< Luka 20 >
1 Esi Yesu nɔ nu fiam amewo, eye wònɔ nyanyui la gblɔm na wo le gbedoxɔ la me le ŋkeke mawo dometɔ ɖeka dzi la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va ƒo xlãe heɖe ɖeklemi kplii.
It came about one day, as Jesus was teaching the people in the temple and preaching the gospel, the chief priests and the scribes came to him with the elders.
2 Wogblɔ nɛ be, “Gblɔe na mí, ŋusẽ kae nètsɔ wɔ esiawoe? Alo ame kae na ŋusẽ sia wò?”
They spoke, saying to him, “Tell us by what authority you do these things, or who it is who gave you this authority.”
3 Eɖo eŋu be, “Nye hã mabia nya ɖeka mi hafi maɖo miaƒe biabia ŋu na mi.
He answered and said to them, “I will also ask you a question, and you tell me.
4 Biabia lae nye, ‘Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?’”
The baptism of John: was it from heaven or from men?”
5 Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’
They reasoned with themselves, saying, “If we say, 'From heaven,' he will say, 'Then why did you not believe him?'
6 Ne míegblɔ hã be, ‘Amewo gbɔ wòtso la,’ ekema ameha la katã awɔ funyafunya mí, elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.”
But if we say, 'From men,' all the people will stone us, for they are persuaded that John was a prophet.”
7 Mlɔeba la woɖo eŋu nɛ be, “Míenya afi si wòtso o.”
So they answered that they did not know where it came from.
8 Ale Yesu gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ wɔ nu siawo la na mi o.”
Jesus said to them, “Neither will I tell you by what authority I do these things.”
9 Yesu gatrɔ ɖe ameha la gbɔ, eye wòdo lo sia na wo be, “Ŋutsu aɖe de waingble, eye wòtsɔe de agbledela bubuwo si hedzo yi du didi aɖe me afi si wònɔ ƒe geɖe.
He told the people this parable, “A man planted a vineyard, rented it out to vine growers, and went into another country for a long time.
10 Esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe dɔla ɖeka ɖo ɖe agbledelawo gbɔ be wòava xɔ waingble la ƒe kutsetsea ƒe akpa si nye etɔ gome la vɛ. Gake agblea dzi kpɔlawo ƒo dɔla la vevie, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu.
At the appointed time he sent a servant to the vine growers, that they should give him of the fruit of the vineyard. But the vine growers beat him, and sent him away empty-handed.
11 Agbletɔ la gadɔ dɔla bubu ɖa, gake wowɔ eya hã nenema; woƒoe, eye esi wodo ŋukpee la, wonyae wòdzo asi ƒuƒlu.
He then sent yet another servant and they also beat him, treated him shamefully, and sent him away empty-handed.
12 Agbletɔ la gadɔ ame etɔ̃lia ɖo ɖa agblea dzi kpɔlawo. Wode abi eŋu, eye wotsɔe le agblea me ƒu gbe.
He also sent yet a third and they also wounded him, and threw him out.
13 “Agbletɔ la gblɔ na eɖokui azɔ be, ‘Menya nu si mawɔ! Madɔ vinye lɔlɔ̃tɔ la ɖe wo gbɔ. Meka ɖe edzi be woade bubu eya ŋu.’
So the lord of the vineyard said, 'What will I do? I will send my beloved son. Maybe they will respect him.'
14 “Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔ via wògbɔna la, wogblɔ be, ‘Nu si dim míele la va ɖo. Ame si ava nyi eƒe dome nenye be megali o lae nye esi va do! Mina míawui be eƒe domenyinu nazu mía tɔ.’
But when the vine growers saw him, they discussed among themselves, saying, 'This is the heir. Let us kill him, that the inheritance may be ours.'
15 Ale wolée, hee do goe le waingblea me heyi ɖawu.” Yesu bia ameha la be, “Nu ka miebu be agbletɔ la awɔ?
They threw him out of the vineyard and killed him. What then will the lord of the vineyard do to them?
16 Magblɔe na mi. Agbletɔa ava, eye wòana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòatsɔ waingble la de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.” Nyaselawo alo ameha la gblɔ nɛ be, “Kpao, meganɔ nenema o!”
He will come and destroy these vine growers, and will give the vineyard to others.” When they heard it, they said, “May it never be!”
17 Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be, “Ke nu kae mawunya wɔnɛ esi wogblɔ be, “‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu kpe si wotsɔ ɖo dzogoe na xɔa’?”
But Jesus looked at them, and said, “What is the meaning of that which is written: 'The stone that the builders rejected has become the cornerstone'?
18 Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ame sia ame si akli kpe sia la aŋe afɔ. Ke ame si dzi wòage adze la, agbã gudugudu.”
Every one who falls on that stone will be broken to pieces. But on whomever it falls, it will crush.”
19 Esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be yewoalée enumake elabena wonya be yewo ŋutie wòdo loa ɖo, gake wovɔ̃ ameha la.
So the scribes and the chief priests sought to lay hands on him in that very hour, for they knew that he had spoken this parable against them. But they were afraid of the people.
20 Esi wonɔ mɔnu dim le eŋu ta la, wodɔ ame aɖewo ɖe egbɔ be woawɔ wo ɖokuiwo abe ame dzɔdzɔewo ene, ne woalée le nya me, ne yewoadee asi na amegãwo kple mɔmefia hena tohehe nɛ.
Watching him carefully, they sent out spies who pretended to be righteous, that they might find fault with his speech, so as to deliver him up to the rule and to the authority of the governor.
21 Wova Yesu gbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míenyae be nufiala anukwaretɔe nènye. Ètoa nyateƒe ɣe sia ɣi, eye mèkpɔa ame aɖeke hã ŋkume o, ke boŋ èfiaa nu si nye Mawu ƒe mɔwo.
They asked him, saying, “Teacher, we know that you say and teach rightly, and are not influenced by anyone's position, but you teach the truth about the way of God.
22 Azɔ gblɔ wò susu na mí tso nya sia ŋuti. Enyo be míadzɔ nu na Kaisaro loo alo menyo o.”
Is it lawful for us to pay taxes to Caesar, or not?”
23 Yesu kpɔ aye si wɔm ameawo nɔ la dze sii, eya ta wògblɔ be,
But Jesus understood their craftiness, and said to them,
24 “Mitsɔ kɔba ɖeka nam makpɔ ɖa. Ame ka ƒe tatae nye esia le kɔba sia dzi? Eye ame ka ƒe ŋkɔe le tata la te?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro si nye Roma duwo katã dzi ɖula ƒe tatae.”
“Show me a denarius. Whose image and name is on it?” They said, “Caesar's.”
25 Egblɔ na wo be, “Ekema mitsɔ nu si nye Kaisaro tɔ la nɛ, eye mitsɔ nu si nye Mawu tɔ la na Mawu!”
He said to them, “Then give to Caesar the things that are Caesar's, and to God the things that are God's.”
26 Ale mɔ si wotre nɛ be wòaɖee le ameha la ŋkume la mete ŋu ɖee o. Eƒe nyaŋuɖoɖo la wɔ nuku na wo ale gbegbe be ɖoɖoe zi le wo nu.
They were not able to find fault with what he had said in front of the people, but marveling at his answer, they were silent.
27 Azɔ Zadukitɔ aɖewo, ame siwo xɔe se be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o la
When some of the Sadducees came to him, the ones who say that there is no resurrection,
28 va Yesu gbɔ kple nya sia be, “Mose ƒe se gblɔ be nenye be ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, gake wo kple srɔ̃a medzi vi hafi wòku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosia, eye vi si woadzi la anye ame si ku la tɔ.
they asked him, saying, “Teacher, Moses wrote to us that if a man's brother dies, having a wife, and being childless, the man should take the brother's wife, and have a child for his brother.
29 Míenya ƒome aɖe, si me ɖekakpui adre nɔ. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃, gake medzi vi aɖeke hafi ku o.
There were seven brothers and the first took a wife, and died childless,
30 Ame si dzɔ ɖe eyome la ɖe ahosia, gake eya hã medzi vi kplii hafi trɔ megbe o.
and the second as well.
31 Ke etɔ̃lia hã ɖee, eye nu sia yi edzi ʋuu va se ɖe esime ɖekakpui adreawo katã ɖe ahosia kpɔ, gake ɖeke medzi vi kplii hafi ku o.
The third took her, and likewise the seven also left no children, and died.
32 Nyɔnua hã va ku mlɔeba.
Afterward the woman also died.
33 Azɔ míaƒe biabia lae nye be, ame ka srɔ̃e nyɔnu sia anye nenye be wofɔ tso ku me? Elabena ŋutsuawo katã ɖee kpɔ!”
In the resurrection then, whose wife will she be? For the seven had her as their wife.”
34 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame siwo le agbe le xexe sia mee woɖo srɔ̃ɖeɖe anyi na. (aiōn )
Jesus said to them, “The sons of this world marry and are given in marriage. (aiōn )
35 Gake ame siwo dze be woƒe asi nasu xexe kemɛ kple fɔfɔ ɖe tsitre yi dziƒo la, womaɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ wo ana be woaɖe hã o. (aiōn )
But those who are regarded as worthy in that age to receive the resurrection from the dead will neither marry nor be given in marriage. (aiōn )
36 Womagaku hã o, ale woanɔ abe mawudɔlawo ene, eye woanye Mawu viwo, elabena wofɔ wo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.
Neither can they die anymore, for they are equal to the angels and are sons of God, being sons of the resurrection.
37 “Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, Mose gɔ̃ hã gblɔe fia le ŋuve mumu si nɔ bibim la gbɔ, esi wòyɔ Mawu be, ‘Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’
But that the dead are raised, even Moses showed, in the place concerning the bush, where he calls the Lord the God of Abraham and the God of Isaac and the God of Jacob.
38 Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo tɔe, elabena wo katã wole agbe nɛ.”
Now he is not the God of the dead, but of the living, because all live to him.”
39 Sefialawo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nufiala, ègblɔe nyuie ŋutɔ!”
Some of the scribes answered, “Teacher, you have answered well.”
40 Ale wodzudzɔ woƒe nyawo biabia, elabena dzi megale wo ƒo be woagabia nya aɖekee o.
For they did not dare ask him any more questions.
41 Azɔ Yesu tsɔ biabia sia ɖo woƒe ŋkume be, “Nu ka ta wogblɔ be Kristo la nye Fia David ƒe vi ɖo?
Jesus said to them, “How do they say that the Christ is David's son?
42 Elabena David ŋutɔ gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be, “‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be, “Bɔbɔ nɔ nye nuɖusime,
For David himself says in the Book of Psalms, The Lord said to my Lord, 'Sit at my right hand,
43 va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinu.”’
until I make your enemies your footstool.'
44 David yɔe be, ‘Aƒetɔ’ Aleke wɔ wòaganye via?”
David therefore calls the Christ 'Lord', so how is he David's son?”
45 Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu le esime ameha la nɔ to ɖomii, eye wògblɔ na wo be,
In the hearing of all the people he said to his disciples,
46 “Mikpɔ nyuie le sefialawo ŋuti, elabena wolɔ̃a awu ʋlayawo dodo, eye wodina be amewo nado gbe na yewo ne yewole zɔzɔm le ablɔwo dzi. Wolɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo, eye wodia kplɔ̃tanɔnɔ vevie le nuɖukplɔ̃ɖoƒewo.
“Beware of the scribes, who desire to walk in long robes, and love special greetings in the marketplaces, and chief seats in the synagogues, and chief places at feasts.
47 Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.”
They also devour widows' houses, and for a show they make long prayers. Men like this will receive greater condemnation.”