< Mose 3 26 >
1 “‘Legba aɖeke meganɔ mia si o. Migasubɔ aklamakpakpɛwo, aƒeliwo alo kpe kpakpɛwo gbeɖegbeɖe o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
「你們不可做甚麼虛無的神像,不可立雕刻的偶像或是柱像,也不可在你們的地上安甚麼鏨成的石像,向它跪拜,因為我是耶和華-你們的上帝。
2 “‘Miwɔ nye Dzudzɔgbe ƒe sewo dzi, eye miade bubu nye Agbadɔ ŋu, elabena nyee nye Yehowa.
你們要守我的安息日,敬我的聖所。我是耶和華。
3 “‘Ne miewɔ nye seawo katã dzi la,
「你們若遵行我的律例,謹守我的誡命,
4 mana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, anyigba ana eƒe nuɖuɖu, eye gbemetiwo atse woƒe kutsetsewo.
我就給你們降下時雨,叫地生出土產,田野的樹木結果子。
5 Miaƒe luƒoƒo ayi edzi va se ɖe wainxaɣi, wainxaɣi ayi edzi va se ɖe nuƒãɣi, miaɖu nu siwo katã ahiã mi, eye mianɔ miaƒe anyigba dzi le dedinɔnɔ me,
你們打糧食要打到摘葡萄的時候,摘葡萄要摘到撒種的時候;並且要吃得飽足,在你們的地上安然居住。
6 elabena mana ŋutifafa mi. Miamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le dziɖeɖi me. Manya lã wɔadãwo ɖa le mia ŋgɔ.
我要賜平安在你們的地上;你們躺臥,無人驚嚇。我要叫惡獸從你們的地上熄滅;刀劍也必不經過你們的地。
7 Mianya miaƒe futɔwo ɖe du nu; woaku ɖe miaƒe yi nu.
你們要追趕仇敵,他們必倒在你們刀下。
8 Mia dometɔ atɔ̃ anya ame alafa ɖeka ɖe du nu, eye mia dometɔ alafa ɖeka anya ame akpe ewo! Miaɖu miaƒe futɔwo katã dzi.
你們五個人要追趕一百人,一百人要追趕一萬人;仇敵必倒在你們刀下。
9 Makpɔ mia dzi, mana miadzi asɔ gbɔ, eye mawɔ nu si mebla kpli mi la dzi.
我要眷顧你們,使你們生養眾多,也要與你們堅定所立的約。
10 Miaƒe nukuwo asɔ gbɔ na mi wu ale si miehiã ale gbegbe be miaganya nu si miawɔ kple esi atsi anyi o, eye mianya ɣeyiɣi si nuŋeɣi agaɖo o!
你們要吃陳糧,又因新糧挪開陳糧。
11 Manɔ mia dome; mianye ŋunyɔnu nam o.
我要在你們中間立我的帳幕;我的心也不厭惡你們。
12 Mazɔ le mia dome, manye miaƒe Mawu, eye miawo mianye nye amewo,
我要在你們中間行走;我要作你們的上帝,你們要作我的子民。
13 elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi, ale be miaganye kluviwo azɔ o. Meɖe kɔkuti le kɔ dzi na mi, ale be miazɔ abe ablɔɖemewo kple bubumewo ene.’”
我是耶和華-你們的上帝,曾將你們從埃及地領出來,使你們不作埃及人的奴僕;我也折斷你們所負的軛,叫你們挺身而走。」
14 “Ke ne miaɖo tom alo awɔ nye seawo dzi o,
「你們若不聽從我,不遵行我的誡命,
15 ke boŋ miagbe nye ɖoɖowo la,
厭棄我的律例,厭惡我的典章,不遵行我一切的誡命,背棄我的約,
16 ekema nu si mawɔ mie nye: mado ŋɔdzi na mi kple asrã sesẽtɔ. Dɔléle aɖe fu na miaƒe ŋkuwo, eye gbɔdzɔgbɔdzɔ age ɖe miaƒe agbenɔnɔ me. Dzodzroe miaƒã miaƒe nukuwo, elabena miaƒe futɔwoe aɖu wo.
我待你們就要這樣:我必命定驚惶,叫眼目乾癟、精神消耗的癆病熱病轄制你們。你們也要白白地撒種,因為仇敵要吃你們所種的。
17 “Maɖe ŋku atɔ mi; miasi le miaƒe futɔwo nu. Ame siwo lé fu mi la aɖu mia dzi. Gawu la, miade asi sisi me, togbɔ be ame aɖeke manɔ mia nyam o hã!
我要向你們變臉,你們就要敗在仇敵面前。恨惡你們的,必轄管你們;無人追趕,你們卻要逃跑。
18 “Ne miegagbe toɖoɖom kokoko la, mahe to na mi vevie zi adre ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta.
你們因這些事若還不聽從我,我就要為你們的罪加七倍懲罰你們。
19 Maɖe miaƒe ŋusẽ si dzi miedana ɖo la dzi, mana dziƒo nanɔ na mi abe gayibɔ ene, eye anyigba nanɔ na mi abe akɔbli ene.
我必斷絕你們因勢力而有的驕傲,又要使覆你們的天如鐵,載你們的地如銅。
20 Miadagba dzodzro, elabena miaƒe anyigba mana miaƒe nukuwo naʋã o, eye miaƒe kutsetsetiwo matse ku o.
你們要白白地勞力;因為你們的地不出土產,其上的樹木也不結果子。
21 “Ne miagaɖo tom ɣe ma ɣi hã o la, mana dɔvɔ̃ bubu adre nava mia dzi ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta.
「你們行事若與我反對,不肯聽從我,我就要按你們的罪加七倍降災與你們。
22 Maɖo lã wɔadãwo ɖa be woawu mia viwo, avuvu miaƒe aƒemelãwo, aɖe miaƒe xexlẽme dzi akpɔtɔ, ale be amewo avɔ le miaƒe mɔwo dzi.
我也要打發野地的走獸到你們中間,搶吃你們的兒女,吞滅你們的牲畜,使你們的人數減少,道路荒涼。
23 “Eye ne nu siawo gɔ̃ hã mana miatrɔ dzi me o, ke boŋ miagayi tsitretsitsi ɖe nye didiwo ŋu dzi la,
「你們因這些事若仍不改正歸我,行事與我反對,
24 ekema nye hã matsi tsitre ɖe miaƒe didiwo ŋu, eye nye ŋutɔ gɔ̃ hã mafia fu mi zi adre ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta.
我就要行事與你們反對,因你們的罪擊打你們七次。
25 Mabia hlɔ̃ mi le ale si miegbe nye nubabla dzi wɔwɔ ta, to aʋawɔwɔ hehe va mia dzi me. Miasi ayi miaƒe duwo me, eye maɖo dɔvɔ̃ ɖe mia dome le afi ma. Miaƒe futɔwo aɖu mia dzi.
我又要使刀劍臨到你們,報復你們背約的仇;聚集你們在各城內,降瘟疫在你們中間,也必將你們交在仇敵的手中。
26 Magblẽ miaƒe nuɖuɖu ƒe dzɔtsoƒe me, ale be abolokpo ɖeka pɛ ame abolo na ƒome ewo. Ne mieɖu nu sue si aka mia si vɔ la, dɔ agawu mi kokoko.
我要折斷你們的杖,就是斷絕你們的糧。那時,必有十個女人在一個爐子給你們烤餅,按分量秤給你們;你們要吃,也吃不飽。
27 “Ne miagagbe toɖoɖom kple nye sewo dzi wɔwɔ kokoko la,
「你們因這一切的事若不聽從我,卻行事與我反對,
28 ekema mana nye dɔmedzoe sesẽ la nabi ɖe mia ŋu, eye mana tohehe si dzi ŋɔ zi adre wu tsãtɔwo la nava mia dzi le miaƒe nu vɔ̃wo ta.
我就要發烈怒,行事與你們反對,又因你們的罪懲罰你們七次。
29 Miaɖu miawo ŋutɔ mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo,
並且你們要吃兒子的肉,也要吃女兒的肉。
30 makaka vɔsamlekpui siwo le towo dzi, afi si miedea ta agu na legbawo le. Magbã miaƒe dzudzɔdovɔsamlekpuiwo, miaƒe ame kukuwo aƒaƒã ɖe miaƒe legbawo dome, eye mianyɔ ŋu nam.
我又要毀壞你們的邱壇,砍下你們的日像,把你們的屍首扔在你們偶像的身上;我的心也必厭惡你們。
31 Mana miaƒe du gãwo nazu aƒedowo, magblẽ miaƒe mawusubɔƒewo, eye miaƒe dzudzɔdovɔsamlekpuiwo magadze ŋunye o.
我要使你們的城邑變為荒涼,使你們的眾聖所成為荒場;我也不聞你們馨香的香氣。
32 Ɛ̃, mana miaƒe anyigba nazu gbegbe, miaƒe futɔwo axɔ miaƒe anyigba, eye woƒe nu aku le nu si mewɔ mi la ta.
我要使地成為荒場,住在其上的仇敵就因此詫異。
33 “Makaka mi ɖe dukɔwo dome, eye ne mieyina la, mana aʋa nasi mi. Miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe du gãwo agbã.
我要把你們散在列邦中;我也要拔刀追趕你們。你們的地要成為荒場;你們的城邑要變為荒涼。
34 Ekema anyigba la akpɔ gbɔdzɔe le ɣeyiɣi siwo katã wònye gbegbe la me, esime miele miaƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, ekema anyigba la adzudzɔ, eye wòakpɔ eƒe gbɔdzɔe.
「你們在仇敵之地居住的時候,你們的地荒涼,要享受眾安息;正在那時候,地要歇息,享受安息。
35 Le ɣeyiɣi siwo katã me wònye gbegbe la, anyigba la akpɔ dzudzɔ si mekpɔ le dzudzɔgbe siwo mienɔ edzi la kpɔ o.
地多時為荒場,就要多時歇息;地這樣歇息,是你們住在其上的安息年所不能得的。
36 “Mana woaɖe aboyo ame siwo aganɔ agbe la ayi didiƒenyigbawo dzi abe aʋaléleawo kple kluviwo ene. Woanɔ afi ma kple dzodzo nyanyanya ɣe sia ɣi. Ne ya ƒo aŋugba la, eƒe gbeɖiɖi ana woasi abe ame aɖee le wo nyam kple yi ene. Woadze anyi le esime ame aɖeke mele wo nyam o.
至於你們剩下的人,我要使他們在仇敵之地心驚膽怯。葉子被風吹的響聲,要追趕他們;他們要逃避,像人逃避刀劍,無人追趕,卻要跌倒。
37 Ɛ̃, togbɔ be ame aɖeke mele wo nyam o hã la, woasi, anɔ wo nɔewo dzi dzem abe ame siwo le sisim le aʋagbedzi, eye womate ŋu anɔ te ɖe futɔwo nu o ene.
無人追趕,他們要彼此撞跌,像在刀劍之前。你們在仇敵面前也必站立不住。
38 Miatsrɔ̃ le dukɔwo dome, eye miaƒe futɔwo awu mi.
你們要在列邦中滅亡;仇敵之地要吞吃你們。
39 Ame siwo atsi agbe la atsi asi le futɔwo ƒe anyigba dzi le woƒe nu vɔ̃wo kple nu vɔ̃ siwo wo fofowo wɔ la ta.
你們剩下的人必因自己的罪孽和祖宗的罪孽在仇敵之地消滅。
40 “Ke ne woaʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo kple wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo me, woƒe tsitretsitsi ɖe ŋunye kple woƒe fulélem si
「他們要承認自己的罪和他們祖宗的罪,就是干犯我的那罪,並且承認自己行事與我反對,
41 na meɖo wo ɖe woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi me la, ekema ne woƒe dzi kuatriwo bɔbɔ wo ɖokui, eye woxe fe ɖe woƒe nu vɔ̃ ta la,
我所以行事與他們反對,把他們帶到仇敵之地。那時,他們未受割禮的心若謙卑了,他們也服了罪孽的刑罰,
42 magaɖo ŋku ŋugbe siwo medo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Maɖo ŋku anyigba la kple ale si amewo gblẽe ɖi la dzi,
我就要記念我與雅各所立的約,與以撒所立的約,與亞伯拉罕所立的約,並要記念這地。
43 elabena ele be anyigba la nagbɔ ɖe eme le esime amewo dzo le edzi. Ekema, mlɔeba la, woaxɔ woƒe tohehe le nye seawo dzi mawɔmawɔ kple woƒe vlododo nye dziɖuɖu ta.
他們離開這地,地在荒廢無人的時候就要享受安息。並且他們要服罪孽的刑罰;因為他們厭棄了我的典章,心中厭惡了我的律例。
44 Ke togbɔ be wowɔ nu siawo katã hã la, nyematsrɔ̃ wo kple nubabla si mewɔ kpli wo la ɖikaa o, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.
雖是這樣,他們在仇敵之地,我卻不厭棄他們,也不厭惡他們,將他們盡行滅絕,也不背棄我與他們所立的約,因為我是耶和華-他們的上帝。
45 Le woawo ta la, maɖo ŋku nye ŋugbedodowo na wo tɔgbuiwo dzi be manye woƒe Mawu, elabena nyee kplɔ wo tɔgbuiwo tso Egipte le esime dukɔwo katã ƒe nu ku esi wonɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Nyee nye Yehowa!”
我卻要為他們的緣故記念我與他們先祖所立的約。他們的先祖是我在列邦人眼前、從埃及地領出來的,為要作他們的上帝。我是耶和華。」
46 Esiawoe nye se kple ɖoɖo siwo Yehowa na Israelviwo to Mose dzi le Sinai to la dzi.
這些律例、典章,和法度是耶和華與以色列人在西奈山藉着摩西立的。