< Ʋɔnudrɔ̃lawo 18 >
1 Fia aɖeke menɔ Israel ɣe ma ɣi o. Dan ƒe to la nɔ teƒe aɖe dim be yewoanɔ elabena womenya amewo ɖa le anyigba si woma na wo la dzi haɖe o
那时,以色列中没有王。但支派的人仍是寻地居住;因为到那日子,他们还没有在以色列支派中得地为业。
2 eya ta Dan ƒe to la tia kalẽtɔ atɔ̃ tso Zora kple Estaol duwo me be woayi aɖatsa ŋku le anyigba si dzi wodi be yewoanɔ la dzi. Esi wova ɖo Efraim ƒe tonyigba dzi la, wodze Mika ƒe aƒe me.
但人从琐拉和以实陶打发本族中的五个勇士,去仔细窥探那地,吩咐他们说:“你们去窥探那地。”他们来到以法莲山地,进了米迦的住宅,就在那里住宿。
3 Wolé to ɖe Levitɔ la ƒe gbegbɔgblɔ ŋu eye woɖe kpɔe hebiae be, “Nɔvi, nu ka wɔm nèle le afi sia? Afi ka nètso?”
他们临近米迦的住宅,听出那少年利未人的口音来,就进去问他说:“谁领你到这里来?你在这里做什么?你在这里得什么?”
4 Egblɔ dɔ si wɔm wòle na Mika abe eƒe nunɔla ene la na wo.
他回答说:“米迦待我如此如此,请我作祭司。”
5 Wobia tso esi be, “Ekema bia Mawu be mɔ si dzi míele la adze edzi na mí mahã?”
他们对他说:“请你求问 神,使我们知道所行的道路通达不通达。”
6 Nunɔla la ɖo eŋu be, “Miyi le ŋutifafa me, Yehowa le mia ta kpɔm.”
祭司对他们说:“你们可以平平安安地去,你们所行的道路是在耶和华面前的。”
7 Ale ame atɔ̃awo yi Lais du la me eye wokpɔ ale si ameawo le dedie le afi mae, abe Sidontɔwo ene. Woɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, wometsi dzi be dukɔ aɖeke aho aʋa ɖe yewo ŋu o elabena dukɔ sesẽ aɖeke menɔ nuto me ma o. Woƒe nɔƒe didi tso wo nɔvi Sidontɔwo gbɔ eye womedea ha kple du siwo te ɖe wo ŋu la o.
五人就走了,来到拉亿,见那里的民安居无虑,如同西顿人安居一样。在那地没有人掌权扰乱他们;他们离西顿人也远,与别人没有来往。
8 Ale ŋkutsalawo trɔ yi wo nɔviwo gbɔ le Zora kple Estaol. Wobia wo be, “Aleke miedee eye nu kawo miekpɔ?”
五人回到琐拉和以实陶,见他们的弟兄;弟兄问他们说:“你们有什么话?”
9 Ŋkutsalawo ɖo eŋu be, “Mina míaho aʋa ɖe wo ŋu! Míekpɔ anyigba la: enyo ŋutɔ. Migawɔ kuvia le anyigba la xɔxɔ ŋu o.
他们回答说:“起来,我们上去攻击他们吧!我们已经窥探那地,见那地甚好。你们为何静坐不动呢?要急速前往得那地为业,不可迟延。
10 Ne mieyi la, miakpɔ be ameawo le ŋutifafa me, anyigba la nyo eye wòlolo. Naneke mahiã mí le anyigba la dzi o, Mawu tsɔ anyigba la de asi na mí xoxo!”
你们到了那里,必看见安居无虑的民,地也宽阔。 神已将那地交在你们手中;那地百物俱全,一无所缺。”
11 Ale ŋutsu alafa ade tso Dan ƒe to la me bla akpa eye wodze mɔ tso Zora kple Estaol.
于是但族中的六百人,各带兵器,从琐拉和以实陶前往,
12 Gbã la, woƒu asaɖa anyi ɖe teƒe aɖe si nɔ Kiriat Yearim ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo le Yudanyigba dzi. Woyɔa teƒe sia egbegbe be, “Maham” si gɔmee nye “Dan ƒe Asaɖa.”
上到犹大的基列·耶琳,在基列·耶琳后边安营。因此那地方名叫玛哈尼·但,直到今日。
13 Tso afi ma wolia to la yi Efraim to la ƒe anyigba dzi.
他们从那里往以法莲山地去,来到米迦的住宅。
14 Esi wova to Mika ƒe aƒe ŋu yina la, ŋkutsala atɔ̃awo gblɔ na wo nɔviwo be, “Kɔmewu, aƒeli, aklamakpakpɛ kple legbawo le aƒe sia me. Eme kɔ ƒãa be mienya nu si wòle be miawɔ!”
从前窥探拉亿地的五个人对他们的弟兄说:“这宅子里有以弗得和家中的神像,并雕刻的像与铸成的像,你们知道吗?现在你们要想一想当怎样行。”
15 Ale woge ɖe Levitɔ ɖekakpui la ƒe aƒe me le Mika ƒe teƒe hedo gbe nɛ.
五人就进入米迦的住宅,到了那少年利未人的房内问他好。
16 Ame alafa ade tso Dan ƒe to la me, ame siwo bla akpa na aʋawɔwɔ la tsi tsitre ɖe agbo la nu.
那六百但人各带兵器,站在门口。
17 Ŋkutsala atɔ̃awo ge ɖe xɔ la me eye wolɔ aklamakpakpɛawo, kɔmewu la, aƒeli la kple legba la esime nunɔla la nɔ agbo la nu kple asrafo alafa ade siwo kpla woƒe aʋawɔnuwo.
窥探地的五个人走进去,将雕刻的像、以弗得、家中的神像,并铸成的像,都拿了去。祭司和带兵器的六百人,一同站在门口。
18 Esi Levitɔ la kpɔ be wotsɔ nu siawo la, ebia wo be, “Nu ka wɔm miele?”
那五个人进入米迦的住宅,拿出雕刻的像、以弗得、家中的神像,并铸成的像,祭司就问他们说:“你们做什么呢?”
19 Wogblɔ nɛ be, “Zi ɖoɖoe, mègagblɔ nya aɖeke o. Dze mía yome eye nànye fofo kple nunɔla na mí katã. Ɖe menyo be nànye nunɔla na Israel ƒe to blibo ɖeka wu nànye nunɔla na ame ɖeka pɛ ko ƒe aƒe oa?”
他们回答说:“不要作声,用手捂口,跟我们去吧!我们必以你为父、为祭司。你作一家的祭司好呢?还是作以色列一族一支派的祭司好呢?”
20 Levitɔ la lɔ̃ be yeayi kpli wo, ale wòtsɔ kɔmewu la, aƒedomemawuwo kple aklamakpakpɛwo hedze wo yome.
祭司心里喜悦,便拿着以弗得和家中的神像,并雕刻的像,进入他们中间。
21 Wotsɔ woƒe viwo, woƒe lãhawo kple woƒe nunɔamesiwo ɖo ŋgɔ eye wotrɔ hedzo.
他们就转身离开那里,妻子、儿女、牲畜、财物都在前头。
22 Esi wogblẽ Mika ƒe aƒe ɖe megbe ʋɛe ko la, ŋutsu siwo nye Mika ƒe aƒelikawo la ƒo wo ɖokui nu ƒu eye wosi du va tu Dan ƒe viwo.
离米迦的住宅已远,米迦的近邻都聚集来,追赶但人,
23 Esi wole ɣli dom le wo yome la Dan ƒe viwo trɔ gblɔ na Mika be, “Nu kae le wɔwòm be nèyɔ wò amewo be woawɔ avu kpli mí?”
呼叫但人。但人回头问米迦说:“你聚集这许多人来做什么呢?”
24 Eɖo eŋu na wo be, “Mietsɔ mawu siwo mewɔ kple nye nunɔla dzoe. Nu kae gasusɔ ɖe asinye? Nu ka ŋutie miabiam be, ‘Nu kae le wɔwòm mahã?’”
米迦说:“你们将我所做的神像和祭司都带了去,我还有所剩的吗?怎么还问我说‘做什么’呢?”
25 Dan ƒe to la ɖo eŋu be, “Mègahe nya kpli mí o, ne menye nenema o la, ame siwo doa dziku kabakaba la dometɔ aɖewo adze mia dzi eye wò kple wò aƒe miabu miaƒe agbe.”
但人对米迦说:“你不要使我们听见你的声音,恐怕有性暴的人攻击你,以致你和你的全家尽都丧命。”
26 Ale Dan ƒe to la gaho ɖe edzi eye esi Mika kpɔ be ameawo sẽ wu ye akpa ta la, etrɔ dzo yi aƒe me.
但人还是走他们的路。米迦见他们的势力比自己强盛,就转身回家去了。
27 Dan to la tsɔ Mika ƒe legbawo eye wokplɔ eƒe nunɔla la va ɖo Lais. Lais dua me tɔwo nɔ anyi le ŋutifafa me eye womenya be naneke le dzɔdzɔm o. Wodze wo dzi kple yi eye wotɔ dzo woƒe dua.
但人将米迦所做的神像和他的祭司都带到拉亿,见安居无虑的民,就用刀杀了那民,又放火烧了那城,
28 Kpeɖeŋutɔ aɖeke menɔ anyi axɔ na wo o elabena woƒe teƒea didi tso Sidon gbɔ eye womedo ka kple ame bubu aɖekewo hã o. Du la nɔ balime si te ɖe Bet Rehob ŋu. Dan ƒe to la gbugbɔ du la tu nyuie eye wònɔ afi ma.
并无人搭救;因为离西顿远,他们又与别人没有来往。城在平原,那平原靠近伯·利合。但人又在那里修城居住,
29 Woyɔa du la tsã be Lais, ke Dan ƒe to la tsɔ wo fofo, Dan, Israel viŋutsu ƒe ŋkɔ nɛ.
照着他们始祖以色列之子但的名字,给那城起名叫但;原先那城名叫拉亿。
30 Wowɔ teƒe na legbawo eye wowɔ Gersom ƒe vi kple Mose ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si ŋkɔe nye Yonatan la kple via ŋutsuwo nunɔlawoe. Amewo tso ƒome sia me nye nunɔlawo va se ɖe esime woɖe aboyo anyigba la.
但人就为自己设立那雕刻的像。摩西的孙子、革舜的儿子约拿单,和他的子孙作但支派的祭司,直到那地遭掳掠的日子。
31 Ale Dan ƒe to la subɔ Mika ƒe legbawo ŋkeke ale si Mawu ƒe agbadɔ la nɔ Silo.
神的殿在示罗多少日子,但人为自己设立米迦所雕刻的像也在但多少日子。