듣되
19 gake xexe sia me ƒe dzitsitsi ɖe kesinɔnuwo ŋu, hloloetsotso na dzidzedzekpɔkpɔ kple xexea me ƒe nudzroame geɖewo zua ŋu vuna tsyɔa Mawu ƒe Nya si wose la dzi, metsea ku aɖeke o. (aiōn )
세상의 염려와 재리의 유혹과 기타 욕심이 들어와 말씀을 막아 결실치 못하게 되는 자요 (aiōn )
20 Azɔ anyigba nyui lae nye ame siwo xɔa Mawu ƒe Nya la le nyateƒe me, eye wòtsea ku geɖe na Mawu, blaetɔ̃, blaade alo alafa ɖeka gɔ̃ hã.”
좋은 땅에 뿌리웠다는 것은 곧 말씀을 듣고 받아 삼십 배와 육십 배와 백 배의 결실을 하는 자니라
21 Yesu yi edzi bia nusrɔ̃lawo be, “Nenye be ame aɖe si akaɖi ɖe, ɖe wòtsɔa nu tsyɔa edzi alo danɛ ɖe abati te mahã? Alo menye akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ na amewo o mahã?
또 저희에게 이르시되 사람이 등불을 가져오는 것은 말 아래나 평상 아래나 두려 함이냐 등경 위에 두려 함이 아니냐
22 Nu siwo katã le ɣaɣla fifia la, ava dze le gaglãgbe gbe ɖeka.
드러내려 하지 않고는 숨긴 것이 없고 나타내려 하지 않고는 감추인 것이 없느니라
23 Ne to senu li na mi la, misee!
들을 귀 있는 자는 들으라
24 Mikpɔ egbɔ be miewɔ ɖe nu siwo miese la dzi, elabena ne miele esia wɔm la, ekema miase nu siwo katã mefia mi la gɔme.
또 가라사대 너희가 무엇을 듣는가 스스로 삼가라 너희의 헤아리는 그 헤아림으로 너희가 헤아림을 받을 것이요 또 더 받으리니
25 Ame si si nu le la, eyae woana nui, eye ame si si nu mele o la, woaxɔ sue si le esi la gɔ̃ hã le esi.”
있는 자는 받을 것이요 없는 자는 그 있는 것까지 빼앗기리라
26 “Lododo bubu si fia ale si mawufiaɖuƒe la le lae nye esi: ‘Agbledela aɖe ƒã nuku ɖe eƒe abɔ me, eye wòdzo,
또 가라사대 하나님의 나라는 사람이 씨를 땅에 뿌림과 같으니
27 ke le ŋkeke aɖewo megbe la, nuku la ŋutɔ tsi le eɖokui si, eye agbledela la mewɔ dɔ aɖeke o, elabena anyigba la ŋutɔ nyo xoxo.
저가 밤낮 자고 깨고 하는 중에 씨가 나서 자라되 그 어떻게 된 것을 알지 못하느니라
28 Gbã la, aŋgba fɛ̃wo do tso anyigba ƒe tu me, emegbe la, nuku la ƒo se, eye mlɔeba la, etse ku.
땅이 스스로 열매를 맺되 처음에는 싹이요 다음에는 이삭이요 그 다음에는 이삭에 충실한 곡식이라
29 Ke esi kutsetse la ɖi la, agbledela la yi agble la me kple eƒe nuxahɛ, eye wòxa nuku la.’”
열매가 익으면 곧 낫을 대나니 이는 추수 때가 이르렀음이니라
30 Yesu yi edzi bia wo be, “Aleke gɔ̃ maɖe ale si mawufiaɖuƒe la le la afia mie. Lododo ka tututu matsɔ asɔ kplii?
또 가라사대 우리가 하나님의 나라를 어떻게 비하며 또 무슨 비유로 나타낼꼬
31 Mawufiaɖuƒe la le abe atiku suetɔ kekeake ene le anyigba dzi.
겨자씨 한 알과 같으니 땅에 심길 때에는 땅 위의 모든 씨보다 작은 것이로되
32 Togbɔ be ele alea hã la, ne woƒãe la, etsina zua ati dzɔatsu le abɔmetiwo katã dome, eye wòɖea alɔ legbe siwo me xeviwo wɔa atɔ ɖo hekpɔa gbɔɖeme le wo me.”
심긴 후에는 자라서 모든 나물보다 커지며 큰 가지를 내니 공중의 새들이 그 그늘에 깃들일 만큼 되느니라
33 Yesu wɔ lododo vovovowo ŋu dɔ tsɔ fia nu amewo. Ewɔ esiwo gɔme amewo ate ŋu ase la ŋu dɔ.
예수께서 이러한 많은 비유로 저희가 알아 들을 수 있는 대로 말씀을 가르치시되
34 Le nyateƒe me la, ne Yesu le nu fiam le dutoƒo la, lododo sɔŋ ko ŋu dɔ wòwɔna, ke emegbe ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe aga la, eɖea wo gɔme na wo.
비유가 아니면 말씀하지 아니하시고 다만 혼자 계실 때에 그 제자들에게 모든 것을 해석하시더라
35 Esi ɣe nɔ to ɖom la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Mina míatso ƒu la ayi eƒe go evelia dzi.”
그 날 저물 때에 제자들에게 이르시되 우리가 저편으로 건너가자 하시니
36 Eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me, eye wodze mɔ, hegble ameha la ɖe ƒua ta, ke ʋu bubuwo hã dze wo yome.
저희가 무리를 떠나 예수를 배에 계신 그대로 모시고 가매 다른 배들도 함께 하더니
37 Esi wozɔ yina sẽe la, ahom sesẽ aɖe de asi tutu me. Esia na be ƒutsotsoewo ŋe dze ʋu la me ale gbegbe be esusɔ vie ko ʋu la nanyrɔ.
큰 광풍이 일어나며 물결이 부딪혀 배에 들어와 배에 가득하게 되었더라
38 Togbɔ be esiawo katã nɔ edzi yim hã la, Yesu ya ziɔ suɖui le ʋua ta henɔ alɔ̃ dɔm dziɖeɖitɔe. Nusrɔ̃lawo ʋuʋui sesĩe wònyɔ. Wobiae vɔvɔ̃tɔe be, “Nufiala, mètsɔ ɖeke le eme be míele nyɔnyrɔm oa?”
예수께서는 고물에서 베개를 베시고 주무시더니 제자들이 깨우며 가로되 선생님이여 우리의 죽게 된 것을 돌아보지 아니하시나이까 하니
39 Yesu blu ɖe ya la ta enumake, eye wòɖe gbe na ƒu la hã be, “Zi ɖoɖoe!” Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ƒu la zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ.
예수께서 깨어 바람을 꾸짖으시며 바다더러 이르시되 잠잠하라 고요하라 하시니 바람이 그치고 아주 잔잔하여지더라
40 Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu bia wo be, “Nu ka ta mievɔ̃ alea gbegbe ɖo? Ekema va se ɖe fifia hã la, miexɔ dzinye se oa?”
이에 제자들에게 이르시되 어찌하여 이렇게 무서워하느냐 너희가 어찌 믿음이 없느냐 하시니
41 Vɔvɔ̃ ɖo nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Woƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yawo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe?”
저희가 심히 두려워하여 서로 말하되 저가 뉘기에 바람과 바다라도 순종하는고 하였더라