< Ʋɔnudrɔ̃lawo 13 >

1 Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, ale Yehowa tsɔ wo de asi na Filistitɔwo ƒe blaene sɔŋ.
و بنی‌اسرائیل بار دیگر در نظر خداوندشرارت ورزیدند، و خداوند ایشان را به‌دست فلسطینیان چهل سال تسلیم کرد.۱
2 Ŋutsu aɖe nɔ Zora du la me, eŋkɔe nye Manoa, tso Dan ƒe to la me. Manoa srɔ̃ tsi ko, medzi vi kpɔ o.
و شخصی از صرعه از قبیله دان، مانوح نام بود، و زنش نازاد بوده، نمی زایید.۲
3 Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ nɛ be, “Wò la, ètsi ko eye mèdzi vi o gake èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi.
و فرشته خداوند به آن زن ظاهر شده، او را گفت: «اینک توحال نازاد هستی و نزاییده‌ای لیکن حامله شده، پسری خواهی زایید.۳
4 Azɔ la, kpɔ egbɔ be mèno wain alo aha muame aɖeke o, eye màɖu naneke si ŋuti mekɔ o
و الان باحذر باش و هیچ شراب و مسکری منوش و هیچ‌چیز نجس مخور.۴
5 elabena àfɔ fu eye àdzi ŋutsuvi. Talũhɛ maka eƒe ta ŋu o, elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ, ame si woɖe ɖe aga na Mawu tso dadaa ƒe dɔ me, eye eyae adze Israelviwo ɖeɖe tso Filistitɔwo ƒe asi me gɔme.”
زیرا یقین حامله شده، پسری خواهی زایید، واستره بر سرش نخواهد آمد، زیرا آن ولد از رحم مادر خود برای خدا نذیره خواهد بود، و او به رهانیدن اسرائیل از دست فلسطینیان شروع خواهد کرد.»۵
6 Tete nyɔnu la yi srɔ̃a gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Mawu ƒe ame aɖe va gbɔnye, edzi ŋɔ ŋutɔ eye wòdze abe Mawudɔla ene. Nyemebia afi si wòtso lae o, eye meyɔ eƒe ŋkɔ hã nam o.
پس آن زن آمده، شوهر خود را خطاب کرده، گفت: «مرد خدایی نزد من آمد، و منظر اومثل منظر فرشته خدا بسیار مهیب بود. و نپرسیدم که از کجاست و از اسم خود مرا خبر نداد.۶
7 Egblɔ nam be, ‘Èle fu fɔ ge, àdzi ŋutsuvi, eya ta azɔ la, mègano wain alo aha muame bubu aɖeke o eye mègaɖu nu makɔmakɔ aɖeke o elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ na Mawu tso eƒe dzigbe va se ɖe eƒe kugbe.’”
و به من گفت اینک حامله شده، پسری خواهی زایید، و الان هیچ شراب و مسکری منوش، و هیچ‌چیزنجس مخور زیرا که آن ولد از رحم مادر تا روزوفاتش برای خدا نذیره خواهد بود.»۷
8 Tete Manoa do gbe ɖa na Yehowa be, “Oo, Aƒetɔ, míeɖe kuku, na ame si tso Mawu gbɔ la, nagava mía gbɔ eye wòafia nu mí tso ale si míahe ɖevi si dzi ge míala la ŋu.”
و مانوح از خداوند استدعا نموده، گفت: «آه‌ای خداوند تمنا اینکه آن مرد خدا که فرستادی بار دیگر نزد ما بیاید و ما را تعلیم دهد که با ولدی که مولود خواهد شد، چگونه رفتار نماییم.»۸
9 Mawu se Manoa ƒe gbedodoɖa eye Mawudɔla la gaɖe eɖokui fia srɔ̃a esime wònɔ agble me. Eya ɖeka koe nɔ afi ma: Manoa menɔ afi ma o
و خدا آواز مانوح را شنید و فرشته خدا باردیگر نزد آن زن آمد و او در صحرا نشسته بود، اماشوهرش مانوح نزد وی نبود.۹
10 eya ta nyɔnu la ƒu du sesĩe ɖagblɔ na srɔ̃a be, “Eyae nye ekem! Ŋutsu si va gbɔnye nyitsɔ la, eya kee gava.”
و آن زن به زودی دویده، شوهر خود را خبر داده، به وی گفت: «اینک آن مرد که در آن روز نزد من آمد، باردیگر ظاهر شده است.»۱۰
11 Manoa ƒu du kple srɔ̃a yi ŋutsu la gbɔ eye Manoa biae be, “Wòe nye ŋutsu si ƒo nu kple srɔ̃nye nyitsɔa?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.”
و مانوح برخاسته، در عقب زن خود روانه شد، و نزد آن شخص آمده، وی را گفت: «آیا توآن مرد هستی که با این زن سخن گفتی؟» او گفت: «من هستم.»۱۱
12 Ale Manoa biae be, “Ne wò nyawo va eme la, ɖoɖo kawoe anɔ ɖevia ƒe agbenɔnɔ kple eƒe dɔwɔna ŋu?”
مانوح گفت: «کلام تو واقع بشوداما حکم آن ولد و معامله با وی چه خواهد بود؟»۱۲
13 Yehowa ƒe dɔla ɖo eŋu nɛ be, “Ele be srɔ̃wò nawɔ nu sia nu si megblɔ nɛ.
و فرشته خداوند به مانوح گفت: «از هر‌آنچه به زن گفتم اجتناب نماید.۱۳
14 Mele be wòaɖu waintsetse alo ano wain alo aha muame o eye mele be wòaɖu nu makɔmakɔ aɖeke hã o. Ele be wòawɔ nu sia nu si ƒe se mede nɛ.”
از هر حاصل مو زنهارنخورد و هیچ شراب و مسکری ننوشد، و هیچ‌چیز نجس نخورد و هر‌آنچه به او امر فرمودم، نگاهدارد.»۱۴
15 Manoa gblɔ na Yehowa ƒe dɔla la be, “Míadi be nànɔ mía gbɔ va se ɖe esime míalé gbɔ̃vi aɖe aɖa nui na wò.”
و مانوح به فرشته خداوند گفت: «تو راتعویق بیندازیم و برایت گوساله‌ای تهیه بینیم.»۱۵
16 Yehowa ƒe dɔla la ɖo eŋu be, “Togbɔ be mielém ɖi hã la, nyemaɖu miaƒe nuɖaɖa ƒe ɖeke o gake ne miedzra numevɔsa aɖe ɖo la, mitsɔe na Yehowa.” Manoa menya be Yehowa ƒe dɔlae wònye o.
فرشته خداوند به مانوح گفت: «اگر‌چه مراتعویق اندازی، از نان تو نخواهم خورد، و اگرقربانی سوختنی بگذرانی آن را برای یهوه بگذران.» زیرا مانوح نمی دانست که فرشته خداوند است.۱۶
17 Manoa bia Yehowa ƒe dɔla la be “Wò ŋkɔ ɖe? Ale be ne wò nya la va eme la, ne míade bubu ŋuwò.”
و مانوح به فرشته خداوند گفت: «نام تو چیست تا چون کلام تو واقع شود، تو رااکرام نماییم.»۱۷
18 Eɖo eŋu be, “Nu ka ŋuti nèle nye ŋkɔ biam ɖo? Nye ŋkɔ ƒo gɔmesese ta.”
فرشته خداوند وی را گفت: «چرا درباره اسم من سوال می‌کنی چونکه آن عجیب است.»۱۸
19 Manoa lé gbɔ̃vi aɖe kpe ɖe nuɖuvɔsa ŋu eye wòsa vɔ na Yehowa le agakpe aɖe dzi. Tete Yehowa wɔ nukunu aɖe le Manoa kple srɔ̃a ŋkume.
پس مانوح گوساله و هدیه آردی را گرفته، بر آن سنگ برای خداوند گذرانید، و فرشته کاری عجیب کرد و مانوح و زنش می‌دیدند.۱۹
20 Esi dzo ƒe aɖewo tso vɔsamlekpui la dzi ɖo ta dziŋgɔli me la, Yehowa ƒe dɔla la to dzo la me yi dziƒo. Esi Manoa kple srɔ̃a kpɔ esia la, wotsyɔ mo anyi.
زیراواقع شد که چون شعله آتش از مذبح به سوی آسمان بالا می‌رفت، فرشته خداوند در شعله مذبح صعود نمود، و مانوح و زنش چون دیدند، رو به زمین افتادند.۲۰
21 Esi Yehowa ƒe dɔla la megaɖe eɖokui fia Manoa kple srɔ̃a o la, Manoa kpɔe dze sii be Yehowa ƒe dɔlae.
و فرشته خداوند بر مانوح وزنش دیگر ظاهر نشد، پس مانوح دانست که فرشته خداوند بود.۲۱
22 Manoa do ɣli gblɔ na srɔ̃a be, “Aléle, míedze na ku elabena míekpɔ Mawu.”
و مانوح به زنش گفت: «البته خواهیم مرد، زیرا خدا را دیدیم.»۲۲
23 Ke srɔ̃a gblɔ nɛ be, “Nenye ɖe Yehowa le mía wu ge la, anye ne maxɔ míaƒe numevɔsa kple nuɖuvɔsa o eye maɖe eɖokui afia mí, agblɔ nya wɔnuku sia na mí eye wòawɔ nukunu siawo o.”
امازنش گفت: «اگر خداوند می‌خواست ما را بکشدقربانی سوختنی و هدیه آردی را از دست ما قبول نمی کرد، و همه این چیزها را به ما نشان نمی داد، ودر این وقت مثل این امور را به سمع ما نمی رسانید.»۲۳
24 Esi wodzi ɖevia la, wona ŋkɔe be Samson. Mawu yrae eye wòtsi.
و آن زن پسری زاییده، او را شمشون نام نهاد، و پسر نمو کرد و خداوند او را برکت داد.۲۴
25 Yehowa ƒe Gbɔgbɔ de asi edzidzedze me le Dan ƒe asaɖa me le Zora kple Estaol duawo dome.
و روح خداوند در لشکرگاه دان در میان صرعه و اشتاول به برانگیختن او شروع نمود.۲۵

< Ʋɔnudrɔ̃lawo 13 >