< Yosua 16 >
1 Yosef ƒe vi siawo, ame siwo nye Efraim kple Manase ƒe viwo la, ƒe anyigba dze egɔme tso Yɔdan tɔsisi la ŋu le Yeriko, to gbegbe la va yi tonyigba la dzi le Betel,
And the lot of the sons of Joseph fell from the Jordan over against Jericho and the waters thereof, on the east: the wilderness which goeth up from Jericho to the mountain of Bethel:
2 to afi ma yi Luz kple Atarɔt
And goeth out from Bethel to Luza: and passeth the border of Archi, to Ataroth,
3 le Arkitɔwo ƒe anyigba dzi, ɖo ta ɣetoɖoƒe, yi Yafletitɔwo ƒe liƒo dzi, yi keke Bet Horon le gbadzaƒe, to Gezer heyi ɖatɔ Domeƒu la.
And goeth down westward, by the border of Jephleti, unto the borders of Beth-horon the nether, and to Gazer: and the countries of it are ended by the great sea:
4 Esiae nye anyigba si Yosef ƒe viwo, Manase kple Efraim woxɔ.
And Manasses and Ephraim the children of Joseph possessed it.
5 Esiae nye Efraim ƒe viwo ƒe anyigba le woƒe ƒome nu. Efraim ƒe viwo ƒe anyigba ƒe liƒo tso Atarot Ada ɖo ta ɣedzeƒe heyi Bet Horon le toawo dzi,
And the border of the children of Ephraim was according to their kindreds: and their possession towards the east was Ataroth-addar unto Beth-horon the upper.
6 eye wòtso afi ma yi Domeƒu la ŋu. Mixmetat nɔ eƒe anyiehe lɔƒo. Liƒo la bi ɖo ta ɣedzeƒe; edze le Taanat Silo ŋu le Yanoa ƒe ɣedzeƒe
And the confines go out unto the sea: but Machmethath looketh to the north, and it goeth round the borders eastward into Thanath-selo: and passeth along on the east side to Janoe.
7 hetrɔ yi anyigbeme, yi Atarɔt kple Naara, ɖatɔ Yeriko, eye wòwu nu ɖe Yɔdan tɔsisi la nu.
And it goeth down from Janoe into Ataroth and Naaratha: and it cometh to Jericho, and goeth out to the Jordan.
8 Eƒe ɣedzeƒeliƒo ƒe afã le dzigbeme gome tso Tapua, to Kana tɔʋu la ŋu yi ɖatɔ Domeƒu la. Esia nye Efraimviwo ƒe to la ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu.
From Taphua it passeth on towards the sea into the valley of reeds, and the goings out thereof are at the most salt sea. This is the possession of the tribe of the children of Ephraim by their families.
9 Wotsɔ du aɖewo tso Manase to la ƒe afã ƒe anyigba dzi hã na Efraim ƒe viwo.
And there were cities with their villages separated for the children of Ephraim in the midst of the possession of the children of Manasses.
10 Womenya Kanaantɔ siwo nɔ Gezer la ɖa le anyigba la dzi o, ale wogale Efraim ƒe viwo dome abe kluviwo ene.
And the children of Ephraim slew not the Chanaanite, who dwelt in Gazer: and the Chanaanite dwelt in the midst of Ephraim until this day, paying tribute.