< Marko 13 >

1 Esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ go dom tso gbedoxɔ la me la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be, “Nufiala, kpɔ ale si xɔ siawo nya kpɔe la ɖa. Kpɔ ale si wotsɔ kpe gã vovovowo ɖo gliawoe la ɖa.”
ܘܟܕ ܢܦܩ ܝܫܘܥ ܡܢ ܗܝܟܠܐ ܐܡܪ ܠܗ ܚܕ ܡܢ ܬܠܡܝܕܘܗܝ ܡܠܦܢܐ ܗܐ ܚܙܝ ܐܝܠܝܢ ܟܐܦܐ ܘܐܝܠܝܢ ܒܢܝܢܐ
2 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èkpɔ xɔ gã siawoa? Mele egblɔm na mi be wole wo gbã ge gudugudu, eye kpe ɖeka pɛ hã masusɔ ɖe nɔvia dzi o.”
ܝܫܘܥ ܕܝܢ ܐܡܪ ܠܗ ܚܙܐ ܐܢܬ ܗܠܝܢ ܒܢܝܢܐ ܪܘܪܒܐ ܠܐ ܡܫܬܒܩܐ ܗܪܟܐ ܟܐܦ ܥܠ ܟܐܦ ܕܠܐ ܡܤܬܬܪܐ
3 Azɔ eɖanɔ anyi ɖe Amito la dzi afi si dze ŋgɔ gbedoxɔ la. Petro, Yakobo, Yohanes kple Andrea koe nɔ egbɔ le afi sia. Wobiae be,
ܘܟܕ ܝܬܒ ܝܫܘܥ ܒܛܘܪܐ ܕܙܝܬܐ ܠܘܩܒܠ ܗܝܟܠܐ ܫܐܠܘܗܝ ܟܐܦܐ ܘܝܥܩܘܒ ܘܝܘܚܢܢ ܘܐܢܕܪܐܘܤ ܒܠܚܘܕܝܗܘܢ
4 “Ɣe ka ɣie nu siawo le dzɔdzɔ ge? Míakpɔ dzesi aɖe do ŋgɔ si ana míanya be nu siawo le dzɔdzɔ gea?”
ܐܡܪ ܠܢ ܐܡܬܝ ܗܠܝܢ ܢܗܘܝܢ ܘܡܢܐ ܐܬܐ ܡܐ ܕܩܪܝܒܢ ܗܠܝܢ ܟܠܗܝܢ ܠܡܫܬܠܡܘ
5 Yesu gblɔ na wo be, “Migana ame aɖeke nable mi ne miatra mɔ o.
ܗܘ ܕܝܢ ܝܫܘܥ ܫܪܝ ܠܡܐܡܪ ܠܗܘܢ ܚܙܘ ܕܠܡܐ ܐܢܫ ܢܛܥܝܟܘܢ
6 Ame geɖewo ava agblɔ na mi be yewoe nye Kristo la, eye woakplɔ ame geɖewo atra mɔe.
ܤܓܝܐܐ ܓܝܪ ܢܐܬܘܢ ܒܫܡܝ ܘܢܐܡܪܘܢ ܕܐܢܐ ܐܢܐ ܘܠܤܓܝܐܐ ܢܛܥܘܢ
7 Ne miese aʋawɔwɔwo kple aʋaɣliwo la, ŋɔ megadzi mi o. Ele be nu siawo tɔgbi nava eme, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.
ܡܐ ܕܝܢ ܕܫܡܥܬܘܢ ܩܪܒܐ ܘܛܒܐ ܕܩܐܪܤܐ ܠܐ ܬܕܚܠܘܢ ܥܬܝܕ ܗܘ ܕܢܗܘܐ ܐܠܐ ܠܐ ܥܕܟܝܠ ܚܪܬܐ
8 Dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe atsi tsitre ɖe fiaɖuƒe ŋu, anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo, gawu la, dɔ ato le teƒe aɖewo, gake esiawo katã anye nu siwo do ŋɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.”
ܢܩܘܡ ܓܝܪ ܥܡܐ ܥܠ ܥܡܐ ܘܡܠܟܘ ܥܠ ܡܠܟܘ ܘܢܗܘܘܢ ܙܘܥܐ ܒܕܘܟܐ ܕܘܟܐ ܘܢܗܘܘܢ ܟܦܢܐ ܘܫܓܘܫܝܐ ܗܠܝܢ ܪܫܐ ܐܢܝܢ ܕܚܒܠܐ
9 Yesu yi edzi be, “Miawo minɔ ŋudzɔ vevie, elabena woahe mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo. Woahe mi ayi dukplɔlawo kple fiawo gbɔe le nye ŋkɔ la ta, be miegblɔ nyanyui la na wo.
ܚܙܘ ܕܝܢ ܐܢܬܘܢ ܢܦܫܟܘܢ ܢܫܠܡܘܢܟܘܢ ܓܝܪ ܠܕܝܢܐ ܘܒܟܢܘܫܬܗܘܢ ܬܬܢܓܕܘܢ ܘܩܕܡ ܡܠܟܐ ܘܗܓܡܘܢܐ ܬܩܘܡܘܢ ܡܛܠܬܝ ܠܤܗܕܘܬܗܘܢ
10 Ke ele be dukɔ ɖe sia ɖe nase nyanyui la hafi nuwuwuŋkeke la naɖo.
ܠܘܩܕܡ ܕܝܢ ܥܬܝܕܐ ܕܬܬܟܪܙ ܤܒܪܬܝ ܒܟܠܗܘܢ ܥܡܡܐ
11 Nenye be wolé mi yi ʋɔnui la, migatsi dzi le nya siwo miatsɔ aʋli mia ɖokuiwo tae la ŋu o. Migblɔ nya sia nya si Mawu de nu na mi la ko, elabena menye mia ŋutɔwoe le nu ƒo ge o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae.”
ܡܐ ܕܡܩܪܒܝܢ ܠܟܘܢ ܕܝܢ ܕܢܫܠܡܘܢܟܘܢ ܠܐ ܬܩܕܡܘܢ ܬܐܨܦܘܢ ܡܢܐ ܬܡܠܠܘܢ ܘܠܐ ܬܪܢܘܢ ܐܠܐ ܡܕܡ ܕܡܬܝܗܒ ܠܟܘܢ ܒܗܝ ܫܥܬܐ ܗܘ ܡܠܠܘ ܠܐ ܗܘܐ ܓܝܪ ܐܢܬܘܢ ܡܡܠܠܝܢ ܐܠܐ ܪܘܚܐ ܕܩܘܕܫܐ
12 Yesu yi edzi be, “Le ɣeyiɣi siawo me la, nɔvi ŋutɔ ahe nɔvia ade ku me. Fofowo ade woawo ŋutɔ ƒe viwo asi eye viwo hã ade woawo ŋutɔ fofowo asi be woawu.
ܢܫܠܡ ܕܝܢ ܐܚܐ ܠܐܚܘܗܝ ܠܡܘܬܐ ܘܐܒܐ ܠܒܪܗ ܘܢܩܘܡܘܢ ܒܢܝܐ ܥܠ ܐܒܗܝܗܘܢ ܘܢܡܝܬܘܢ ܐܢܘܢ
13 Ke miawo la, ame sia ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo, gake meka ɖe edzi na mi be, ame siwo katã ado dzi va se ɖe nuwuwu la akpɔ ɖeɖe.
ܘܬܗܘܘܢ ܤܢܝܐܝܢ ܡܢ ܟܠܢܫ ܡܛܠ ܫܡܝ ܡܢ ܕܝܢ ܕܢܤܝܒܪ ܥܕܡܐ ܠܚܪܬܐ ܗܘ ܢܚܐ
14 “Nenye be miekpɔ ŋunyɔnu si gbãa aƒe wòle tsitre ɖe afi si mele be wòanɔ o la, nɔvi nuxlẽla, se egɔme ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi.
ܡܐ ܕܝܢ ܕܚܙܝܬܘܢ ܐܬܐ ܛܢܦܬܐ ܕܚܘܪܒܐ ܗܝ ܕܐܡܝܪܐ ܒܕܢܝܐܝܠ ܢܒܝܐ ܕܩܝܡܐ ܐܝܟܐ ܕܠܐ ܘܠܐ ܗܘ ܕܩܪܐ ܢܤܬܟܠ ܗܝܕܝܢ ܐܝܠܝܢ ܕܒܝܗܘܕ ܐܢܘܢ ܢܥܪܩܘܢ ܠܛܘܪܐ
15 Ame si le eƒe xɔta la megaɖi va anyigba alo age ɖe eƒe xɔ me be yeatsɔ naneke o.
ܘܡܢ ܕܒܐܓܪܐ ܗܘ ܠܐ ܢܚܘܬ ܘܠܐ ܢܥܘܠ ܠܡܫܩܠ ܡܕܡ ܡܢ ܒܝܬܗ
16 Ame si le agble me la megatrɔ va tsɔ eƒe awu o.
ܘܡܢ ܕܒܚܩܠܐ ܗܘ ܠܐ ܢܬܗܦܟ ܠܒܤܬܪܗ ܕܢܫܩܘܠ ܠܒܫܗ
17 “Baba na nyɔnu siwo fɔ fu le ŋkeke mawo me kple nyɔnu siwo si vi nonowo le.
ܘܝ ܕܝܢ ܠܒܛܢܬܐ ܘܠܐܝܠܝܢ ܕܡܝܢܩܢ ܒܗܢܘܢ ܝܘܡܬܐ
18 Mido gbe ɖa vevie be miaƒe sisiɣi meganye vuvɔŋɔli me o,
ܨܠܘ ܕܝܢ ܕܠܐ ܢܗܘܐ ܥܪܘܩܝܟܘܢ ܒܤܬܘܐ
19 elabena ŋkeke mawo anye ŋkeke siwo ƒomevi meva kpɔ tso keke ɣeyiɣi si me Mawu wɔ xexea me va se ɖe fifia o. Eye ŋkeke siawo ƒomevi hã mava ɣe aɖeke ɣi le esia megbe o.
ܢܗܘܐ ܓܝܪ ܒܝܘܡܬܐ ܗܢܘܢ ܐܘܠܨܢܐ ܕܠܐ ܗܘܐ ܐܟܘܬܗ ܡܢ ܪܝܫ ܒܪܝܬܐ ܕܒܪܐ ܐܠܗܐ ܥܕܡܐ ܠܗܫܐ ܘܠܐ ܢܗܘܐ
20 Nenye Mawu ɖe meto ŋkeke vɔ̃ɖi siawo ɖe eme o la, anye ne ame ɖeka pɛ teti hã masusɔ ɖe anyigba dzi o. Gake le eya ŋutɔ ƒe ame tiatiawo ta la, eto ŋkekeawo ɖe eme.
ܘܐܠܘ ܠܐ ܡܪܝܐ ܕܟܪܝ ܝܘܡܬܐ ܗܢܘܢ ܠܐ ܚܝܐ ܗܘܐ ܟܠ ܒܤܪ ܐܠܐ ܡܛܠ ܓܒܝܐ ܕܓܒܐ ܟܪܝ ܝܘܡܬܐ ܗܢܘܢ
21 “Nenye be ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Kristo lae nye esi alo eyae nye ekemɛ la,’ migake nu dee o
ܗܝܕܝܢ ܐܢ ܐܢܫ ܢܐܡܪ ܠܟܘܢ ܕܗܐ ܗܪܟܐ ܗܘ ܡܫܝܚܐ ܘܗܐ ܗܪܬܡܢ ܠܐ ܬܗܝܡܢܘܢ
22 elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gã siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase.
ܢܩܘܡܘܢ ܓܝܪ ܡܫܝܚܐ ܕܕܓܠܘܬܐ ܘܢܒܝܐ ܕܟܕܒܘܬܐ ܘܢܬܠܘܢ ܐܬܘܬܐ ܘܬܕܡܪܬܐ ܘܢܛܥܘܢ ܐܢ ܡܫܟܚܐ ܐܦ ܠܓܒܝܐ
23 Eya ta mikpɔ nyuie! Megblɔe na mi do ŋgɔ!
ܐܢܬܘܢ ܕܝܢ ܐܙܕܗܪܘ ܗܐ ܩܕܡܬ ܐܡܪܬ ܠܟܘܢ ܟܠ ܡܕܡ
24 “Le fukpekpe gã ma megbe la, “‘Ɣe ado viviti, eye ɣleti hã magaɖi o.
ܒܗܢܘܢ ܕܝܢ ܝܘܡܬܐ ܒܬܪ ܐܘܠܨܢܐ ܗܘ ܫܡܫܐ ܢܚܫܟ ܘܤܗܪܐ ܠܐ ܢܬܠ ܢܘܗܪܗ
25 Ɣletiviwo age tso dziƒo, eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’
ܘܟܘܟܒܐ ܢܦܠܘܢ ܡܢ ܫܡܝܐ ܘܚܝܠܘܬܐ ܕܫܡܝܐ ܢܬܬܙܝܥܘܢ
26 “Le ɣe ma ɣi me la, amewo akpɔ Amegbetɔ Vi la wòava le lilikpowo me kple ŋusẽ gã kple ŋutikɔkɔe.
ܘܗܝܕܝܢ ܢܚܙܘܢܝܗܝ ܠܒܪܗ ܕܐܢܫܐ ܟܕ ܐܬܐ ܒܥܢܢܐ ܥܡ ܚܝܠܐ ܪܒܐ ܘܥܡ ܫܘܒܚܐ
27 Adɔ mawudɔlawo be woaƒo ame siwo katã nye etɔwo le xexe bliboa me la nu ƒu tso keke anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi va se ɖe dziƒo ƒe nuwuwu ke.
ܗܝܕܝܢ ܢܫܕܪ ܡܠܐܟܘܗܝ ܘܢܟܢܫ ܠܓܒܘܗܝ ܡܢ ܐܪܒܥܬܝܗܝܢ ܪܘܚܐ ܡܢ ܪܫܗ ܕܐܪܥܐ ܘܥܕܡܐ ܠܪܫܗ ܕܫܡܝܐ
28 “Mitsɔ gboti abe kpɔɖeŋu ene. Nenye be tsi ɖo eƒe alɔwo me eye aŋgba fɛ̃wo ke, eye aŋgbawo ŋutɔ de asi dodo me la; ekema mienya enumake be dzomeŋɔli ɖo.
ܡܢ ܬܬܐ ܕܝܢ ܝܠܦܘ ܦܠܐܬܐ ܕܡܐ ܕܪܟ ܤܘܟܝܗ ܘܦܪܥܘ ܛܪܦܝܗ ܝܕܥܝܢ ܐܢܬܘܢ ܕܡܛܐ ܩܝܛܐ
29 Eya ta ne miekpɔ be nu siwo katã megblɔ la le dzɔdzɔm la, minyae be nye vava zi evelia gogo eye nye afɔ le miaƒe agbowo nu.”
ܗܟܢܐ ܐܦ ܐܢܬܘܢ ܡܐ ܕܚܙܝܬܘܢ ܗܠܝܢ ܕܗܘܝܢ ܕܥܘ ܕܩܪܝܒܐ ܗܝ ܥܠ ܬܪܥܐ
30 Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia nu mele yiyi ge, va se ɖe esime nu siawo katã nava eme o.
ܐܡܝܢ ܐܡܪ ܐܢܐ ܠܟܘܢ ܕܠܐ ܬܥܒܪ ܫܪܒܬܐ ܗܕܐ ܥܕܡܐ ܕܗܠܝܢ ܟܠܗܝܢ ܢܗܘܝܢ
31 Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.
ܫܡܝܐ ܘܐܪܥܐ ܢܥܒܪܘܢ ܘܡܠܝ ܠܐ ܢܥܒܪܢ
32 “Ke hã la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menya o, Nye, Vi la gɔ̃ hã nyemenya o, negbe Fofo la ko.
ܥܠ ܕܝܢ ܝܘܡܐ ܗܘ ܘܥܠ ܫܥܬܐ ܗܝ ܐܢܫ ܠܐ ܝܕܥ ܐܦܠܐ ܡܠܐܟܐ ܕܫܡܝܐ ܘܠܐ ܒܪܐ ܐܠܐ ܐܢ ܐܒܐ
33 Mikpɔ nyuie, minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ɣeyiɣi si me nu siawo ava eme o.
ܚܙܘ ܐܬܬܥܝܪܘ ܘܨܠܘ ܠܐ ܓܝܪ ܝܕܥܝܢ ܐܢܬܘܢ ܐܡܬܝ ܗܘ ܙܒܢܐ
34 “Nye vava zi evelia anɔ abe ame aɖe si yi nugbe le anyigba didi aɖe dzi ene. Hafi wòadzo le aƒe ayi la, ede dɔ asi na eƒe dɔwɔla ɖe sia ɖe eye wògblɔ na eƒe agbonudzɔla be wòanɔ ŋudzɔ na yeƒe tɔtrɔ gbɔ.”
ܐܝܟ ܓܒܪܐ ܗܘ ܓܝܪ ܕܚܙܩ ܘܫܒܩ ܒܝܬܗ ܘܝܗܒ ܫܘܠܛܢܐ ܠܥܒܕܘܗܝ ܘܠܐܢܫ ܐܢܫ ܥܒܕܗ ܘܠܬܪܥܐ ܦܩܕ ܕܢܗܘܐ ܥܝܪ
35 Eya ta minɔ ŋudzɔ elabena mienya ɣeyiɣi si aƒea tɔ atrɔ agbɔ o, eɖanye fiẽ alo zãtitina alo koklo ƒe atɔkuɣi alo ŋdi kanyaa o.
ܐܬܬܥܝܪܘ ܗܟܝܠ ܕܠܐ ܝܕܥܝܢ ܐܢܬܘܢ ܐܡܬܝ ܐܬܐ ܡܪܗ ܕܒܝܬܐ ܒܪܡܫܐ ܐܘ ܒܦܠܓܗ ܕܠܠܝܐ ܐܘ ܒܡܩܪܐ ܬܪܢܓܠܐ ܐܘ ܒܨܦܪܐ
36 Ale be ne eva kpata la, makpɔ mi mianɔ alɔ̃ dɔm o.
ܕܠܡܐ ܢܐܬܐ ܡܢ ܫܠܝܐ ܘܢܫܟܚܟܘܢ ܟܕ ܕܡܟܝܢ ܐܢܬܘܢ
37 Nu si megblɔ na mi la, eya ke mele gbɔgblɔm na ame sia ame be, “Minɔ ŋudzɔ!”
ܡܕܡ ܕܠܟܘܢ ܕܝܢ ܐܡܪ ܐܢܐ ܠܟܠܟܘܢ ܗܘ ܐܡܪ ܐܢܐ ܗܘܝܬܘܢ ܥܝܪܝܢ

< Marko 13 >