< Mose 3 1 >

1 Azɔ la, Yehowa ƒo nu na Mose tso Mawu ƒe agbadɔ la me hegblɔ be,
耶和华从会幕中呼叫摩西,对他说:
2 “Ƒo nu na Israelviwo eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mia dometɔ aɖe atsɔ nunana vɛ na Yehowa la, netsɔ nyi alo alẽ vɛ abe eƒe nunana ene.
“你晓谕以色列人说:你们中间若有人献供物给耶和华,要从牛群羊群中献牲畜为供物。
3 “‘Ne nunana la anye numevɔsa tso lãhawo dome la, ele be wòana lãtsu si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o. Ele be wòanae le agbadɔ la ƒe mɔnu ale be wòadze Yehowa ŋu.
“他的供物若以牛为燔祭,就要在会幕门口献一只没有残疾的公牛,可以在耶和华面前蒙悦纳。
4 Ele be wòatsɔ eƒe asi ada ɖe numevɔsa la ƒe ta dzi, eye woaxɔ numevɔsa la ɖe vɔsalã la teƒe be wòalé avu ɖe enu.
他要按手在燔祭牲的头上,燔祭便蒙悦纳,为他赎罪。
5 Ekema amea awu nyitsuvi la le afi ma le Yehowa ŋkume. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la atsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui si le agbadɔ la ƒe mɔnu la ƒe axawo katã ŋu.
他要在耶和华面前宰公牛;亚伦子孙作祭司的,要奉上血,把血洒在会幕门口、坛的周围。
6 Ele nɛ be wòako numevɔsalã la eye wòaflii.
那人要剥去燔祭牲的皮,把燔祭牲切成块子。
7 Aron ƒe viŋutsu siwo nye nunɔlawo la ado dzo ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woaɖo nake ɖe dzo la dzi.
祭司亚伦的子孙要把火放在坛上,把柴摆在火上。
8 Ekema Aron ƒe viŋutsuwo, nunɔlawo, atsɔ lãkɔwo, eƒe ta kple ami ada ɖe nakeawo dzi le vɔsamlekpui la dzi.
亚伦子孙作祭司的,要把肉块和头并脂油摆在坛上火的柴上。
9 Amea aklɔ eƒe dɔmenuwo kple afɔwo, nunɔla la atɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woazu numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ adze Yehowa ŋu.
但燔祭的脏腑与腿要用水洗。祭司就要把一切全烧在坛上,当作燔祭,献与耶和华为馨香的火祭。
10 “‘Ne vɔsa la nye numevɔsa tso alẽhawo alo gbɔ̃hawo dome la, ele nɛ be wòana atsua si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la.
“人的供物若以绵羊或山羊为燔祭,就要献上没有残疾的公羊。
11 Ame si le vɔ la sam la awui le Yehowa ŋkume le vɔsamlekpui la ƒe anyiehe lɔƒo. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la ahlẽ lã la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu akpe ɖo.
要把羊宰于坛的北边,在耶和华面前;亚伦子孙作祭司的,要把羊血洒在坛的周围。
12 Ekema amea afli lã la, eye nunɔla la atsɔ lãkɔawo, lã la ƒe ta kple eƒe ami ada ɖe nakeawo dzi le vɔsamlekpui la dzi.
要把燔祭牲切成块子,连头和脂油,祭司就要摆在坛上火的柴上;
13 Ke amea aklɔ dɔmenuawo kple afɔawo, eye nunɔlawo atɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi. Anye numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ ado dzidzɔ na Yehowa.
但脏腑与腿要用水洗,祭司就要全然奉献,烧在坛上。这是燔祭,是献与耶和华为馨香的火祭。
14 “‘Ne nunana na Yehowa nye numevɔsa si woawɔ kple xevi la, ele be wòanye akpakpa alo ahɔnɛvi.
“人奉给耶和华的供物,若以鸟为燔祭,就要献斑鸠或是雏鸽为供物。
15 Nunɔla la atsɔ xevi la ayi vɔsamlekpui la gbɔ, atro kɔ le enu, ana eƒe ʋu naɖuɖu ɖe anyi le vɔsamlekpui la ƒe axadzi, eye woame lã la le vɔsamlekpui la dzi.
祭司要把鸟拿到坛前,揪下头来,把鸟烧在坛上;鸟的血要流在坛的旁边;
16 Nunɔla la aɖe eƒe agbonu kple emenuwo, eye wòatsɔ wo aƒu gbe ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, afi si dzowɔ le la.
又要把鸟的嗉子和脏物除掉,丢在坛的东边倒灰的地方。
17 Emegbe la, alé eƒe aʋalawo, eye wòafe xevi la me, gake eƒe aʋalawo maɖe ɖa le xevi la ŋu o. Azɔ la, nunɔla la atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi, eye wòanye vɔsa si adze Yehowa ŋu. Enye numevɔsa kple dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ adze Yehowa ŋu.
要拿着鸟的两个翅膀,把鸟撕开,只是不可撕断;祭司要在坛上、在火的柴上焚烧。这是燔祭,是献与耶和华为馨香的火祭。”

< Mose 3 1 >